Luke 9 (BEV)

1 Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. 2 Le esia megbe la edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi. 3 Ede se na wo be, “Migatsɔ atizɔti teti hã ɖe asi o. 4 Ne mieɖo du aɖe me la midze aƒe ɖeka ko me. 5 Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la ekema mi ʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.” 6 Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyuanyui la kakam eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu. 7 Esi Herodes, si nye gɔvina la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” 8 Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Nya siawo ƒomevi nɔ ɖiɖim le anyigba blibo la me. 9 Le esia ta Herodes gblɔ na eɖokui be; “Nye ŋutɔe tso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye sia esi ŋu mele nya wɔ nuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu. 10 Apostoloawo trɔ gbɔ va gblɔ ale si wode dɔ si gbe wòɖo wo ɖa la na Yesu. Emegbe la Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. 11 Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome. 12 Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.” 13 Yesu ɖo eŋu na wò be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Ale ke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le miawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be miayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?” 14 Wogblɔ esia elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃. Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” 15 ale ameha la nɔ anyi nenema. 16 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. 17 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me. 18 Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?” 19 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.” 20 Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!” 21 Ke ede se na wo vevie bena womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o. 22 Eyi dzi gblɔ na wo be, “Ele be nye Mesia la makpe fu geɖe. Yudatɔwo ƒe dumegãwo, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo agbe nu le gbɔnye. Woawum, ke magagbɔ agbe le ŋkeke etɔ̃a gbe.” 23 Egblɔ na wo be, “Ame si di bena yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atsitsoga gbe sia gbe eye wòanɔ ŋunye ɖaa. 24 Ame si tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe tanye la; aɖee boŋ, ke ame si adi vevie be yeaɖe yeƒe agbe la abui.” 25 Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe? 26 “Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be, ne nye amegbetɔvi la, metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlam la, ekema nye hã makpe ŋu le nenema me siawo ŋu. 27 “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsi tre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!” 28 Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi afi si wòɖo be yeado gbeɖa le. 29 Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. 30 Ŋutsu eve, Mose kple Eliya, 31 do kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu. 32 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. 33 Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o. 34 Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, alilĩkpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. 35 Gbe aɖe ɖi tso alilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, míɖo toe!” 36 Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe. 37 Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. 38 Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la, kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsuvi si le afi sia la koe nye vi le asinye. 39 Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣesiaɣi kloe eye menana wòkpɔ vovo kura o. 40 Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme gake womete ŋui o.” 41 Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O mi dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi. Ɣekaɣi manɔ mia gbɔ eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwòŋutsuvi la va afi.” 42 Esi ŋutsuvi gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. 43 Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be, 44 “Miɖo to afii eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe tame. Wole nye Mesia la de ge asi.” 45 Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ nu woƒe susuwo dzi, gawu la wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase. 46 Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu. 47 Ke Yesu nya nya si ʋlim nusrɔ̃lawo nɔ eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. 48 Eye wògblɔ na wo be, “Ame si akpɔ ɖevi sue abe esia ƒomevi ene dzi la, ekema nye dzie ma wòkpɔ. Ke ame si le dzinye kpɔm la, Mawu si dɔm ɖa lae ma dzi kpɔm wòle. Ale si miekpɔa ame bubuwo dzii lae woakpɔ hafi anya miaƒe gãnyenye.” 49 Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.” 50 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.” 51 Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo tame kplikpaa ɖo ta Yerusalem, 52 eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava. 53 Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ amedɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta. 54 Esi wova gblɔ nyaa na Yesu la, Yakobo kple Yohanes gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míaɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fĩa wo oa?” 55 Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ eye wògbe nya na wo gblɔ be, “Alo ɖe mienya gbɔgbɔ si tɔgbi tɔ mienye oa maha? Elabena Amegbetɔvi la meva be yeatsrɔ̃ amewo o, ke boŋ bena yeaɖe wo.” 56 Ale wodzo yi kɔƒe bubu me. 57 Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ bena, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nayi.” 58 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyae be, afi si maziɔ nye ta ɖo teti hã mele asinye o. Abeiwo la do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã atɔ le wo si wodɔa eme, gake nye ame si nye Mesia la, dɔƒe aɖeke kura mele asinye le xexeame o.” 59 Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖeɖi Fofonye gbã hafi.” 60 Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.” 61 Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme gake na mayi aɖakla nye ƒometɔwo gbã hafi mava.” 62 Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si ɖea eƒe susu ɖa le dɔ si meɖo nɛ ŋu la, medze na mawufiaɖuƒe la me yiyi o.”

In Other Versions

Luke 9 in the ANGEFD

Luke 9 in the ANTPNG2D

Luke 9 in the AS21

Luke 9 in the BAGH

Luke 9 in the BBPNG

Luke 9 in the BBT1E

Luke 9 in the BDS

Luke 9 in the BHAD

Luke 9 in the BIB

Luke 9 in the BLPT

Luke 9 in the BNT

Luke 9 in the BNTABOOT

Luke 9 in the BNTLV

Luke 9 in the BOATCB

Luke 9 in the BOATCB2

Luke 9 in the BOBCV

Luke 9 in the BOCNT

Luke 9 in the BOECS

Luke 9 in the BOGWICC

Luke 9 in the BOHCB

Luke 9 in the BOHCV

Luke 9 in the BOHLNT

Luke 9 in the BOHNTLTAL

Luke 9 in the BOICB

Luke 9 in the BOILNTAP

Luke 9 in the BOITCV

Luke 9 in the BOKCV

Luke 9 in the BOKCV2

Luke 9 in the BOKHWOG

Luke 9 in the BOKSSV

Luke 9 in the BOLCB

Luke 9 in the BOLCB2

Luke 9 in the BOMCV

Luke 9 in the BONAV

Luke 9 in the BONCB

Luke 9 in the BONLT

Luke 9 in the BONUT2

Luke 9 in the BOPLNT

Luke 9 in the BOSCB

Luke 9 in the BOSNC

Luke 9 in the BOTLNT

Luke 9 in the BOVCB

Luke 9 in the BOYCB

Luke 9 in the BPBB

Luke 9 in the BPH

Luke 9 in the BSB

Luke 9 in the CCB

Luke 9 in the CUV

Luke 9 in the CUVS

Luke 9 in the DBT

Luke 9 in the DGDNT

Luke 9 in the DHNT

Luke 9 in the DNT

Luke 9 in the ELBE

Luke 9 in the EMTV

Luke 9 in the ESV

Luke 9 in the FBV

Luke 9 in the FEB

Luke 9 in the GGMNT

Luke 9 in the GNT

Luke 9 in the HARY

Luke 9 in the HNT

Luke 9 in the IRVA

Luke 9 in the IRVB

Luke 9 in the IRVG

Luke 9 in the IRVH

Luke 9 in the IRVK

Luke 9 in the IRVM

Luke 9 in the IRVM2

Luke 9 in the IRVO

Luke 9 in the IRVP

Luke 9 in the IRVT

Luke 9 in the IRVT2

Luke 9 in the IRVU

Luke 9 in the ISVN

Luke 9 in the JSNT

Luke 9 in the KAPI

Luke 9 in the KBT1ETNIK

Luke 9 in the KBV

Luke 9 in the KJV

Luke 9 in the KNFD

Luke 9 in the LBA

Luke 9 in the LBLA

Luke 9 in the LNT

Luke 9 in the LSV

Luke 9 in the MAAL

Luke 9 in the MBV

Luke 9 in the MBV2

Luke 9 in the MHNT

Luke 9 in the MKNFD

Luke 9 in the MNG

Luke 9 in the MNT

Luke 9 in the MNT2

Luke 9 in the MRS1T

Luke 9 in the NAA

Luke 9 in the NASB

Luke 9 in the NBLA

Luke 9 in the NBS

Luke 9 in the NBVTP

Luke 9 in the NET2

Luke 9 in the NIV11

Luke 9 in the NNT

Luke 9 in the NNT2

Luke 9 in the NNT3

Luke 9 in the PDDPT

Luke 9 in the PFNT

Luke 9 in the RMNT

Luke 9 in the SBIAS

Luke 9 in the SBIBS

Luke 9 in the SBIBS2

Luke 9 in the SBICS

Luke 9 in the SBIDS

Luke 9 in the SBIGS

Luke 9 in the SBIHS

Luke 9 in the SBIIS

Luke 9 in the SBIIS2

Luke 9 in the SBIIS3

Luke 9 in the SBIKS

Luke 9 in the SBIKS2

Luke 9 in the SBIMS

Luke 9 in the SBIOS

Luke 9 in the SBIPS

Luke 9 in the SBISS

Luke 9 in the SBITS

Luke 9 in the SBITS2

Luke 9 in the SBITS3

Luke 9 in the SBITS4

Luke 9 in the SBIUS

Luke 9 in the SBIVS

Luke 9 in the SBT

Luke 9 in the SBT1E

Luke 9 in the SCHL

Luke 9 in the SNT

Luke 9 in the SUSU

Luke 9 in the SUSU2

Luke 9 in the SYNO

Luke 9 in the TBIAOTANT

Luke 9 in the TBT1E

Luke 9 in the TBT1E2

Luke 9 in the TFTIP

Luke 9 in the TFTU

Luke 9 in the TGNTATF3T

Luke 9 in the THAI

Luke 9 in the TNFD

Luke 9 in the TNT

Luke 9 in the TNTIK

Luke 9 in the TNTIL

Luke 9 in the TNTIN

Luke 9 in the TNTIP

Luke 9 in the TNTIZ

Luke 9 in the TOMA

Luke 9 in the TTENT

Luke 9 in the UBG

Luke 9 in the UGV

Luke 9 in the UGV2

Luke 9 in the UGV3

Luke 9 in the VBL

Luke 9 in the VDCC

Luke 9 in the YALU

Luke 9 in the YAPE

Luke 9 in the YBVTP

Luke 9 in the ZBP