Numbers 31 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.” 3 Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa. 4 Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.” 5 Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me. 6 Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim. 7 Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me. 8 Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã. 9 Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo. 10 Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã, 11 woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã. 12 Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa. 13 Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la, 14 ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu. 15 Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe? 16 Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ. 17 Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa! 18 Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ. 19 “Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe. 20 Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.” 21 Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose 22 ‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la, 23 woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’ 24 Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.” 25 Yehowa gblɔ na Mose be, 26 “Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa. 27 Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome. 28 Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o. 29 Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene. 30 Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.” 31 Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. 32 Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675,000), 33 nyi akpe blaadre-vɔ-eve (72,000), 34 tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple 35 nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000). 36 Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃ (337,500), 37 wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675) na Yehowa; 38 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa, 39 tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ (30,500), wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa; 40 nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo. 41 Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 42 Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo. 43 Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃ (337,500), 44 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), 45 tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ (30,500) kple 46 nyɔnuvi akpe wuiade (16,000). 47 Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me. 48 Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ, 49 eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o. 50 Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.” 51 Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si. 52 Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190). 53 Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo. 54 Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene.

In Other Versions

Numbers 31 in the ANGEFD

Numbers 31 in the ANTPNG2D

Numbers 31 in the AS21

Numbers 31 in the BAGH

Numbers 31 in the BBPNG

Numbers 31 in the BBT1E

Numbers 31 in the BDS

Numbers 31 in the BEV

Numbers 31 in the BHAD

Numbers 31 in the BIB

Numbers 31 in the BLPT

Numbers 31 in the BNT

Numbers 31 in the BNTABOOT

Numbers 31 in the BNTLV

Numbers 31 in the BOATCB

Numbers 31 in the BOATCB2

Numbers 31 in the BOBCV

Numbers 31 in the BOCNT

Numbers 31 in the BOGWICC

Numbers 31 in the BOHCB

Numbers 31 in the BOHCV

Numbers 31 in the BOHLNT

Numbers 31 in the BOHNTLTAL

Numbers 31 in the BOICB

Numbers 31 in the BOILNTAP

Numbers 31 in the BOITCV

Numbers 31 in the BOKCV

Numbers 31 in the BOKCV2

Numbers 31 in the BOKHWOG

Numbers 31 in the BOKSSV

Numbers 31 in the BOLCB

Numbers 31 in the BOLCB2

Numbers 31 in the BOMCV

Numbers 31 in the BONAV

Numbers 31 in the BONCB

Numbers 31 in the BONLT

Numbers 31 in the BONUT2

Numbers 31 in the BOPLNT

Numbers 31 in the BOSCB

Numbers 31 in the BOSNC

Numbers 31 in the BOTLNT

Numbers 31 in the BOVCB

Numbers 31 in the BOYCB

Numbers 31 in the BPBB

Numbers 31 in the BPH

Numbers 31 in the BSB

Numbers 31 in the CCB

Numbers 31 in the CUV

Numbers 31 in the CUVS

Numbers 31 in the DBT

Numbers 31 in the DGDNT

Numbers 31 in the DHNT

Numbers 31 in the DNT

Numbers 31 in the ELBE

Numbers 31 in the EMTV

Numbers 31 in the ESV

Numbers 31 in the FBV

Numbers 31 in the FEB

Numbers 31 in the GGMNT

Numbers 31 in the GNT

Numbers 31 in the HARY

Numbers 31 in the HNT

Numbers 31 in the IRVA

Numbers 31 in the IRVB

Numbers 31 in the IRVG

Numbers 31 in the IRVH

Numbers 31 in the IRVK

Numbers 31 in the IRVM

Numbers 31 in the IRVM2

Numbers 31 in the IRVO

Numbers 31 in the IRVP

Numbers 31 in the IRVT

Numbers 31 in the IRVT2

Numbers 31 in the IRVU

Numbers 31 in the ISVN

Numbers 31 in the JSNT

Numbers 31 in the KAPI

Numbers 31 in the KBT1ETNIK

Numbers 31 in the KBV

Numbers 31 in the KJV

Numbers 31 in the KNFD

Numbers 31 in the LBA

Numbers 31 in the LBLA

Numbers 31 in the LNT

Numbers 31 in the LSV

Numbers 31 in the MAAL

Numbers 31 in the MBV

Numbers 31 in the MBV2

Numbers 31 in the MHNT

Numbers 31 in the MKNFD

Numbers 31 in the MNG

Numbers 31 in the MNT

Numbers 31 in the MNT2

Numbers 31 in the MRS1T

Numbers 31 in the NAA

Numbers 31 in the NASB

Numbers 31 in the NBLA

Numbers 31 in the NBS

Numbers 31 in the NBVTP

Numbers 31 in the NET2

Numbers 31 in the NIV11

Numbers 31 in the NNT

Numbers 31 in the NNT2

Numbers 31 in the NNT3

Numbers 31 in the PDDPT

Numbers 31 in the PFNT

Numbers 31 in the RMNT

Numbers 31 in the SBIAS

Numbers 31 in the SBIBS

Numbers 31 in the SBIBS2

Numbers 31 in the SBICS

Numbers 31 in the SBIDS

Numbers 31 in the SBIGS

Numbers 31 in the SBIHS

Numbers 31 in the SBIIS

Numbers 31 in the SBIIS2

Numbers 31 in the SBIIS3

Numbers 31 in the SBIKS

Numbers 31 in the SBIKS2

Numbers 31 in the SBIMS

Numbers 31 in the SBIOS

Numbers 31 in the SBIPS

Numbers 31 in the SBISS

Numbers 31 in the SBITS

Numbers 31 in the SBITS2

Numbers 31 in the SBITS3

Numbers 31 in the SBITS4

Numbers 31 in the SBIUS

Numbers 31 in the SBIVS

Numbers 31 in the SBT

Numbers 31 in the SBT1E

Numbers 31 in the SCHL

Numbers 31 in the SNT

Numbers 31 in the SUSU

Numbers 31 in the SUSU2

Numbers 31 in the SYNO

Numbers 31 in the TBIAOTANT

Numbers 31 in the TBT1E

Numbers 31 in the TBT1E2

Numbers 31 in the TFTIP

Numbers 31 in the TFTU

Numbers 31 in the TGNTATF3T

Numbers 31 in the THAI

Numbers 31 in the TNFD

Numbers 31 in the TNT

Numbers 31 in the TNTIK

Numbers 31 in the TNTIL

Numbers 31 in the TNTIN

Numbers 31 in the TNTIP

Numbers 31 in the TNTIZ

Numbers 31 in the TOMA

Numbers 31 in the TTENT

Numbers 31 in the UBG

Numbers 31 in the UGV

Numbers 31 in the UGV2

Numbers 31 in the UGV3

Numbers 31 in the VBL

Numbers 31 in the VDCC

Numbers 31 in the YALU

Numbers 31 in the YAPE

Numbers 31 in the YBVTP

Numbers 31 in the ZBP