John 21 (BOECS)
1 Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to. 2 Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta. 3 Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. 4 Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o. 5 Yesu yɔ wo be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖeke oa?”Woɖo eŋu be, “Ao, míeɖe naneke o.” 6 Egblɔ na wo be, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã.” Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o. 7 Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me. 8 Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene. 9 Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu. 10 Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” 11 Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o. 12 Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae. 13 Yesu va tsɔ abolo la kple lã la na wo. 14 Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome. 15 Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?”Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.”Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema nyi nye alẽawo.” 16 Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, elɔ̃m vavã?”Petro ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.”Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema lé be na nye alẽawo.” 17 Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?”Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.”Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. 18 Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.” 19 Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.” 20 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”) 21 Esi Petro kpɔe la, ebia be, “Aƒetɔ, ekema ame sia ya ɖe?” 22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea? Wò la dze yonyeme.” 23 Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?” 24 Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe. 25 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.
In Other Versions
John 21 in the ANGEFD
John 21 in the ANTPNG2D
John 21 in the AS21
John 21 in the BAGH
John 21 in the BBPNG
John 21 in the BBT1E
John 21 in the BDS
John 21 in the BEV
John 21 in the BHAD
John 21 in the BIB
John 21 in the BLPT
John 21 in the BNT
John 21 in the BNTABOOT
John 21 in the BNTLV
John 21 in the BOATCB
John 21 in the BOATCB2
John 21 in the BOBCV
John 21 in the BOCNT
John 21 in the BOGWICC
John 21 in the BOHCB
John 21 in the BOHCV
John 21 in the BOHLNT
John 21 in the BOHNTLTAL
John 21 in the BOICB
John 21 in the BOILNTAP
John 21 in the BOITCV
John 21 in the BOKCV
John 21 in the BOKCV2
John 21 in the BOKHWOG
John 21 in the BOKSSV
John 21 in the BOLCB
John 21 in the BOLCB2
John 21 in the BOMCV
John 21 in the BONAV
John 21 in the BONCB
John 21 in the BONLT
John 21 in the BONUT2
John 21 in the BOPLNT
John 21 in the BOSCB
John 21 in the BOSNC
John 21 in the BOTLNT
John 21 in the BOVCB
John 21 in the BOYCB
John 21 in the BPBB
John 21 in the BPH
John 21 in the BSB
John 21 in the CCB
John 21 in the CUV
John 21 in the CUVS
John 21 in the DBT
John 21 in the DGDNT
John 21 in the DHNT
John 21 in the DNT
John 21 in the ELBE
John 21 in the EMTV
John 21 in the ESV
John 21 in the FBV
John 21 in the FEB
John 21 in the GGMNT
John 21 in the GNT
John 21 in the HARY
John 21 in the HNT
John 21 in the IRVA
John 21 in the IRVB
John 21 in the IRVG
John 21 in the IRVH
John 21 in the IRVK
John 21 in the IRVM
John 21 in the IRVM2
John 21 in the IRVO
John 21 in the IRVP
John 21 in the IRVT
John 21 in the IRVT2
John 21 in the IRVU
John 21 in the ISVN
John 21 in the JSNT
John 21 in the KAPI
John 21 in the KBT1ETNIK
John 21 in the KBV
John 21 in the KJV
John 21 in the KNFD
John 21 in the LBA
John 21 in the LBLA
John 21 in the LNT
John 21 in the LSV
John 21 in the MAAL
John 21 in the MBV
John 21 in the MBV2
John 21 in the MHNT
John 21 in the MKNFD
John 21 in the MNG
John 21 in the MNT
John 21 in the MNT2
John 21 in the MRS1T
John 21 in the NAA
John 21 in the NASB
John 21 in the NBLA
John 21 in the NBS
John 21 in the NBVTP
John 21 in the NET2
John 21 in the NIV11
John 21 in the NNT
John 21 in the NNT2
John 21 in the NNT3
John 21 in the PDDPT
John 21 in the PFNT
John 21 in the RMNT
John 21 in the SBIAS
John 21 in the SBIBS
John 21 in the SBIBS2
John 21 in the SBICS
John 21 in the SBIDS
John 21 in the SBIGS
John 21 in the SBIHS
John 21 in the SBIIS
John 21 in the SBIIS2
John 21 in the SBIIS3
John 21 in the SBIKS
John 21 in the SBIKS2
John 21 in the SBIMS
John 21 in the SBIOS
John 21 in the SBIPS
John 21 in the SBISS
John 21 in the SBITS
John 21 in the SBITS2
John 21 in the SBITS3
John 21 in the SBITS4
John 21 in the SBIUS
John 21 in the SBIVS
John 21 in the SBT
John 21 in the SBT1E
John 21 in the SCHL
John 21 in the SNT
John 21 in the SUSU
John 21 in the SUSU2
John 21 in the SYNO
John 21 in the TBIAOTANT
John 21 in the TBT1E
John 21 in the TBT1E2
John 21 in the TFTIP
John 21 in the TFTU
John 21 in the TGNTATF3T
John 21 in the THAI
John 21 in the TNFD
John 21 in the TNT
John 21 in the TNTIK
John 21 in the TNTIL
John 21 in the TNTIN
John 21 in the TNTIP
John 21 in the TNTIZ
John 21 in the TOMA
John 21 in the TTENT
John 21 in the UBG
John 21 in the UGV
John 21 in the UGV2
John 21 in the UGV3
John 21 in the VBL
John 21 in the VDCC
John 21 in the YALU
John 21 in the YAPE
John 21 in the YBVTP
John 21 in the ZBP