Hebrews 11 (BEV)

1 Azɔ la xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu siwo míekpɔ o la ŋu. 2 To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ le. 3 To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe eye xexeame va dzɔ ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si wowekpɔna o la me. 4 To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko togbɔ be eku hã. 5 To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi wokɔe dzoe la wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti. 6 Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie. 7 To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexeame eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila. 8 To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã. 9 To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakɔb ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii. 10 Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula. 11 To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema Kee nye srɔ̃a, Sara, hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae. 12 Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ. 13 Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖe ko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afi. 14 Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la, ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim. 15 Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi. 16 Le esia teƒe la wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo. 17 To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la, nɔ klalo be yeatsɔ viaŋutsuvi ɖeka hɔ̃ la asa vɔe, 18 togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã. 19 Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me. 20 To xɔse me Isak yra Yakɔb kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti. 21 To xɔse me Yakɔb yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu. 22 To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo. 23 To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o. 24 To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe viŋutsu o 25 ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 26 Ebu vlododo le “Mesia” la ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe. 27 To xɔse me Mose dzo le Egipte eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu elabena ekpɔ eya, ame si womekpɔna kple ŋku o. 28 To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋehehlẽ la anyi ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. 29 To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me. 30 To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre. 31 To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o. 32 Ɖe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o, 33 ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo, 34 tsi dzoƒeaɖewo nu eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi. 35 Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si. 36 Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam ke wode ga bubuwo eye wode wo gaxɔ me. 37 Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome eye wosẽ ŋuta le wo ŋu, 38 womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi. 39 Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o. 40 Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo.

In Other Versions

Hebrews 11 in the ANGEFD

Hebrews 11 in the ANTPNG2D

Hebrews 11 in the AS21

Hebrews 11 in the BAGH

Hebrews 11 in the BBPNG

Hebrews 11 in the BBT1E

Hebrews 11 in the BDS

Hebrews 11 in the BHAD

Hebrews 11 in the BIB

Hebrews 11 in the BLPT

Hebrews 11 in the BNT

Hebrews 11 in the BNTABOOT

Hebrews 11 in the BNTLV

Hebrews 11 in the BOATCB

Hebrews 11 in the BOATCB2

Hebrews 11 in the BOBCV

Hebrews 11 in the BOCNT

Hebrews 11 in the BOECS

Hebrews 11 in the BOGWICC

Hebrews 11 in the BOHCB

Hebrews 11 in the BOHCV

Hebrews 11 in the BOHLNT

Hebrews 11 in the BOHNTLTAL

Hebrews 11 in the BOICB

Hebrews 11 in the BOILNTAP

Hebrews 11 in the BOITCV

Hebrews 11 in the BOKCV

Hebrews 11 in the BOKCV2

Hebrews 11 in the BOKHWOG

Hebrews 11 in the BOKSSV

Hebrews 11 in the BOLCB

Hebrews 11 in the BOLCB2

Hebrews 11 in the BOMCV

Hebrews 11 in the BONAV

Hebrews 11 in the BONCB

Hebrews 11 in the BONLT

Hebrews 11 in the BONUT2

Hebrews 11 in the BOPLNT

Hebrews 11 in the BOSCB

Hebrews 11 in the BOSNC

Hebrews 11 in the BOTLNT

Hebrews 11 in the BOVCB

Hebrews 11 in the BOYCB

Hebrews 11 in the BPBB

Hebrews 11 in the BPH

Hebrews 11 in the BSB

Hebrews 11 in the CCB

Hebrews 11 in the CUV

Hebrews 11 in the CUVS

Hebrews 11 in the DBT

Hebrews 11 in the DGDNT

Hebrews 11 in the DHNT

Hebrews 11 in the DNT

Hebrews 11 in the ELBE

Hebrews 11 in the EMTV

Hebrews 11 in the ESV

Hebrews 11 in the FBV

Hebrews 11 in the FEB

Hebrews 11 in the GGMNT

Hebrews 11 in the GNT

Hebrews 11 in the HARY

Hebrews 11 in the HNT

Hebrews 11 in the IRVA

Hebrews 11 in the IRVB

Hebrews 11 in the IRVG

Hebrews 11 in the IRVH

Hebrews 11 in the IRVK

Hebrews 11 in the IRVM

Hebrews 11 in the IRVM2

Hebrews 11 in the IRVO

Hebrews 11 in the IRVP

Hebrews 11 in the IRVT

Hebrews 11 in the IRVT2

Hebrews 11 in the IRVU

Hebrews 11 in the ISVN

Hebrews 11 in the JSNT

Hebrews 11 in the KAPI

Hebrews 11 in the KBT1ETNIK

Hebrews 11 in the KBV

Hebrews 11 in the KJV

Hebrews 11 in the KNFD

Hebrews 11 in the LBA

Hebrews 11 in the LBLA

Hebrews 11 in the LNT

Hebrews 11 in the LSV

Hebrews 11 in the MAAL

Hebrews 11 in the MBV

Hebrews 11 in the MBV2

Hebrews 11 in the MHNT

Hebrews 11 in the MKNFD

Hebrews 11 in the MNG

Hebrews 11 in the MNT

Hebrews 11 in the MNT2

Hebrews 11 in the MRS1T

Hebrews 11 in the NAA

Hebrews 11 in the NASB

Hebrews 11 in the NBLA

Hebrews 11 in the NBS

Hebrews 11 in the NBVTP

Hebrews 11 in the NET2

Hebrews 11 in the NIV11

Hebrews 11 in the NNT

Hebrews 11 in the NNT2

Hebrews 11 in the NNT3

Hebrews 11 in the PDDPT

Hebrews 11 in the PFNT

Hebrews 11 in the RMNT

Hebrews 11 in the SBIAS

Hebrews 11 in the SBIBS

Hebrews 11 in the SBIBS2

Hebrews 11 in the SBICS

Hebrews 11 in the SBIDS

Hebrews 11 in the SBIGS

Hebrews 11 in the SBIHS

Hebrews 11 in the SBIIS

Hebrews 11 in the SBIIS2

Hebrews 11 in the SBIIS3

Hebrews 11 in the SBIKS

Hebrews 11 in the SBIKS2

Hebrews 11 in the SBIMS

Hebrews 11 in the SBIOS

Hebrews 11 in the SBIPS

Hebrews 11 in the SBISS

Hebrews 11 in the SBITS

Hebrews 11 in the SBITS2

Hebrews 11 in the SBITS3

Hebrews 11 in the SBITS4

Hebrews 11 in the SBIUS

Hebrews 11 in the SBIVS

Hebrews 11 in the SBT

Hebrews 11 in the SBT1E

Hebrews 11 in the SCHL

Hebrews 11 in the SNT

Hebrews 11 in the SUSU

Hebrews 11 in the SUSU2

Hebrews 11 in the SYNO

Hebrews 11 in the TBIAOTANT

Hebrews 11 in the TBT1E

Hebrews 11 in the TBT1E2

Hebrews 11 in the TFTIP

Hebrews 11 in the TFTU

Hebrews 11 in the TGNTATF3T

Hebrews 11 in the THAI

Hebrews 11 in the TNFD

Hebrews 11 in the TNT

Hebrews 11 in the TNTIK

Hebrews 11 in the TNTIL

Hebrews 11 in the TNTIN

Hebrews 11 in the TNTIP

Hebrews 11 in the TNTIZ

Hebrews 11 in the TOMA

Hebrews 11 in the TTENT

Hebrews 11 in the UBG

Hebrews 11 in the UGV

Hebrews 11 in the UGV2

Hebrews 11 in the UGV3

Hebrews 11 in the VBL

Hebrews 11 in the VDCC

Hebrews 11 in the YALU

Hebrews 11 in the YAPE

Hebrews 11 in the YBVTP

Hebrews 11 in the ZBP