Psalms 102 (BOECS)
undefined Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume. 1 O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò. 2 Mègaɣla wò ŋkume ɖem,ne mele xaxa me o.Trɔ wò to ɖe gbɔnye,eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba. 3 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene,eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene. 4 Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene.Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be. 5 Le nye ŋeŋe sesĩe ta la,meɖi ku zu ƒu ɖeɖe. 6 Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene,alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene. 7 Mele ŋu le aba dzi,eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene. 8 Nye futɔwo le alɔme ɖemle ŋunye ŋkeke blibo la,eye ame siwo tso ɖe ŋunyela tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui. 9 Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene,eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe, 10 le wò dziku helĩhelĩ la taelabena èdom ɖe dzi,eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge. 11 Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene,eye meyrɔ abe gbe ene. 12 O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe,eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime. 13 Ke wò la àtso,akpɔ nublanui na Zion,elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃,ɣeyiɣi ɖoɖi la de. 14 Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ,eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãanublanuikpɔkpɔ le wo me. 15 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu. 16 Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso,eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me. 17 Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu,eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o. 18 Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ,ale be ame siwo womedzi haɖe ola nakafu Yehowa be: 19 “Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la,eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo, 20 be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe,eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.” 21 Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zionkple eƒe kafukafu le Yerusalem, 22 ne dukɔwo kple fiaɖuƒewoƒo ƒu be woasubɔ Yehowa. 23 Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi,eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ, 24 eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu,mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o,wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime. 25 Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi,eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ. 26 Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa;woanyunyɔ abe avɔ ene,eye àɖɔli wo abe avɔ eneahatsɔ wo aƒu gbe. 27 Ke wò la, ègale ale si nènɔ,eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o. 28 Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me,eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”
In Other Versions
Psalms 102 in the ANGEFD
Psalms 102 in the ANTPNG2D
Psalms 102 in the AS21
Psalms 102 in the BAGH
Psalms 102 in the BBPNG
Psalms 102 in the BBT1E
Psalms 102 in the BDS
Psalms 102 in the BEV
Psalms 102 in the BHAD
Psalms 102 in the BIB
Psalms 102 in the BLPT
Psalms 102 in the BNT
Psalms 102 in the BNTABOOT
Psalms 102 in the BNTLV
Psalms 102 in the BOATCB
Psalms 102 in the BOATCB2
Psalms 102 in the BOBCV
Psalms 102 in the BOCNT
Psalms 102 in the BOGWICC
Psalms 102 in the BOHCB
Psalms 102 in the BOHCV
Psalms 102 in the BOHLNT
Psalms 102 in the BOHNTLTAL
Psalms 102 in the BOICB
Psalms 102 in the BOILNTAP
Psalms 102 in the BOITCV
Psalms 102 in the BOKCV
Psalms 102 in the BOKCV2
Psalms 102 in the BOKHWOG
Psalms 102 in the BOKSSV
Psalms 102 in the BOLCB
Psalms 102 in the BOLCB2
Psalms 102 in the BOMCV
Psalms 102 in the BONAV
Psalms 102 in the BONCB
Psalms 102 in the BONLT
Psalms 102 in the BONUT2
Psalms 102 in the BOPLNT
Psalms 102 in the BOSCB
Psalms 102 in the BOSNC
Psalms 102 in the BOTLNT
Psalms 102 in the BOVCB
Psalms 102 in the BOYCB
Psalms 102 in the BPBB
Psalms 102 in the BPH
Psalms 102 in the BSB
Psalms 102 in the CCB
Psalms 102 in the CUV
Psalms 102 in the CUVS
Psalms 102 in the DBT
Psalms 102 in the DGDNT
Psalms 102 in the DHNT
Psalms 102 in the DNT
Psalms 102 in the ELBE
Psalms 102 in the EMTV
Psalms 102 in the ESV
Psalms 102 in the FBV
Psalms 102 in the FEB
Psalms 102 in the GGMNT
Psalms 102 in the GNT
Psalms 102 in the HARY
Psalms 102 in the HNT
Psalms 102 in the IRVA
Psalms 102 in the IRVB
Psalms 102 in the IRVG
Psalms 102 in the IRVH
Psalms 102 in the IRVK
Psalms 102 in the IRVM
Psalms 102 in the IRVM2
Psalms 102 in the IRVO
Psalms 102 in the IRVP
Psalms 102 in the IRVT
Psalms 102 in the IRVT2
Psalms 102 in the IRVU
Psalms 102 in the ISVN
Psalms 102 in the JSNT
Psalms 102 in the KAPI
Psalms 102 in the KBT1ETNIK
Psalms 102 in the KBV
Psalms 102 in the KJV
Psalms 102 in the KNFD
Psalms 102 in the LBA
Psalms 102 in the LBLA
Psalms 102 in the LNT
Psalms 102 in the LSV
Psalms 102 in the MAAL
Psalms 102 in the MBV
Psalms 102 in the MBV2
Psalms 102 in the MHNT
Psalms 102 in the MKNFD
Psalms 102 in the MNG
Psalms 102 in the MNT
Psalms 102 in the MNT2
Psalms 102 in the MRS1T
Psalms 102 in the NAA
Psalms 102 in the NASB
Psalms 102 in the NBLA
Psalms 102 in the NBS
Psalms 102 in the NBVTP
Psalms 102 in the NET2
Psalms 102 in the NIV11
Psalms 102 in the NNT
Psalms 102 in the NNT2
Psalms 102 in the NNT3
Psalms 102 in the PDDPT
Psalms 102 in the PFNT
Psalms 102 in the RMNT
Psalms 102 in the SBIAS
Psalms 102 in the SBIBS
Psalms 102 in the SBIBS2
Psalms 102 in the SBICS
Psalms 102 in the SBIDS
Psalms 102 in the SBIGS
Psalms 102 in the SBIHS
Psalms 102 in the SBIIS
Psalms 102 in the SBIIS2
Psalms 102 in the SBIIS3
Psalms 102 in the SBIKS
Psalms 102 in the SBIKS2
Psalms 102 in the SBIMS
Psalms 102 in the SBIOS
Psalms 102 in the SBIPS
Psalms 102 in the SBISS
Psalms 102 in the SBITS
Psalms 102 in the SBITS2
Psalms 102 in the SBITS3
Psalms 102 in the SBITS4
Psalms 102 in the SBIUS
Psalms 102 in the SBIVS
Psalms 102 in the SBT
Psalms 102 in the SBT1E
Psalms 102 in the SCHL
Psalms 102 in the SNT
Psalms 102 in the SUSU
Psalms 102 in the SUSU2
Psalms 102 in the SYNO
Psalms 102 in the TBIAOTANT
Psalms 102 in the TBT1E
Psalms 102 in the TBT1E2
Psalms 102 in the TFTIP
Psalms 102 in the TFTU
Psalms 102 in the TGNTATF3T
Psalms 102 in the THAI
Psalms 102 in the TNFD
Psalms 102 in the TNT
Psalms 102 in the TNTIK
Psalms 102 in the TNTIL
Psalms 102 in the TNTIN
Psalms 102 in the TNTIP
Psalms 102 in the TNTIZ
Psalms 102 in the TOMA
Psalms 102 in the TTENT
Psalms 102 in the UBG
Psalms 102 in the UGV
Psalms 102 in the UGV2
Psalms 102 in the UGV3
Psalms 102 in the VBL
Psalms 102 in the VDCC
Psalms 102 in the YALU
Psalms 102 in the YAPE
Psalms 102 in the YBVTP
Psalms 102 in the ZBP