2 Corinthians 12 (BEV)

1 Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o, movinyawo sɔŋ ko wonye gake mele edzi yi ge. Mina magblɔ ŋutega siwo mekpɔ kple nu siwo katã Aƒetɔ la ɖe fiam la na mi. 2 Anɔ abe ƒe wuiene enye esia ene la, wokɔm yi dziƒo be makpɔ afi ma ɖa. 3 Migabiam be ŋutilã mee menɔ alo gbɔgbɔ mee menɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya. Gake menya be mede Paradiso la me vavã. 4 Le afi ma la mese nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ nam be magblɔ wo na ame aɖeke o. 5 Nu si teƒe mekpɔ la nye nu xɔasi aɖe, si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ la maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe gake Mawu wɔ ŋutinyedɔ hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti. 6 Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la mawɔm movitɔ o gake nyemedi be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me. 7 Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. Mawu ɖe mɔ na dɔléle sia be wòanɔ fu ɖem nam be nyemagaƒo adegbe o. 8 Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔlélé sia ɖa le menye. 9 Ke ɣesiaɣi la Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Ao, meli kpli wò. Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò. Elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye tsɔ wu be maɖe nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple ŋutetewo afia. 10 Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me. Elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me eye zi ale si megbɔdzɔ la zi nenema ke meɖoa ŋu ɖe eŋu. 11 Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe lãtɔ ene. Evɔ la miawoe wòle be miakafum ke menye nye ŋutɔe wòle be makafu ɖokuinye hafi o eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si, si mele asinye o. 12 Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome. 13 Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemetsɔ nye nuɖuɖu, nye nuhiahiãwo kple xɔ si me manɔ la ɖo mia ŋkume o. Mitsɔe kem be nyemetsɔ agba siawo da ɖe mia dzi o. 14 Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewoe mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Vi fofoe wòle be wòakpɔ via dzi. 15 Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi, be miatsi ɖe dzi le gbɔgbɔ me. Gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. 16 Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o. Gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.” 17 Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? 18 Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie bena mí katã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna. 19 Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me ke menye be matu ɖokuinye ɖo o. 20 Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi, kple mama le mia dome. 21 Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume ale be manɔ dzi gbagbã kple nuxaxa me. Elabena mia dometɔ geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ la trɔ zu nu vɔ̃ wɔlawo gbidii elabena wometsɔ ɖeke le eme be yewoatrɔ dzime o. Ke boŋ wogale nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo wɔm eye wole ahasi wɔm, le hadzenu wɔm, le amesrɔ̃ xɔm.

In Other Versions

2 Corinthians 12 in the ANGEFD

2 Corinthians 12 in the ANTPNG2D

2 Corinthians 12 in the AS21

2 Corinthians 12 in the BAGH

2 Corinthians 12 in the BBPNG

2 Corinthians 12 in the BBT1E

2 Corinthians 12 in the BDS

2 Corinthians 12 in the BHAD

2 Corinthians 12 in the BIB

2 Corinthians 12 in the BLPT

2 Corinthians 12 in the BNT

2 Corinthians 12 in the BNTABOOT

2 Corinthians 12 in the BNTLV

2 Corinthians 12 in the BOATCB

2 Corinthians 12 in the BOATCB2

2 Corinthians 12 in the BOBCV

2 Corinthians 12 in the BOCNT

2 Corinthians 12 in the BOECS

2 Corinthians 12 in the BOGWICC

2 Corinthians 12 in the BOHCB

2 Corinthians 12 in the BOHCV

2 Corinthians 12 in the BOHLNT

2 Corinthians 12 in the BOHNTLTAL

2 Corinthians 12 in the BOICB

2 Corinthians 12 in the BOILNTAP

2 Corinthians 12 in the BOITCV

2 Corinthians 12 in the BOKCV

2 Corinthians 12 in the BOKCV2

2 Corinthians 12 in the BOKHWOG

2 Corinthians 12 in the BOKSSV

2 Corinthians 12 in the BOLCB

2 Corinthians 12 in the BOLCB2

2 Corinthians 12 in the BOMCV

2 Corinthians 12 in the BONAV

2 Corinthians 12 in the BONCB

2 Corinthians 12 in the BONLT

2 Corinthians 12 in the BONUT2

2 Corinthians 12 in the BOPLNT

2 Corinthians 12 in the BOSCB

2 Corinthians 12 in the BOSNC

2 Corinthians 12 in the BOTLNT

2 Corinthians 12 in the BOVCB

2 Corinthians 12 in the BOYCB

2 Corinthians 12 in the BPBB

2 Corinthians 12 in the BPH

2 Corinthians 12 in the BSB

2 Corinthians 12 in the CCB

2 Corinthians 12 in the CUV

2 Corinthians 12 in the CUVS

2 Corinthians 12 in the DBT

2 Corinthians 12 in the DGDNT

2 Corinthians 12 in the DHNT

2 Corinthians 12 in the DNT

2 Corinthians 12 in the ELBE

2 Corinthians 12 in the EMTV

2 Corinthians 12 in the ESV

2 Corinthians 12 in the FBV

2 Corinthians 12 in the FEB

2 Corinthians 12 in the GGMNT

2 Corinthians 12 in the GNT

2 Corinthians 12 in the HARY

2 Corinthians 12 in the HNT

2 Corinthians 12 in the IRVA

2 Corinthians 12 in the IRVB

2 Corinthians 12 in the IRVG

2 Corinthians 12 in the IRVH

2 Corinthians 12 in the IRVK

2 Corinthians 12 in the IRVM

2 Corinthians 12 in the IRVM2

2 Corinthians 12 in the IRVO

2 Corinthians 12 in the IRVP

2 Corinthians 12 in the IRVT

2 Corinthians 12 in the IRVT2

2 Corinthians 12 in the IRVU

2 Corinthians 12 in the ISVN

2 Corinthians 12 in the JSNT

2 Corinthians 12 in the KAPI

2 Corinthians 12 in the KBT1ETNIK

2 Corinthians 12 in the KBV

2 Corinthians 12 in the KJV

2 Corinthians 12 in the KNFD

2 Corinthians 12 in the LBA

2 Corinthians 12 in the LBLA

2 Corinthians 12 in the LNT

2 Corinthians 12 in the LSV

2 Corinthians 12 in the MAAL

2 Corinthians 12 in the MBV

2 Corinthians 12 in the MBV2

2 Corinthians 12 in the MHNT

2 Corinthians 12 in the MKNFD

2 Corinthians 12 in the MNG

2 Corinthians 12 in the MNT

2 Corinthians 12 in the MNT2

2 Corinthians 12 in the MRS1T

2 Corinthians 12 in the NAA

2 Corinthians 12 in the NASB

2 Corinthians 12 in the NBLA

2 Corinthians 12 in the NBS

2 Corinthians 12 in the NBVTP

2 Corinthians 12 in the NET2

2 Corinthians 12 in the NIV11

2 Corinthians 12 in the NNT

2 Corinthians 12 in the NNT2

2 Corinthians 12 in the NNT3

2 Corinthians 12 in the PDDPT

2 Corinthians 12 in the PFNT

2 Corinthians 12 in the RMNT

2 Corinthians 12 in the SBIAS

2 Corinthians 12 in the SBIBS

2 Corinthians 12 in the SBIBS2

2 Corinthians 12 in the SBICS

2 Corinthians 12 in the SBIDS

2 Corinthians 12 in the SBIGS

2 Corinthians 12 in the SBIHS

2 Corinthians 12 in the SBIIS

2 Corinthians 12 in the SBIIS2

2 Corinthians 12 in the SBIIS3

2 Corinthians 12 in the SBIKS

2 Corinthians 12 in the SBIKS2

2 Corinthians 12 in the SBIMS

2 Corinthians 12 in the SBIOS

2 Corinthians 12 in the SBIPS

2 Corinthians 12 in the SBISS

2 Corinthians 12 in the SBITS

2 Corinthians 12 in the SBITS2

2 Corinthians 12 in the SBITS3

2 Corinthians 12 in the SBITS4

2 Corinthians 12 in the SBIUS

2 Corinthians 12 in the SBIVS

2 Corinthians 12 in the SBT

2 Corinthians 12 in the SBT1E

2 Corinthians 12 in the SCHL

2 Corinthians 12 in the SNT

2 Corinthians 12 in the SUSU

2 Corinthians 12 in the SUSU2

2 Corinthians 12 in the SYNO

2 Corinthians 12 in the TBIAOTANT

2 Corinthians 12 in the TBT1E

2 Corinthians 12 in the TBT1E2

2 Corinthians 12 in the TFTIP

2 Corinthians 12 in the TFTU

2 Corinthians 12 in the TGNTATF3T

2 Corinthians 12 in the THAI

2 Corinthians 12 in the TNFD

2 Corinthians 12 in the TNT

2 Corinthians 12 in the TNTIK

2 Corinthians 12 in the TNTIL

2 Corinthians 12 in the TNTIN

2 Corinthians 12 in the TNTIP

2 Corinthians 12 in the TNTIZ

2 Corinthians 12 in the TOMA

2 Corinthians 12 in the TTENT

2 Corinthians 12 in the UBG

2 Corinthians 12 in the UGV

2 Corinthians 12 in the UGV2

2 Corinthians 12 in the UGV3

2 Corinthians 12 in the VBL

2 Corinthians 12 in the VDCC

2 Corinthians 12 in the YALU

2 Corinthians 12 in the YAPE

2 Corinthians 12 in the YBVTP

2 Corinthians 12 in the ZBP