Numbers 22 (BOECS)

1 Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa. 2 Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo, 3 eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu. 4 Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.”Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la, 5 ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be,“Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye. 6 Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.” 7 Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie. 8 Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ. 9 Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?” 10 Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ. 11 Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.” 12 Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!” 13 Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.” 14 Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o. 15 Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo. 16 Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be,“Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o, 17 elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’ ” 18 Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o. 19 Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.” 20 Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.” 21 Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome. 22 Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu. 23 Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi. 24 Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le. 25 Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe. 26 Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o. 27 Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ. 28 Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?” 29 Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.” 30 Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?”Balaam ɖo eŋu be, “Ao.” 31 Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume. 32 Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. 33 Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.” 34 Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.” 35 Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo. 36 Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi. 37 Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?” 38 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.” 39 Balaam kple Balak dze fia la yome yi Kiriat Huzot. 40 Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo. 41 Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le.

In Other Versions

Numbers 22 in the ANGEFD

Numbers 22 in the ANTPNG2D

Numbers 22 in the AS21

Numbers 22 in the BAGH

Numbers 22 in the BBPNG

Numbers 22 in the BBT1E

Numbers 22 in the BDS

Numbers 22 in the BEV

Numbers 22 in the BHAD

Numbers 22 in the BIB

Numbers 22 in the BLPT

Numbers 22 in the BNT

Numbers 22 in the BNTABOOT

Numbers 22 in the BNTLV

Numbers 22 in the BOATCB

Numbers 22 in the BOATCB2

Numbers 22 in the BOBCV

Numbers 22 in the BOCNT

Numbers 22 in the BOGWICC

Numbers 22 in the BOHCB

Numbers 22 in the BOHCV

Numbers 22 in the BOHLNT

Numbers 22 in the BOHNTLTAL

Numbers 22 in the BOICB

Numbers 22 in the BOILNTAP

Numbers 22 in the BOITCV

Numbers 22 in the BOKCV

Numbers 22 in the BOKCV2

Numbers 22 in the BOKHWOG

Numbers 22 in the BOKSSV

Numbers 22 in the BOLCB

Numbers 22 in the BOLCB2

Numbers 22 in the BOMCV

Numbers 22 in the BONAV

Numbers 22 in the BONCB

Numbers 22 in the BONLT

Numbers 22 in the BONUT2

Numbers 22 in the BOPLNT

Numbers 22 in the BOSCB

Numbers 22 in the BOSNC

Numbers 22 in the BOTLNT

Numbers 22 in the BOVCB

Numbers 22 in the BOYCB

Numbers 22 in the BPBB

Numbers 22 in the BPH

Numbers 22 in the BSB

Numbers 22 in the CCB

Numbers 22 in the CUV

Numbers 22 in the CUVS

Numbers 22 in the DBT

Numbers 22 in the DGDNT

Numbers 22 in the DHNT

Numbers 22 in the DNT

Numbers 22 in the ELBE

Numbers 22 in the EMTV

Numbers 22 in the ESV

Numbers 22 in the FBV

Numbers 22 in the FEB

Numbers 22 in the GGMNT

Numbers 22 in the GNT

Numbers 22 in the HARY

Numbers 22 in the HNT

Numbers 22 in the IRVA

Numbers 22 in the IRVB

Numbers 22 in the IRVG

Numbers 22 in the IRVH

Numbers 22 in the IRVK

Numbers 22 in the IRVM

Numbers 22 in the IRVM2

Numbers 22 in the IRVO

Numbers 22 in the IRVP

Numbers 22 in the IRVT

Numbers 22 in the IRVT2

Numbers 22 in the IRVU

Numbers 22 in the ISVN

Numbers 22 in the JSNT

Numbers 22 in the KAPI

Numbers 22 in the KBT1ETNIK

Numbers 22 in the KBV

Numbers 22 in the KJV

Numbers 22 in the KNFD

Numbers 22 in the LBA

Numbers 22 in the LBLA

Numbers 22 in the LNT

Numbers 22 in the LSV

Numbers 22 in the MAAL

Numbers 22 in the MBV

Numbers 22 in the MBV2

Numbers 22 in the MHNT

Numbers 22 in the MKNFD

Numbers 22 in the MNG

Numbers 22 in the MNT

Numbers 22 in the MNT2

Numbers 22 in the MRS1T

Numbers 22 in the NAA

Numbers 22 in the NASB

Numbers 22 in the NBLA

Numbers 22 in the NBS

Numbers 22 in the NBVTP

Numbers 22 in the NET2

Numbers 22 in the NIV11

Numbers 22 in the NNT

Numbers 22 in the NNT2

Numbers 22 in the NNT3

Numbers 22 in the PDDPT

Numbers 22 in the PFNT

Numbers 22 in the RMNT

Numbers 22 in the SBIAS

Numbers 22 in the SBIBS

Numbers 22 in the SBIBS2

Numbers 22 in the SBICS

Numbers 22 in the SBIDS

Numbers 22 in the SBIGS

Numbers 22 in the SBIHS

Numbers 22 in the SBIIS

Numbers 22 in the SBIIS2

Numbers 22 in the SBIIS3

Numbers 22 in the SBIKS

Numbers 22 in the SBIKS2

Numbers 22 in the SBIMS

Numbers 22 in the SBIOS

Numbers 22 in the SBIPS

Numbers 22 in the SBISS

Numbers 22 in the SBITS

Numbers 22 in the SBITS2

Numbers 22 in the SBITS3

Numbers 22 in the SBITS4

Numbers 22 in the SBIUS

Numbers 22 in the SBIVS

Numbers 22 in the SBT

Numbers 22 in the SBT1E

Numbers 22 in the SCHL

Numbers 22 in the SNT

Numbers 22 in the SUSU

Numbers 22 in the SUSU2

Numbers 22 in the SYNO

Numbers 22 in the TBIAOTANT

Numbers 22 in the TBT1E

Numbers 22 in the TBT1E2

Numbers 22 in the TFTIP

Numbers 22 in the TFTU

Numbers 22 in the TGNTATF3T

Numbers 22 in the THAI

Numbers 22 in the TNFD

Numbers 22 in the TNT

Numbers 22 in the TNTIK

Numbers 22 in the TNTIL

Numbers 22 in the TNTIN

Numbers 22 in the TNTIP

Numbers 22 in the TNTIZ

Numbers 22 in the TOMA

Numbers 22 in the TTENT

Numbers 22 in the UBG

Numbers 22 in the UGV

Numbers 22 in the UGV2

Numbers 22 in the UGV3

Numbers 22 in the VBL

Numbers 22 in the VDCC

Numbers 22 in the YALU

Numbers 22 in the YAPE

Numbers 22 in the YBVTP

Numbers 22 in the ZBP