Numbers 11 (BOECS)

1 Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me. 2 Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi. 3 Tso ɣe ma ɣi dzi la, wona ŋkɔ teƒe la be “Dzobiteƒe,” elabena dzo tso Yehowa gbɔ bi le ameawo dome le afi ma. 4 Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko! 5 Míeɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖu le Egipte femaxee kple dzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple ayo dzi. 6 Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!” 7 Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene. 8 Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene. 9 Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me. 10 Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o. 11 Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye? 12 Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? 13 Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’ 14 Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! 15 Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!” 16 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò. 17 Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o. 18 “Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi. 19 Miaɖui ŋkeke ɖeka, alo ŋkeke eve, atɔ̃, ewo alo blaeve ko o, 20 ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ” 21 Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka! 22 Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!” 23 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!” 24 Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la. 25 Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe. 26 Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma. 27 Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose. 28 Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!” 29 Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!” 30 Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me. 31 Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli. 32 Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo. 33 Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo. 34 Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo. 35 Tso Kibrot Hatava la, ameha la zɔ mɔ yi Hazerot, eye wonɔ afi ma.

In Other Versions

Numbers 11 in the ANGEFD

Numbers 11 in the ANTPNG2D

Numbers 11 in the AS21

Numbers 11 in the BAGH

Numbers 11 in the BBPNG

Numbers 11 in the BBT1E

Numbers 11 in the BDS

Numbers 11 in the BEV

Numbers 11 in the BHAD

Numbers 11 in the BIB

Numbers 11 in the BLPT

Numbers 11 in the BNT

Numbers 11 in the BNTABOOT

Numbers 11 in the BNTLV

Numbers 11 in the BOATCB

Numbers 11 in the BOATCB2

Numbers 11 in the BOBCV

Numbers 11 in the BOCNT

Numbers 11 in the BOGWICC

Numbers 11 in the BOHCB

Numbers 11 in the BOHCV

Numbers 11 in the BOHLNT

Numbers 11 in the BOHNTLTAL

Numbers 11 in the BOICB

Numbers 11 in the BOILNTAP

Numbers 11 in the BOITCV

Numbers 11 in the BOKCV

Numbers 11 in the BOKCV2

Numbers 11 in the BOKHWOG

Numbers 11 in the BOKSSV

Numbers 11 in the BOLCB

Numbers 11 in the BOLCB2

Numbers 11 in the BOMCV

Numbers 11 in the BONAV

Numbers 11 in the BONCB

Numbers 11 in the BONLT

Numbers 11 in the BONUT2

Numbers 11 in the BOPLNT

Numbers 11 in the BOSCB

Numbers 11 in the BOSNC

Numbers 11 in the BOTLNT

Numbers 11 in the BOVCB

Numbers 11 in the BOYCB

Numbers 11 in the BPBB

Numbers 11 in the BPH

Numbers 11 in the BSB

Numbers 11 in the CCB

Numbers 11 in the CUV

Numbers 11 in the CUVS

Numbers 11 in the DBT

Numbers 11 in the DGDNT

Numbers 11 in the DHNT

Numbers 11 in the DNT

Numbers 11 in the ELBE

Numbers 11 in the EMTV

Numbers 11 in the ESV

Numbers 11 in the FBV

Numbers 11 in the FEB

Numbers 11 in the GGMNT

Numbers 11 in the GNT

Numbers 11 in the HARY

Numbers 11 in the HNT

Numbers 11 in the IRVA

Numbers 11 in the IRVB

Numbers 11 in the IRVG

Numbers 11 in the IRVH

Numbers 11 in the IRVK

Numbers 11 in the IRVM

Numbers 11 in the IRVM2

Numbers 11 in the IRVO

Numbers 11 in the IRVP

Numbers 11 in the IRVT

Numbers 11 in the IRVT2

Numbers 11 in the IRVU

Numbers 11 in the ISVN

Numbers 11 in the JSNT

Numbers 11 in the KAPI

Numbers 11 in the KBT1ETNIK

Numbers 11 in the KBV

Numbers 11 in the KJV

Numbers 11 in the KNFD

Numbers 11 in the LBA

Numbers 11 in the LBLA

Numbers 11 in the LNT

Numbers 11 in the LSV

Numbers 11 in the MAAL

Numbers 11 in the MBV

Numbers 11 in the MBV2

Numbers 11 in the MHNT

Numbers 11 in the MKNFD

Numbers 11 in the MNG

Numbers 11 in the MNT

Numbers 11 in the MNT2

Numbers 11 in the MRS1T

Numbers 11 in the NAA

Numbers 11 in the NASB

Numbers 11 in the NBLA

Numbers 11 in the NBS

Numbers 11 in the NBVTP

Numbers 11 in the NET2

Numbers 11 in the NIV11

Numbers 11 in the NNT

Numbers 11 in the NNT2

Numbers 11 in the NNT3

Numbers 11 in the PDDPT

Numbers 11 in the PFNT

Numbers 11 in the RMNT

Numbers 11 in the SBIAS

Numbers 11 in the SBIBS

Numbers 11 in the SBIBS2

Numbers 11 in the SBICS

Numbers 11 in the SBIDS

Numbers 11 in the SBIGS

Numbers 11 in the SBIHS

Numbers 11 in the SBIIS

Numbers 11 in the SBIIS2

Numbers 11 in the SBIIS3

Numbers 11 in the SBIKS

Numbers 11 in the SBIKS2

Numbers 11 in the SBIMS

Numbers 11 in the SBIOS

Numbers 11 in the SBIPS

Numbers 11 in the SBISS

Numbers 11 in the SBITS

Numbers 11 in the SBITS2

Numbers 11 in the SBITS3

Numbers 11 in the SBITS4

Numbers 11 in the SBIUS

Numbers 11 in the SBIVS

Numbers 11 in the SBT

Numbers 11 in the SBT1E

Numbers 11 in the SCHL

Numbers 11 in the SNT

Numbers 11 in the SUSU

Numbers 11 in the SUSU2

Numbers 11 in the SYNO

Numbers 11 in the TBIAOTANT

Numbers 11 in the TBT1E

Numbers 11 in the TBT1E2

Numbers 11 in the TFTIP

Numbers 11 in the TFTU

Numbers 11 in the TGNTATF3T

Numbers 11 in the THAI

Numbers 11 in the TNFD

Numbers 11 in the TNT

Numbers 11 in the TNTIK

Numbers 11 in the TNTIL

Numbers 11 in the TNTIN

Numbers 11 in the TNTIP

Numbers 11 in the TNTIZ

Numbers 11 in the TOMA

Numbers 11 in the TTENT

Numbers 11 in the UBG

Numbers 11 in the UGV

Numbers 11 in the UGV2

Numbers 11 in the UGV3

Numbers 11 in the VBL

Numbers 11 in the VDCC

Numbers 11 in the YALU

Numbers 11 in the YAPE

Numbers 11 in the YBVTP

Numbers 11 in the ZBP