John 21 (BEV)

1 Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias ƒua nu. 2 Eva dzɔ bena, Simɔn Petro, Toma Venɔvi la, Nataniel si tso Kana le Galilea, kple Zebedeo viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu, nɔ ƒuta. 3 Simon Petro gblɔ bena, “Meyina tɔƒo.” Tete wo katã gblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale wodze mɔ yi ɖage ɖe tɔdziʋua me gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. 4 Le ŋdi la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta gake nusrɔ̃lawo menyae be Yesue ma o. 5 Yesu do ɣli bia be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖea?”Woɖo eŋu be, “Ao, mieɖe naneke o.” 6 Egagblɔ bena, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo eye miaɖe lã” Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi eye nyateƒe woɖe lã fũ ale gbegbe be womete ŋu hee de ʋua me gɔ̃ hã o. 7 Azɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Petro bena, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia ko la, etsɔ eƒe awu do kaba elabena avɔ kakɛ aɖe koe wòsa ɖe ali, eye wòdzo dze tɔa me doo, heƒu tsi va gota. 8 Ke mí ame mamlɛawo la, míetsi ʋua me he ɖɔa va gota elabena gota anɔ abe meta alafa ɖeka ko ene. 9 Esi míeɖo gata la, míekpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, lã meme nɔ edzi, eye abolo hã kpe ɖe eŋu. 10 Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” 11 Ale Simɔn Petro yi ɖakpe ɖe wo ŋu wohe lã la ɖe gota. Esi woxlẽ la gã siwo woɖe la, enɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-atɔ̃, gake ɖɔ la mevuvu o. 12 Yesu gblɔ na wo be, “Azɔ, miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu bia ame si wònye o elabena woka ɖe edzi be Aƒetɔ lae. 13 Yesu ma aboloa kple lã la na wo. 14 Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome. 15 Esi woɖu ŋdinu vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro bena, “Simɔn, Yohanes vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?”Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wò ŋutɔ ènyae bena nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.” 16 Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes vi, elɔ̃m vavã?”Petro ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae be nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.” 17 Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes vi, èle lɔ̃yema?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èle lɔ̃yema?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu eye ènyae be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. 18 Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, ame bubu ado awu na wò eye woakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o.” 19 Yesu gblɔ nya sia nɛ bena wòatsɔ afia ku si ku ge wòala atsɔ kafu Mawu. Esi Yesu wu nya la nu la, egblɔ nɛ bena, “Dze yonyeme.” 20 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka le eƒe megbe gbɔna. Nusrɔ̃la siae nye ame si nɔ Yesu ƒe axadzi tututu le nuɖuƒea hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi mahã?” 21 Ale Petro bia Yesu be, “Ku ka tɔgbie li na ame sia ya?” 22 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Nenye be medi be woanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyae wònyea? Wò ya mebe dze yonyeme.” 23 Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome bena, nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke menye nya siae Yesu gblɔ kura o ɖe ko wògblɔ bena, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyea?” 24 Nusrɔ̃la siae nye esi Yesu lɔ̃na. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi tso nu siawo ŋu nye nyateƒe. 25 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã kpe ɖe esiawo ŋu. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi la, mesusu be xexeame katã gɔ̃ hã malolo na agbalẽ siawo tsɔtsɔ o.

In Other Versions

John 21 in the ANGEFD

John 21 in the ANTPNG2D

John 21 in the AS21

John 21 in the BAGH

John 21 in the BBPNG

John 21 in the BBT1E

John 21 in the BDS

John 21 in the BHAD

John 21 in the BIB

John 21 in the BLPT

John 21 in the BNT

John 21 in the BNTABOOT

John 21 in the BNTLV

John 21 in the BOATCB

John 21 in the BOATCB2

John 21 in the BOBCV

John 21 in the BOCNT

John 21 in the BOECS

John 21 in the BOGWICC

John 21 in the BOHCB

John 21 in the BOHCV

John 21 in the BOHLNT

John 21 in the BOHNTLTAL

John 21 in the BOICB

John 21 in the BOILNTAP

John 21 in the BOITCV

John 21 in the BOKCV

John 21 in the BOKCV2

John 21 in the BOKHWOG

John 21 in the BOKSSV

John 21 in the BOLCB

John 21 in the BOLCB2

John 21 in the BOMCV

John 21 in the BONAV

John 21 in the BONCB

John 21 in the BONLT

John 21 in the BONUT2

John 21 in the BOPLNT

John 21 in the BOSCB

John 21 in the BOSNC

John 21 in the BOTLNT

John 21 in the BOVCB

John 21 in the BOYCB

John 21 in the BPBB

John 21 in the BPH

John 21 in the BSB

John 21 in the CCB

John 21 in the CUV

John 21 in the CUVS

John 21 in the DBT

John 21 in the DGDNT

John 21 in the DHNT

John 21 in the DNT

John 21 in the ELBE

John 21 in the EMTV

John 21 in the ESV

John 21 in the FBV

John 21 in the FEB

John 21 in the GGMNT

John 21 in the GNT

John 21 in the HARY

John 21 in the HNT

John 21 in the IRVA

John 21 in the IRVB

John 21 in the IRVG

John 21 in the IRVH

John 21 in the IRVK

John 21 in the IRVM

John 21 in the IRVM2

John 21 in the IRVO

John 21 in the IRVP

John 21 in the IRVT

John 21 in the IRVT2

John 21 in the IRVU

John 21 in the ISVN

John 21 in the JSNT

John 21 in the KAPI

John 21 in the KBT1ETNIK

John 21 in the KBV

John 21 in the KJV

John 21 in the KNFD

John 21 in the LBA

John 21 in the LBLA

John 21 in the LNT

John 21 in the LSV

John 21 in the MAAL

John 21 in the MBV

John 21 in the MBV2

John 21 in the MHNT

John 21 in the MKNFD

John 21 in the MNG

John 21 in the MNT

John 21 in the MNT2

John 21 in the MRS1T

John 21 in the NAA

John 21 in the NASB

John 21 in the NBLA

John 21 in the NBS

John 21 in the NBVTP

John 21 in the NET2

John 21 in the NIV11

John 21 in the NNT

John 21 in the NNT2

John 21 in the NNT3

John 21 in the PDDPT

John 21 in the PFNT

John 21 in the RMNT

John 21 in the SBIAS

John 21 in the SBIBS

John 21 in the SBIBS2

John 21 in the SBICS

John 21 in the SBIDS

John 21 in the SBIGS

John 21 in the SBIHS

John 21 in the SBIIS

John 21 in the SBIIS2

John 21 in the SBIIS3

John 21 in the SBIKS

John 21 in the SBIKS2

John 21 in the SBIMS

John 21 in the SBIOS

John 21 in the SBIPS

John 21 in the SBISS

John 21 in the SBITS

John 21 in the SBITS2

John 21 in the SBITS3

John 21 in the SBITS4

John 21 in the SBIUS

John 21 in the SBIVS

John 21 in the SBT

John 21 in the SBT1E

John 21 in the SCHL

John 21 in the SNT

John 21 in the SUSU

John 21 in the SUSU2

John 21 in the SYNO

John 21 in the TBIAOTANT

John 21 in the TBT1E

John 21 in the TBT1E2

John 21 in the TFTIP

John 21 in the TFTU

John 21 in the TGNTATF3T

John 21 in the THAI

John 21 in the TNFD

John 21 in the TNT

John 21 in the TNTIK

John 21 in the TNTIL

John 21 in the TNTIN

John 21 in the TNTIP

John 21 in the TNTIZ

John 21 in the TOMA

John 21 in the TTENT

John 21 in the UBG

John 21 in the UGV

John 21 in the UGV2

John 21 in the UGV3

John 21 in the VBL

John 21 in the VDCC

John 21 in the YALU

John 21 in the YAPE

John 21 in the YBVTP

John 21 in the ZBP