1 Kings 11 (BOECS)

1 Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo. 2 Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo akplɔ wo ade mawu bubuwo subɔsubɔ me hã la, Solomo ya ɖe wo. 3 Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu, 4 vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe. 5 Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la. 6 Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o. 7 Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã. 8 Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo. 9 Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu. 10 Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o. 11 Ale Yehowa gblɔ na Solomo be, “Esi wònye esiae nye wò nɔnɔme eye mèzɔ ɖe nye nubabla kple nye se siwo mede na wò nu o ta la, maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò kokoko eye matsɔe na tewòviwo dometɔ ɖeka. 12 Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si. 13 Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.” 14 Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom. 15 Ƒe geɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔ sia, esi David kplɔ Yoab yi Edom be yewoaɖi Israelvi aɖewo, ame siwo ku le aʋa me la, Israelviwo wu ŋutsuwo katã kloe le Edomnyigba blibo la dzi. 16 Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ. 17 Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte. 18 Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo. 19 Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe. 20 Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome. 21 Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom. 22 Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?”Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.” 23 Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi. 24 Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko. 25 Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi. 26 Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua. 27 Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo. 28 Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu. 29 Gbe ɖeka esi Yeroboam nɔ dzodzom le Yerusalem la, Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo do goe. Ahiya do awu ʋlaya yeye aɖe na gbe ma gbe ƒe wɔnawo. Ahiya do go Yeroboam eye wòɖee ɖe aga be yeaƒo nu kplii. Esi wo ame eve la nɔ gbedzi la, 30 Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me. 31 Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò! 32 Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta 33 elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o. 34 “ ‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. 35 Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò. 36 Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta. 37 Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo. 38 Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ. 39 Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’ ” 40 Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku. 41 Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me. 42 Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. 43 Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

1 Kings 11 in the ANGEFD

1 Kings 11 in the ANTPNG2D

1 Kings 11 in the AS21

1 Kings 11 in the BAGH

1 Kings 11 in the BBPNG

1 Kings 11 in the BBT1E

1 Kings 11 in the BDS

1 Kings 11 in the BEV

1 Kings 11 in the BHAD

1 Kings 11 in the BIB

1 Kings 11 in the BLPT

1 Kings 11 in the BNT

1 Kings 11 in the BNTABOOT

1 Kings 11 in the BNTLV

1 Kings 11 in the BOATCB

1 Kings 11 in the BOATCB2

1 Kings 11 in the BOBCV

1 Kings 11 in the BOCNT

1 Kings 11 in the BOGWICC

1 Kings 11 in the BOHCB

1 Kings 11 in the BOHCV

1 Kings 11 in the BOHLNT

1 Kings 11 in the BOHNTLTAL

1 Kings 11 in the BOICB

1 Kings 11 in the BOILNTAP

1 Kings 11 in the BOITCV

1 Kings 11 in the BOKCV

1 Kings 11 in the BOKCV2

1 Kings 11 in the BOKHWOG

1 Kings 11 in the BOKSSV

1 Kings 11 in the BOLCB

1 Kings 11 in the BOLCB2

1 Kings 11 in the BOMCV

1 Kings 11 in the BONAV

1 Kings 11 in the BONCB

1 Kings 11 in the BONLT

1 Kings 11 in the BONUT2

1 Kings 11 in the BOPLNT

1 Kings 11 in the BOSCB

1 Kings 11 in the BOSNC

1 Kings 11 in the BOTLNT

1 Kings 11 in the BOVCB

1 Kings 11 in the BOYCB

1 Kings 11 in the BPBB

1 Kings 11 in the BPH

1 Kings 11 in the BSB

1 Kings 11 in the CCB

1 Kings 11 in the CUV

1 Kings 11 in the CUVS

1 Kings 11 in the DBT

1 Kings 11 in the DGDNT

1 Kings 11 in the DHNT

1 Kings 11 in the DNT

1 Kings 11 in the ELBE

1 Kings 11 in the EMTV

1 Kings 11 in the ESV

1 Kings 11 in the FBV

1 Kings 11 in the FEB

1 Kings 11 in the GGMNT

1 Kings 11 in the GNT

1 Kings 11 in the HARY

1 Kings 11 in the HNT

1 Kings 11 in the IRVA

1 Kings 11 in the IRVB

1 Kings 11 in the IRVG

1 Kings 11 in the IRVH

1 Kings 11 in the IRVK

1 Kings 11 in the IRVM

1 Kings 11 in the IRVM2

1 Kings 11 in the IRVO

1 Kings 11 in the IRVP

1 Kings 11 in the IRVT

1 Kings 11 in the IRVT2

1 Kings 11 in the IRVU

1 Kings 11 in the ISVN

1 Kings 11 in the JSNT

1 Kings 11 in the KAPI

1 Kings 11 in the KBT1ETNIK

1 Kings 11 in the KBV

1 Kings 11 in the KJV

1 Kings 11 in the KNFD

1 Kings 11 in the LBA

1 Kings 11 in the LBLA

1 Kings 11 in the LNT

1 Kings 11 in the LSV

1 Kings 11 in the MAAL

1 Kings 11 in the MBV

1 Kings 11 in the MBV2

1 Kings 11 in the MHNT

1 Kings 11 in the MKNFD

1 Kings 11 in the MNG

1 Kings 11 in the MNT

1 Kings 11 in the MNT2

1 Kings 11 in the MRS1T

1 Kings 11 in the NAA

1 Kings 11 in the NASB

1 Kings 11 in the NBLA

1 Kings 11 in the NBS

1 Kings 11 in the NBVTP

1 Kings 11 in the NET2

1 Kings 11 in the NIV11

1 Kings 11 in the NNT

1 Kings 11 in the NNT2

1 Kings 11 in the NNT3

1 Kings 11 in the PDDPT

1 Kings 11 in the PFNT

1 Kings 11 in the RMNT

1 Kings 11 in the SBIAS

1 Kings 11 in the SBIBS

1 Kings 11 in the SBIBS2

1 Kings 11 in the SBICS

1 Kings 11 in the SBIDS

1 Kings 11 in the SBIGS

1 Kings 11 in the SBIHS

1 Kings 11 in the SBIIS

1 Kings 11 in the SBIIS2

1 Kings 11 in the SBIIS3

1 Kings 11 in the SBIKS

1 Kings 11 in the SBIKS2

1 Kings 11 in the SBIMS

1 Kings 11 in the SBIOS

1 Kings 11 in the SBIPS

1 Kings 11 in the SBISS

1 Kings 11 in the SBITS

1 Kings 11 in the SBITS2

1 Kings 11 in the SBITS3

1 Kings 11 in the SBITS4

1 Kings 11 in the SBIUS

1 Kings 11 in the SBIVS

1 Kings 11 in the SBT

1 Kings 11 in the SBT1E

1 Kings 11 in the SCHL

1 Kings 11 in the SNT

1 Kings 11 in the SUSU

1 Kings 11 in the SUSU2

1 Kings 11 in the SYNO

1 Kings 11 in the TBIAOTANT

1 Kings 11 in the TBT1E

1 Kings 11 in the TBT1E2

1 Kings 11 in the TFTIP

1 Kings 11 in the TFTU

1 Kings 11 in the TGNTATF3T

1 Kings 11 in the THAI

1 Kings 11 in the TNFD

1 Kings 11 in the TNT

1 Kings 11 in the TNTIK

1 Kings 11 in the TNTIL

1 Kings 11 in the TNTIN

1 Kings 11 in the TNTIP

1 Kings 11 in the TNTIZ

1 Kings 11 in the TOMA

1 Kings 11 in the TTENT

1 Kings 11 in the UBG

1 Kings 11 in the UGV

1 Kings 11 in the UGV2

1 Kings 11 in the UGV3

1 Kings 11 in the VBL

1 Kings 11 in the VDCC

1 Kings 11 in the YALU

1 Kings 11 in the YAPE

1 Kings 11 in the YBVTP

1 Kings 11 in the ZBP