Ruth 2 (BOECS)

1 Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe. 2 Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.”Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.” 3 Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ. 4 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!”Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!” 5 Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?” 6 Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae. 7 Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.” 8 Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu. 9 Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.” 10 Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?” 11 Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu. 12 Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.” 13 Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.” 14 Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.”Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ. 15 Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o. 16 Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o. 17 Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve. 18 Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ. 19 Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!”Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.” 20 Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.” 21 Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.” 22 Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.” 23 Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ.

In Other Versions

Ruth 2 in the ANGEFD

Ruth 2 in the ANTPNG2D

Ruth 2 in the AS21

Ruth 2 in the BAGH

Ruth 2 in the BBPNG

Ruth 2 in the BBT1E

Ruth 2 in the BDS

Ruth 2 in the BEV

Ruth 2 in the BHAD

Ruth 2 in the BIB

Ruth 2 in the BLPT

Ruth 2 in the BNT

Ruth 2 in the BNTABOOT

Ruth 2 in the BNTLV

Ruth 2 in the BOATCB

Ruth 2 in the BOATCB2

Ruth 2 in the BOBCV

Ruth 2 in the BOCNT

Ruth 2 in the BOGWICC

Ruth 2 in the BOHCB

Ruth 2 in the BOHCV

Ruth 2 in the BOHLNT

Ruth 2 in the BOHNTLTAL

Ruth 2 in the BOICB

Ruth 2 in the BOILNTAP

Ruth 2 in the BOITCV

Ruth 2 in the BOKCV

Ruth 2 in the BOKCV2

Ruth 2 in the BOKHWOG

Ruth 2 in the BOKSSV

Ruth 2 in the BOLCB

Ruth 2 in the BOLCB2

Ruth 2 in the BOMCV

Ruth 2 in the BONAV

Ruth 2 in the BONCB

Ruth 2 in the BONLT

Ruth 2 in the BONUT2

Ruth 2 in the BOPLNT

Ruth 2 in the BOSCB

Ruth 2 in the BOSNC

Ruth 2 in the BOTLNT

Ruth 2 in the BOVCB

Ruth 2 in the BOYCB

Ruth 2 in the BPBB

Ruth 2 in the BPH

Ruth 2 in the BSB

Ruth 2 in the CCB

Ruth 2 in the CUV

Ruth 2 in the CUVS

Ruth 2 in the DBT

Ruth 2 in the DGDNT

Ruth 2 in the DHNT

Ruth 2 in the DNT

Ruth 2 in the ELBE

Ruth 2 in the EMTV

Ruth 2 in the ESV

Ruth 2 in the FBV

Ruth 2 in the FEB

Ruth 2 in the GGMNT

Ruth 2 in the GNT

Ruth 2 in the HARY

Ruth 2 in the HNT

Ruth 2 in the IRVA

Ruth 2 in the IRVB

Ruth 2 in the IRVG

Ruth 2 in the IRVH

Ruth 2 in the IRVK

Ruth 2 in the IRVM

Ruth 2 in the IRVM2

Ruth 2 in the IRVO

Ruth 2 in the IRVP

Ruth 2 in the IRVT

Ruth 2 in the IRVT2

Ruth 2 in the IRVU

Ruth 2 in the ISVN

Ruth 2 in the JSNT

Ruth 2 in the KAPI

Ruth 2 in the KBT1ETNIK

Ruth 2 in the KBV

Ruth 2 in the KJV

Ruth 2 in the KNFD

Ruth 2 in the LBA

Ruth 2 in the LBLA

Ruth 2 in the LNT

Ruth 2 in the LSV

Ruth 2 in the MAAL

Ruth 2 in the MBV

Ruth 2 in the MBV2

Ruth 2 in the MHNT

Ruth 2 in the MKNFD

Ruth 2 in the MNG

Ruth 2 in the MNT

Ruth 2 in the MNT2

Ruth 2 in the MRS1T

Ruth 2 in the NAA

Ruth 2 in the NASB

Ruth 2 in the NBLA

Ruth 2 in the NBS

Ruth 2 in the NBVTP

Ruth 2 in the NET2

Ruth 2 in the NIV11

Ruth 2 in the NNT

Ruth 2 in the NNT2

Ruth 2 in the NNT3

Ruth 2 in the PDDPT

Ruth 2 in the PFNT

Ruth 2 in the RMNT

Ruth 2 in the SBIAS

Ruth 2 in the SBIBS

Ruth 2 in the SBIBS2

Ruth 2 in the SBICS

Ruth 2 in the SBIDS

Ruth 2 in the SBIGS

Ruth 2 in the SBIHS

Ruth 2 in the SBIIS

Ruth 2 in the SBIIS2

Ruth 2 in the SBIIS3

Ruth 2 in the SBIKS

Ruth 2 in the SBIKS2

Ruth 2 in the SBIMS

Ruth 2 in the SBIOS

Ruth 2 in the SBIPS

Ruth 2 in the SBISS

Ruth 2 in the SBITS

Ruth 2 in the SBITS2

Ruth 2 in the SBITS3

Ruth 2 in the SBITS4

Ruth 2 in the SBIUS

Ruth 2 in the SBIVS

Ruth 2 in the SBT

Ruth 2 in the SBT1E

Ruth 2 in the SCHL

Ruth 2 in the SNT

Ruth 2 in the SUSU

Ruth 2 in the SUSU2

Ruth 2 in the SYNO

Ruth 2 in the TBIAOTANT

Ruth 2 in the TBT1E

Ruth 2 in the TBT1E2

Ruth 2 in the TFTIP

Ruth 2 in the TFTU

Ruth 2 in the TGNTATF3T

Ruth 2 in the THAI

Ruth 2 in the TNFD

Ruth 2 in the TNT

Ruth 2 in the TNTIK

Ruth 2 in the TNTIL

Ruth 2 in the TNTIN

Ruth 2 in the TNTIP

Ruth 2 in the TNTIZ

Ruth 2 in the TOMA

Ruth 2 in the TTENT

Ruth 2 in the UBG

Ruth 2 in the UGV

Ruth 2 in the UGV2

Ruth 2 in the UGV3

Ruth 2 in the VBL

Ruth 2 in the VDCC

Ruth 2 in the YALU

Ruth 2 in the YAPE

Ruth 2 in the YBVTP

Ruth 2 in the ZBP