Matthew 25 (BEV)

1 “Miatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya atsɔ asɔ kple dziƒofiaɖuƒe lae. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2 Wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. 3 Abunetɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4 K nunyalawo ya tsɔ ami kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. 5 “Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃a tsi megbe ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃. 6 Ke le zã titina la ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’ 7 “Ɖetugbiawo katã fɔ eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8 Tete abunetɔawo gblɔ na nunyalawo be ‘mina miaƒe amia ƒe ɖe mí’ elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim. 9 “Gake woɖo eŋu na abunetɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o eya ta miyi ne miadze ɖe ne mia ɖokuiwo.’ 10 “Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒea kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu. 11 “Emegbe ɖetugbi abunetɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be. ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’ 12 “Aƒetɔ, la ɖo eŋu na wo bena, ‘Midzo le afi ma miayi, elabena mietsi megbe!’ 13 “Eya ta minɔ ŋudzɔ eye miadzra ɖo elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o. 14 “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi. Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsamii va se ɖe esime yeagbɔ. 15 “Etsɔ Sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ Sidi akpe eve na ame evelia eye wòtsɔ Sidi akple ɖeka na eme etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. 16 Ame si xɔ Sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ Sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17 Ame si xɔ Sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ eye wogakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi. 18 “Ke ame si xɔ Sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do eye wòtsɔ ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie. 19 “Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20 Ame si wòtsɔ Sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ Sidi akpe ewo vɛ nɛ. 21 “Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la bena, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ eya ta tso azɔ dzi la matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim. 22 “Ame si xɔ Sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔa bena, ‘Aƒetɔ, ètsɔ Sisi akpe eve nam, gake megakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’ 23 “Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee ma nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le gã home sue sia ŋudɔwɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’ 24 “Ame si xɔ Sidi akpe ɖeka hã va do eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ menyae bena wò nya ɖe wòse, eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o eye neƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, 25 ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe gã la dzi la axɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla eye esi nèva la mehee ɖe go. Eyae nye esi.’ 26 “Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o eye esi nènyae hã be mele viɖe bia ge ɖe gaa dzi la, 27 ele na wò be nàtsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam. 28 Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si eye miatsɔe na ame si si Sidi akpe ewo le la. 29 Elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋudɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũ. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi. 30 Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’ 31 “Ne nye Mesia la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. 32 Ekema dukɔ siwo katã le xexeame alo ame siwo katã le xexeame la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme. Eye mamã ameawo me ɖe akpa eve, abe ale si alẽkplɔla ma alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33 Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃wo anɔ nye miame. 34 “Ekema Nye, Fia la magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime bena, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe Fiaɖuƒe si wòdzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzeame ke la me. 35 Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. 36 Awu menɔ ŋunye o gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me eye mieɖi tsa va gbɔnye. 37 “Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie miekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsi kɔ wuwòm míena tsi wò nèno kpɔ? 38 Ɣekaɣie nèva dze mí abe amedzro ene? 39 Eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣekaɣie wode wò mɔ alo nedze dɔ eye mieva kpɔ wò ɖa?’ 40 “Eye nye Fia la maɖo eŋu na wo bena, ‘Esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’ 41 “Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me. 42 Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o. 43 Meva dze mi abe amedzro ene gake miexɔm o, menɔ amama gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ gake mieva kpɔm ɖa o, wodem mɔ gake medzro mi be miava do gbe teti nam o.’ 44 “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò bena, dɔ le wuwom, alo tsikɔ le wuwòm eye míekpɔ gbɔwò o? Ɣekaɣie nèdze míagbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nele gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o? 45 “Ale maɖo eŋu na wo bena, ‘Esime miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti o la nyee nye ema miewɔ wo na o.’ 46 “Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”

In Other Versions

Matthew 25 in the ANGEFD

Matthew 25 in the ANTPNG2D

Matthew 25 in the AS21

Matthew 25 in the BAGH

Matthew 25 in the BBPNG

Matthew 25 in the BBT1E

Matthew 25 in the BDS

Matthew 25 in the BHAD

Matthew 25 in the BIB

Matthew 25 in the BLPT

Matthew 25 in the BNT

Matthew 25 in the BNTABOOT

Matthew 25 in the BNTLV

Matthew 25 in the BOATCB

Matthew 25 in the BOATCB2

Matthew 25 in the BOBCV

Matthew 25 in the BOCNT

Matthew 25 in the BOECS

Matthew 25 in the BOGWICC

Matthew 25 in the BOHCB

Matthew 25 in the BOHCV

Matthew 25 in the BOHLNT

Matthew 25 in the BOHNTLTAL

Matthew 25 in the BOICB

Matthew 25 in the BOILNTAP

Matthew 25 in the BOITCV

Matthew 25 in the BOKCV

Matthew 25 in the BOKCV2

Matthew 25 in the BOKHWOG

Matthew 25 in the BOKSSV

Matthew 25 in the BOLCB

Matthew 25 in the BOLCB2

Matthew 25 in the BOMCV

Matthew 25 in the BONAV

Matthew 25 in the BONCB

Matthew 25 in the BONLT

Matthew 25 in the BONUT2

Matthew 25 in the BOPLNT

Matthew 25 in the BOSCB

Matthew 25 in the BOSNC

Matthew 25 in the BOTLNT

Matthew 25 in the BOVCB

Matthew 25 in the BOYCB

Matthew 25 in the BPBB

Matthew 25 in the BPH

Matthew 25 in the BSB

Matthew 25 in the CCB

Matthew 25 in the CUV

Matthew 25 in the CUVS

Matthew 25 in the DBT

Matthew 25 in the DGDNT

Matthew 25 in the DHNT

Matthew 25 in the DNT

Matthew 25 in the ELBE

Matthew 25 in the EMTV

Matthew 25 in the ESV

Matthew 25 in the FBV

Matthew 25 in the FEB

Matthew 25 in the GGMNT

Matthew 25 in the GNT

Matthew 25 in the HARY

Matthew 25 in the HNT

Matthew 25 in the IRVA

Matthew 25 in the IRVB

Matthew 25 in the IRVG

Matthew 25 in the IRVH

Matthew 25 in the IRVK

Matthew 25 in the IRVM

Matthew 25 in the IRVM2

Matthew 25 in the IRVO

Matthew 25 in the IRVP

Matthew 25 in the IRVT

Matthew 25 in the IRVT2

Matthew 25 in the IRVU

Matthew 25 in the ISVN

Matthew 25 in the JSNT

Matthew 25 in the KAPI

Matthew 25 in the KBT1ETNIK

Matthew 25 in the KBV

Matthew 25 in the KJV

Matthew 25 in the KNFD

Matthew 25 in the LBA

Matthew 25 in the LBLA

Matthew 25 in the LNT

Matthew 25 in the LSV

Matthew 25 in the MAAL

Matthew 25 in the MBV

Matthew 25 in the MBV2

Matthew 25 in the MHNT

Matthew 25 in the MKNFD

Matthew 25 in the MNG

Matthew 25 in the MNT

Matthew 25 in the MNT2

Matthew 25 in the MRS1T

Matthew 25 in the NAA

Matthew 25 in the NASB

Matthew 25 in the NBLA

Matthew 25 in the NBS

Matthew 25 in the NBVTP

Matthew 25 in the NET2

Matthew 25 in the NIV11

Matthew 25 in the NNT

Matthew 25 in the NNT2

Matthew 25 in the NNT3

Matthew 25 in the PDDPT

Matthew 25 in the PFNT

Matthew 25 in the RMNT

Matthew 25 in the SBIAS

Matthew 25 in the SBIBS

Matthew 25 in the SBIBS2

Matthew 25 in the SBICS

Matthew 25 in the SBIDS

Matthew 25 in the SBIGS

Matthew 25 in the SBIHS

Matthew 25 in the SBIIS

Matthew 25 in the SBIIS2

Matthew 25 in the SBIIS3

Matthew 25 in the SBIKS

Matthew 25 in the SBIKS2

Matthew 25 in the SBIMS

Matthew 25 in the SBIOS

Matthew 25 in the SBIPS

Matthew 25 in the SBISS

Matthew 25 in the SBITS

Matthew 25 in the SBITS2

Matthew 25 in the SBITS3

Matthew 25 in the SBITS4

Matthew 25 in the SBIUS

Matthew 25 in the SBIVS

Matthew 25 in the SBT

Matthew 25 in the SBT1E

Matthew 25 in the SCHL

Matthew 25 in the SNT

Matthew 25 in the SUSU

Matthew 25 in the SUSU2

Matthew 25 in the SYNO

Matthew 25 in the TBIAOTANT

Matthew 25 in the TBT1E

Matthew 25 in the TBT1E2

Matthew 25 in the TFTIP

Matthew 25 in the TFTU

Matthew 25 in the TGNTATF3T

Matthew 25 in the THAI

Matthew 25 in the TNFD

Matthew 25 in the TNT

Matthew 25 in the TNTIK

Matthew 25 in the TNTIL

Matthew 25 in the TNTIN

Matthew 25 in the TNTIP

Matthew 25 in the TNTIZ

Matthew 25 in the TOMA

Matthew 25 in the TTENT

Matthew 25 in the UBG

Matthew 25 in the UGV

Matthew 25 in the UGV2

Matthew 25 in the UGV3

Matthew 25 in the VBL

Matthew 25 in the VDCC

Matthew 25 in the YALU

Matthew 25 in the YAPE

Matthew 25 in the YBVTP

Matthew 25 in the ZBP