Titus 3 (BEV)

1 Ɖo ŋku edzi na wò amewo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣesiaɣi. 2 Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo eye woabu ame sia ame. 3 Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí eye míezu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo eye woawo hã lé fu mí. 4 Ke esi ɣeyiɣia de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, 5 eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. 6 Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi eye wona wosɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, 7 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. 8 Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame. 9 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ. 10 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o, 11 elabena ame ma tɔgbi medaa asixɔxɔ vavãtɔ ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm eye eya ŋutɔ nya nenema. 12 Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔlia me. 13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zena, senyala la, kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo. 14 Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nyuiwɔwɔ me ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo eye womanɔ agbe maɖevi o. 15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.

In Other Versions

Titus 3 in the ANGEFD

Titus 3 in the ANTPNG2D

Titus 3 in the AS21

Titus 3 in the BAGH

Titus 3 in the BBPNG

Titus 3 in the BBT1E

Titus 3 in the BDS

Titus 3 in the BHAD

Titus 3 in the BIB

Titus 3 in the BLPT

Titus 3 in the BNT

Titus 3 in the BNTABOOT

Titus 3 in the BNTLV

Titus 3 in the BOATCB

Titus 3 in the BOATCB2

Titus 3 in the BOBCV

Titus 3 in the BOCNT

Titus 3 in the BOECS

Titus 3 in the BOGWICC

Titus 3 in the BOHCB

Titus 3 in the BOHCV

Titus 3 in the BOHLNT

Titus 3 in the BOHNTLTAL

Titus 3 in the BOICB

Titus 3 in the BOILNTAP

Titus 3 in the BOITCV

Titus 3 in the BOKCV

Titus 3 in the BOKCV2

Titus 3 in the BOKHWOG

Titus 3 in the BOKSSV

Titus 3 in the BOLCB

Titus 3 in the BOLCB2

Titus 3 in the BOMCV

Titus 3 in the BONAV

Titus 3 in the BONCB

Titus 3 in the BONLT

Titus 3 in the BONUT2

Titus 3 in the BOPLNT

Titus 3 in the BOSCB

Titus 3 in the BOSNC

Titus 3 in the BOTLNT

Titus 3 in the BOVCB

Titus 3 in the BOYCB

Titus 3 in the BPBB

Titus 3 in the BPH

Titus 3 in the BSB

Titus 3 in the CCB

Titus 3 in the CUV

Titus 3 in the CUVS

Titus 3 in the DBT

Titus 3 in the DGDNT

Titus 3 in the DHNT

Titus 3 in the DNT

Titus 3 in the ELBE

Titus 3 in the EMTV

Titus 3 in the ESV

Titus 3 in the FBV

Titus 3 in the FEB

Titus 3 in the GGMNT

Titus 3 in the GNT

Titus 3 in the HARY

Titus 3 in the HNT

Titus 3 in the IRVA

Titus 3 in the IRVB

Titus 3 in the IRVG

Titus 3 in the IRVH

Titus 3 in the IRVK

Titus 3 in the IRVM

Titus 3 in the IRVM2

Titus 3 in the IRVO

Titus 3 in the IRVP

Titus 3 in the IRVT

Titus 3 in the IRVT2

Titus 3 in the IRVU

Titus 3 in the ISVN

Titus 3 in the JSNT

Titus 3 in the KAPI

Titus 3 in the KBT1ETNIK

Titus 3 in the KBV

Titus 3 in the KJV

Titus 3 in the KNFD

Titus 3 in the LBA

Titus 3 in the LBLA

Titus 3 in the LNT

Titus 3 in the LSV

Titus 3 in the MAAL

Titus 3 in the MBV

Titus 3 in the MBV2

Titus 3 in the MHNT

Titus 3 in the MKNFD

Titus 3 in the MNG

Titus 3 in the MNT

Titus 3 in the MNT2

Titus 3 in the MRS1T

Titus 3 in the NAA

Titus 3 in the NASB

Titus 3 in the NBLA

Titus 3 in the NBS

Titus 3 in the NBVTP

Titus 3 in the NET2

Titus 3 in the NIV11

Titus 3 in the NNT

Titus 3 in the NNT2

Titus 3 in the NNT3

Titus 3 in the PDDPT

Titus 3 in the PFNT

Titus 3 in the RMNT

Titus 3 in the SBIAS

Titus 3 in the SBIBS

Titus 3 in the SBIBS2

Titus 3 in the SBICS

Titus 3 in the SBIDS

Titus 3 in the SBIGS

Titus 3 in the SBIHS

Titus 3 in the SBIIS

Titus 3 in the SBIIS2

Titus 3 in the SBIIS3

Titus 3 in the SBIKS

Titus 3 in the SBIKS2

Titus 3 in the SBIMS

Titus 3 in the SBIOS

Titus 3 in the SBIPS

Titus 3 in the SBISS

Titus 3 in the SBITS

Titus 3 in the SBITS2

Titus 3 in the SBITS3

Titus 3 in the SBITS4

Titus 3 in the SBIUS

Titus 3 in the SBIVS

Titus 3 in the SBT

Titus 3 in the SBT1E

Titus 3 in the SCHL

Titus 3 in the SNT

Titus 3 in the SUSU

Titus 3 in the SUSU2

Titus 3 in the SYNO

Titus 3 in the TBIAOTANT

Titus 3 in the TBT1E

Titus 3 in the TBT1E2

Titus 3 in the TFTIP

Titus 3 in the TFTU

Titus 3 in the TGNTATF3T

Titus 3 in the THAI

Titus 3 in the TNFD

Titus 3 in the TNT

Titus 3 in the TNTIK

Titus 3 in the TNTIL

Titus 3 in the TNTIN

Titus 3 in the TNTIP

Titus 3 in the TNTIZ

Titus 3 in the TOMA

Titus 3 in the TTENT

Titus 3 in the UBG

Titus 3 in the UGV

Titus 3 in the UGV2

Titus 3 in the UGV3

Titus 3 in the VBL

Titus 3 in the VDCC

Titus 3 in the YALU

Titus 3 in the YAPE

Titus 3 in the YBVTP

Titus 3 in the ZBP