Romans 13 (BOECS)

1 Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2 Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. 3 Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò. 4 Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. 5 Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi. 6 Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. 7 Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la. 8 Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la. 9 Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 10 Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ. 11 Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. 12 Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu, eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo. 13 Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. 14 Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.

In Other Versions

Romans 13 in the ANGEFD

Romans 13 in the ANTPNG2D

Romans 13 in the AS21

Romans 13 in the BAGH

Romans 13 in the BBPNG

Romans 13 in the BBT1E

Romans 13 in the BDS

Romans 13 in the BEV

Romans 13 in the BHAD

Romans 13 in the BIB

Romans 13 in the BLPT

Romans 13 in the BNT

Romans 13 in the BNTABOOT

Romans 13 in the BNTLV

Romans 13 in the BOATCB

Romans 13 in the BOATCB2

Romans 13 in the BOBCV

Romans 13 in the BOCNT

Romans 13 in the BOGWICC

Romans 13 in the BOHCB

Romans 13 in the BOHCV

Romans 13 in the BOHLNT

Romans 13 in the BOHNTLTAL

Romans 13 in the BOICB

Romans 13 in the BOILNTAP

Romans 13 in the BOITCV

Romans 13 in the BOKCV

Romans 13 in the BOKCV2

Romans 13 in the BOKHWOG

Romans 13 in the BOKSSV

Romans 13 in the BOLCB

Romans 13 in the BOLCB2

Romans 13 in the BOMCV

Romans 13 in the BONAV

Romans 13 in the BONCB

Romans 13 in the BONLT

Romans 13 in the BONUT2

Romans 13 in the BOPLNT

Romans 13 in the BOSCB

Romans 13 in the BOSNC

Romans 13 in the BOTLNT

Romans 13 in the BOVCB

Romans 13 in the BOYCB

Romans 13 in the BPBB

Romans 13 in the BPH

Romans 13 in the BSB

Romans 13 in the CCB

Romans 13 in the CUV

Romans 13 in the CUVS

Romans 13 in the DBT

Romans 13 in the DGDNT

Romans 13 in the DHNT

Romans 13 in the DNT

Romans 13 in the ELBE

Romans 13 in the EMTV

Romans 13 in the ESV

Romans 13 in the FBV

Romans 13 in the FEB

Romans 13 in the GGMNT

Romans 13 in the GNT

Romans 13 in the HARY

Romans 13 in the HNT

Romans 13 in the IRVA

Romans 13 in the IRVB

Romans 13 in the IRVG

Romans 13 in the IRVH

Romans 13 in the IRVK

Romans 13 in the IRVM

Romans 13 in the IRVM2

Romans 13 in the IRVO

Romans 13 in the IRVP

Romans 13 in the IRVT

Romans 13 in the IRVT2

Romans 13 in the IRVU

Romans 13 in the ISVN

Romans 13 in the JSNT

Romans 13 in the KAPI

Romans 13 in the KBT1ETNIK

Romans 13 in the KBV

Romans 13 in the KJV

Romans 13 in the KNFD

Romans 13 in the LBA

Romans 13 in the LBLA

Romans 13 in the LNT

Romans 13 in the LSV

Romans 13 in the MAAL

Romans 13 in the MBV

Romans 13 in the MBV2

Romans 13 in the MHNT

Romans 13 in the MKNFD

Romans 13 in the MNG

Romans 13 in the MNT

Romans 13 in the MNT2

Romans 13 in the MRS1T

Romans 13 in the NAA

Romans 13 in the NASB

Romans 13 in the NBLA

Romans 13 in the NBS

Romans 13 in the NBVTP

Romans 13 in the NET2

Romans 13 in the NIV11

Romans 13 in the NNT

Romans 13 in the NNT2

Romans 13 in the NNT3

Romans 13 in the PDDPT

Romans 13 in the PFNT

Romans 13 in the RMNT

Romans 13 in the SBIAS

Romans 13 in the SBIBS

Romans 13 in the SBIBS2

Romans 13 in the SBICS

Romans 13 in the SBIDS

Romans 13 in the SBIGS

Romans 13 in the SBIHS

Romans 13 in the SBIIS

Romans 13 in the SBIIS2

Romans 13 in the SBIIS3

Romans 13 in the SBIKS

Romans 13 in the SBIKS2

Romans 13 in the SBIMS

Romans 13 in the SBIOS

Romans 13 in the SBIPS

Romans 13 in the SBISS

Romans 13 in the SBITS

Romans 13 in the SBITS2

Romans 13 in the SBITS3

Romans 13 in the SBITS4

Romans 13 in the SBIUS

Romans 13 in the SBIVS

Romans 13 in the SBT

Romans 13 in the SBT1E

Romans 13 in the SCHL

Romans 13 in the SNT

Romans 13 in the SUSU

Romans 13 in the SUSU2

Romans 13 in the SYNO

Romans 13 in the TBIAOTANT

Romans 13 in the TBT1E

Romans 13 in the TBT1E2

Romans 13 in the TFTIP

Romans 13 in the TFTU

Romans 13 in the TGNTATF3T

Romans 13 in the THAI

Romans 13 in the TNFD

Romans 13 in the TNT

Romans 13 in the TNTIK

Romans 13 in the TNTIL

Romans 13 in the TNTIN

Romans 13 in the TNTIP

Romans 13 in the TNTIZ

Romans 13 in the TOMA

Romans 13 in the TTENT

Romans 13 in the UBG

Romans 13 in the UGV

Romans 13 in the UGV2

Romans 13 in the UGV3

Romans 13 in the VBL

Romans 13 in the VDCC

Romans 13 in the YALU

Romans 13 in the YAPE

Romans 13 in the YBVTP

Romans 13 in the ZBP