1 Kings 16 (BOECS)

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be, 2 “Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo, 3 eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene. 4 Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.” 5 Woŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe si Baasa wɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 6 Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe. 7 Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta. 8 Ela, Baasa ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adelia me. Eɖu fia ƒe eve ko. 9 Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la, 10 Zimri zɔ tẽe ɖatɔ nue ƒu anyi eye wòku. Nya sia dzɔ le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me. Zimri tsɔ eɖokui ɖo Israel fiae ɖe eteƒe. 11 Ewu Fia Baasa ƒe ƒometɔwo katã enumake eye megblẽ ŋutsu ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖi o. Ewu eƒe ƒometɔ siwo mete ɖe eŋu tututu o kple exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã. 12 Baasa ƒe ƒometɔ siawo wuwu na nya si Yehowa gblɔ da ɖi to Nyagblɔɖila Yehu dzi la va eme. 13 Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. 14 Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Ela ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 15 Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa. 16 Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me. 17 Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu. 18 Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me. 19 Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me. 20 Woŋlɔ Zimri ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nugbeɖoɖo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 21 Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi. 22 Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o. 23 Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza. 24 Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria. 25 Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. 26 Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me. 27 Woŋlɔ Omri ƒe ŋutinya ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 28 Esi Omri ku la, woɖii ɖe Samaria eye Via ŋutsu Ahab zu fia ɖe eteƒe. 29 Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve. 30 Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe! 31 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me. 32 Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria. 33 Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ. 34 Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu.

In Other Versions

1 Kings 16 in the ANGEFD

1 Kings 16 in the ANTPNG2D

1 Kings 16 in the AS21

1 Kings 16 in the BAGH

1 Kings 16 in the BBPNG

1 Kings 16 in the BBT1E

1 Kings 16 in the BDS

1 Kings 16 in the BEV

1 Kings 16 in the BHAD

1 Kings 16 in the BIB

1 Kings 16 in the BLPT

1 Kings 16 in the BNT

1 Kings 16 in the BNTABOOT

1 Kings 16 in the BNTLV

1 Kings 16 in the BOATCB

1 Kings 16 in the BOATCB2

1 Kings 16 in the BOBCV

1 Kings 16 in the BOCNT

1 Kings 16 in the BOGWICC

1 Kings 16 in the BOHCB

1 Kings 16 in the BOHCV

1 Kings 16 in the BOHLNT

1 Kings 16 in the BOHNTLTAL

1 Kings 16 in the BOICB

1 Kings 16 in the BOILNTAP

1 Kings 16 in the BOITCV

1 Kings 16 in the BOKCV

1 Kings 16 in the BOKCV2

1 Kings 16 in the BOKHWOG

1 Kings 16 in the BOKSSV

1 Kings 16 in the BOLCB

1 Kings 16 in the BOLCB2

1 Kings 16 in the BOMCV

1 Kings 16 in the BONAV

1 Kings 16 in the BONCB

1 Kings 16 in the BONLT

1 Kings 16 in the BONUT2

1 Kings 16 in the BOPLNT

1 Kings 16 in the BOSCB

1 Kings 16 in the BOSNC

1 Kings 16 in the BOTLNT

1 Kings 16 in the BOVCB

1 Kings 16 in the BOYCB

1 Kings 16 in the BPBB

1 Kings 16 in the BPH

1 Kings 16 in the BSB

1 Kings 16 in the CCB

1 Kings 16 in the CUV

1 Kings 16 in the CUVS

1 Kings 16 in the DBT

1 Kings 16 in the DGDNT

1 Kings 16 in the DHNT

1 Kings 16 in the DNT

1 Kings 16 in the ELBE

1 Kings 16 in the EMTV

1 Kings 16 in the ESV

1 Kings 16 in the FBV

1 Kings 16 in the FEB

1 Kings 16 in the GGMNT

1 Kings 16 in the GNT

1 Kings 16 in the HARY

1 Kings 16 in the HNT

1 Kings 16 in the IRVA

1 Kings 16 in the IRVB

1 Kings 16 in the IRVG

1 Kings 16 in the IRVH

1 Kings 16 in the IRVK

1 Kings 16 in the IRVM

1 Kings 16 in the IRVM2

1 Kings 16 in the IRVO

1 Kings 16 in the IRVP

1 Kings 16 in the IRVT

1 Kings 16 in the IRVT2

1 Kings 16 in the IRVU

1 Kings 16 in the ISVN

1 Kings 16 in the JSNT

1 Kings 16 in the KAPI

1 Kings 16 in the KBT1ETNIK

1 Kings 16 in the KBV

1 Kings 16 in the KJV

1 Kings 16 in the KNFD

1 Kings 16 in the LBA

1 Kings 16 in the LBLA

1 Kings 16 in the LNT

1 Kings 16 in the LSV

1 Kings 16 in the MAAL

1 Kings 16 in the MBV

1 Kings 16 in the MBV2

1 Kings 16 in the MHNT

1 Kings 16 in the MKNFD

1 Kings 16 in the MNG

1 Kings 16 in the MNT

1 Kings 16 in the MNT2

1 Kings 16 in the MRS1T

1 Kings 16 in the NAA

1 Kings 16 in the NASB

1 Kings 16 in the NBLA

1 Kings 16 in the NBS

1 Kings 16 in the NBVTP

1 Kings 16 in the NET2

1 Kings 16 in the NIV11

1 Kings 16 in the NNT

1 Kings 16 in the NNT2

1 Kings 16 in the NNT3

1 Kings 16 in the PDDPT

1 Kings 16 in the PFNT

1 Kings 16 in the RMNT

1 Kings 16 in the SBIAS

1 Kings 16 in the SBIBS

1 Kings 16 in the SBIBS2

1 Kings 16 in the SBICS

1 Kings 16 in the SBIDS

1 Kings 16 in the SBIGS

1 Kings 16 in the SBIHS

1 Kings 16 in the SBIIS

1 Kings 16 in the SBIIS2

1 Kings 16 in the SBIIS3

1 Kings 16 in the SBIKS

1 Kings 16 in the SBIKS2

1 Kings 16 in the SBIMS

1 Kings 16 in the SBIOS

1 Kings 16 in the SBIPS

1 Kings 16 in the SBISS

1 Kings 16 in the SBITS

1 Kings 16 in the SBITS2

1 Kings 16 in the SBITS3

1 Kings 16 in the SBITS4

1 Kings 16 in the SBIUS

1 Kings 16 in the SBIVS

1 Kings 16 in the SBT

1 Kings 16 in the SBT1E

1 Kings 16 in the SCHL

1 Kings 16 in the SNT

1 Kings 16 in the SUSU

1 Kings 16 in the SUSU2

1 Kings 16 in the SYNO

1 Kings 16 in the TBIAOTANT

1 Kings 16 in the TBT1E

1 Kings 16 in the TBT1E2

1 Kings 16 in the TFTIP

1 Kings 16 in the TFTU

1 Kings 16 in the TGNTATF3T

1 Kings 16 in the THAI

1 Kings 16 in the TNFD

1 Kings 16 in the TNT

1 Kings 16 in the TNTIK

1 Kings 16 in the TNTIL

1 Kings 16 in the TNTIN

1 Kings 16 in the TNTIP

1 Kings 16 in the TNTIZ

1 Kings 16 in the TOMA

1 Kings 16 in the TTENT

1 Kings 16 in the UBG

1 Kings 16 in the UGV

1 Kings 16 in the UGV2

1 Kings 16 in the UGV3

1 Kings 16 in the VBL

1 Kings 16 in the VDCC

1 Kings 16 in the YALU

1 Kings 16 in the YAPE

1 Kings 16 in the YBVTP

1 Kings 16 in the ZBP