Luke 22 (BEV)

1 Azɔ Ŋutitoto ŋkekea te tu aƒe. Ŋkeke siae nye Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si dzi woɖua abolo si wotsɔ amɔ maʋamaʋã wɔe la ko. 2 Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo. 3 Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me, 4 ale wòyi Osɔfogãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. 5 Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. 6 Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me. 7 Azɔ Ŋutitoto ŋkekenyui si dzi wowua ŋutitoto levi la le eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. 8 Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu. 9 Wobia be, “Afi kae nèdi be míayi aɖadzra ɖo?” 10 Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta la; wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me, 11 eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be mibia wò nàfia mí amedzrowo ƒe xɔ afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo aɖu Ŋutitoto ŋkekenyui la le.’ 12 Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ma. Miyi eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.” 13 Woyi dua me eye wokpɔ nu sia nu abe ale si Yesu gblɔe ene, eye woɖo kplɔ̃ ɖe xɔa me hena Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu le fiẽ ma. 14 Yesu kple nusrɔ̃la mamleawo va ɖo le ɣeɣiɣe si woɖo ɖi la me eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu. 15 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitoto ŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. 16 Elabena medi be mianya fifi be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.” 17 Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe eye ame sia ame nanoe. 18 Elabena nyemagano wain akpɔ o va se ɖe esime mawufiaɖuƒela va.” 19 Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã, si wotsɔ na ɖe mia ta. Miɖui ne miaɖo ŋku dzinye.” 20 Esi woɖu nua vɔ la, egatsɔ wainkplu la na wo eye wògblɔ be, “Esia nye Mawu ƒe nubabla yeye si wòwɔ be yeatsɔ axɔ mi ɖe agbee la ƒe dzesi. Wotre nubabla sia nu kple ʋu si makɔ ɖi abe vɔsasa ɖe mia ta ene. 21 Gake ame aɖe nɔ anyi ɖe kplɔ ŋu afi sia abe mía xɔlɔ̃ ene, evɔ eyae nye ame si adem asi. 22 Ele be Mesia la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!” 23 Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge. 24 Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu. 25 Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe. 26 Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae. 27 Le xexeame la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi. 28 Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me, 29 eye nye la mele fiaɖuƒe ɖo anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene. 30 Miaɖu nu ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.” 31 Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa blii ene. 32 Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamleawo hã eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.” 33 Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò eye maku kpli wò gɔ̃ hã.” 34 Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.” 35 Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la, eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe nane hiã mia?” Woɖo ŋu nɛ be, “Naneke mehiã mi o.” 36 Eyi dzi be, “Azɔ la mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee. 37 Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si wogblɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Woadrɔ̃ ʋɔnui abe nu vɔ̃ wɔla ene.’ Le nyateƒe me, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.” 38 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.” 39 Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le aƒea me heyi Amito la dzi abe ale si wòwɔna ɖaa ene. 40 Le afi sia la egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.” 41 Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko eye wòdze klo do gbe ɖa be, 42 “Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.” 43 Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe, 44 elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be, fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii. 45 Mlɔeba la, etso eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ. 46 Yesu do ɣli gblɔ be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.” 47 Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la ameha aɖe do ɖe wo dzi, Yuda eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene. 48 Gake Yesu biae bena, “Yuda, nu ka tae nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Mesia la asia?” 49 Esi nusrɔ̃la mamleawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “aƒetɔ, miwɔ avu kpli woa? Mietsɔ míaƒe yiawo ɖa asi!” 50 Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na Osɔfogãtɔ ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome. 51 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene. 52 Yesu trɔ ɖe osɔfogãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu eye wòbia wo be, “Adzodalae menye ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém hã? 53 Nu ka tae mielém le gbedoxɔ la me o? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi sia enye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.” 54 Ale wolée eye wokplɔe yi Osɔfogãtɔ ƒeme eye Petro nɔ eyome ʋĩ gbɔna. 55 Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum eye Petro va nɔ wo dome le afi ma. 56 Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.” 57 Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!” 58 Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la ame bubu hã kpɔe eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.” 59 Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elebena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.” 60 Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ. 61 Le ɣeyi ɣi sia me tututu la Yesu trɔ kpɔ Petro dũ. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 62 Petro dzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe xɔxɔnu heyi ɖafa avi vevie. 63 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm, dze fewuɖuɖu le eŋu eye wonɔ eƒom hã. 64 Wotsyɔ nu mo nɛ eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” 65 Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ. 66 Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va wo ƒe ŋkumee. 67 Wogblɔ be, “Nenye woe nye Kristo la, gblɔe na mi.”Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o, 68 eye ne mebia biabia ɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. 69 Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Mesia la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe ɖusime.” 70 Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔ be Mawu Vie yènyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ẽ, Mawu Vie menye abe ale si miegblɔe ene.” 71 Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee wògblɔ be Mawu Vie yenye!”

In Other Versions

Luke 22 in the ANGEFD

Luke 22 in the ANTPNG2D

Luke 22 in the AS21

Luke 22 in the BAGH

Luke 22 in the BBPNG

Luke 22 in the BBT1E

Luke 22 in the BDS

Luke 22 in the BHAD

Luke 22 in the BIB

Luke 22 in the BLPT

Luke 22 in the BNT

Luke 22 in the BNTABOOT

Luke 22 in the BNTLV

Luke 22 in the BOATCB

Luke 22 in the BOATCB2

Luke 22 in the BOBCV

Luke 22 in the BOCNT

Luke 22 in the BOECS

Luke 22 in the BOGWICC

Luke 22 in the BOHCB

Luke 22 in the BOHCV

Luke 22 in the BOHLNT

Luke 22 in the BOHNTLTAL

Luke 22 in the BOICB

Luke 22 in the BOILNTAP

Luke 22 in the BOITCV

Luke 22 in the BOKCV

Luke 22 in the BOKCV2

Luke 22 in the BOKHWOG

Luke 22 in the BOKSSV

Luke 22 in the BOLCB

Luke 22 in the BOLCB2

Luke 22 in the BOMCV

Luke 22 in the BONAV

Luke 22 in the BONCB

Luke 22 in the BONLT

Luke 22 in the BONUT2

Luke 22 in the BOPLNT

Luke 22 in the BOSCB

Luke 22 in the BOSNC

Luke 22 in the BOTLNT

Luke 22 in the BOVCB

Luke 22 in the BOYCB

Luke 22 in the BPBB

Luke 22 in the BPH

Luke 22 in the BSB

Luke 22 in the CCB

Luke 22 in the CUV

Luke 22 in the CUVS

Luke 22 in the DBT

Luke 22 in the DGDNT

Luke 22 in the DHNT

Luke 22 in the DNT

Luke 22 in the ELBE

Luke 22 in the EMTV

Luke 22 in the ESV

Luke 22 in the FBV

Luke 22 in the FEB

Luke 22 in the GGMNT

Luke 22 in the GNT

Luke 22 in the HARY

Luke 22 in the HNT

Luke 22 in the IRVA

Luke 22 in the IRVB

Luke 22 in the IRVG

Luke 22 in the IRVH

Luke 22 in the IRVK

Luke 22 in the IRVM

Luke 22 in the IRVM2

Luke 22 in the IRVO

Luke 22 in the IRVP

Luke 22 in the IRVT

Luke 22 in the IRVT2

Luke 22 in the IRVU

Luke 22 in the ISVN

Luke 22 in the JSNT

Luke 22 in the KAPI

Luke 22 in the KBT1ETNIK

Luke 22 in the KBV

Luke 22 in the KJV

Luke 22 in the KNFD

Luke 22 in the LBA

Luke 22 in the LBLA

Luke 22 in the LNT

Luke 22 in the LSV

Luke 22 in the MAAL

Luke 22 in the MBV

Luke 22 in the MBV2

Luke 22 in the MHNT

Luke 22 in the MKNFD

Luke 22 in the MNG

Luke 22 in the MNT

Luke 22 in the MNT2

Luke 22 in the MRS1T

Luke 22 in the NAA

Luke 22 in the NASB

Luke 22 in the NBLA

Luke 22 in the NBS

Luke 22 in the NBVTP

Luke 22 in the NET2

Luke 22 in the NIV11

Luke 22 in the NNT

Luke 22 in the NNT2

Luke 22 in the NNT3

Luke 22 in the PDDPT

Luke 22 in the PFNT

Luke 22 in the RMNT

Luke 22 in the SBIAS

Luke 22 in the SBIBS

Luke 22 in the SBIBS2

Luke 22 in the SBICS

Luke 22 in the SBIDS

Luke 22 in the SBIGS

Luke 22 in the SBIHS

Luke 22 in the SBIIS

Luke 22 in the SBIIS2

Luke 22 in the SBIIS3

Luke 22 in the SBIKS

Luke 22 in the SBIKS2

Luke 22 in the SBIMS

Luke 22 in the SBIOS

Luke 22 in the SBIPS

Luke 22 in the SBISS

Luke 22 in the SBITS

Luke 22 in the SBITS2

Luke 22 in the SBITS3

Luke 22 in the SBITS4

Luke 22 in the SBIUS

Luke 22 in the SBIVS

Luke 22 in the SBT

Luke 22 in the SBT1E

Luke 22 in the SCHL

Luke 22 in the SNT

Luke 22 in the SUSU

Luke 22 in the SUSU2

Luke 22 in the SYNO

Luke 22 in the TBIAOTANT

Luke 22 in the TBT1E

Luke 22 in the TBT1E2

Luke 22 in the TFTIP

Luke 22 in the TFTU

Luke 22 in the TGNTATF3T

Luke 22 in the THAI

Luke 22 in the TNFD

Luke 22 in the TNT

Luke 22 in the TNTIK

Luke 22 in the TNTIL

Luke 22 in the TNTIN

Luke 22 in the TNTIP

Luke 22 in the TNTIZ

Luke 22 in the TOMA

Luke 22 in the TTENT

Luke 22 in the UBG

Luke 22 in the UGV

Luke 22 in the UGV2

Luke 22 in the UGV3

Luke 22 in the VBL

Luke 22 in the VDCC

Luke 22 in the YALU

Luke 22 in the YAPE

Luke 22 in the YBVTP

Luke 22 in the ZBP