1 Samuel 15 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe. 2 Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. 3 Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ” 4 Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, 5 eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. 6 Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome. 7 Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 8 Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã. 9 Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃. 10 Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be, 11 “Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me. 12 Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.” 13 Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!” 14 Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?” 15 Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.” 16 Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!”Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?” 17 Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi. 18 Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’ 19 Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?” 20 Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã. 21 Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.” 22 Samuel ɖo eŋu be,“Ɖe wò numevɔsawokple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wutoɖoɖo Yehowa ƒe gbea?Toɖoɖo nyo wu vɔsaeye nusese nyo wu agbowo ƒe ami. 23 Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ eneeye ɖokuiŋudzedze sɔkple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye.Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la,eya hã gbe wò; mèganye fia o.” 24 Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia. 25 Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.” 26 Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!” 27 Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã! 28 Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. 29 Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!” 30 Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.” 31 Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa. 32 Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.”Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!” 33 Ke Samuel gblɔ nɛ be,“Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene lanenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.”Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal. 34 Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea. 35 Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.

In Other Versions

1 Samuel 15 in the ANGEFD

1 Samuel 15 in the ANTPNG2D

1 Samuel 15 in the AS21

1 Samuel 15 in the BAGH

1 Samuel 15 in the BBPNG

1 Samuel 15 in the BBT1E

1 Samuel 15 in the BDS

1 Samuel 15 in the BEV

1 Samuel 15 in the BHAD

1 Samuel 15 in the BIB

1 Samuel 15 in the BLPT

1 Samuel 15 in the BNT

1 Samuel 15 in the BNTABOOT

1 Samuel 15 in the BNTLV

1 Samuel 15 in the BOATCB

1 Samuel 15 in the BOATCB2

1 Samuel 15 in the BOBCV

1 Samuel 15 in the BOCNT

1 Samuel 15 in the BOGWICC

1 Samuel 15 in the BOHCB

1 Samuel 15 in the BOHCV

1 Samuel 15 in the BOHLNT

1 Samuel 15 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 15 in the BOICB

1 Samuel 15 in the BOILNTAP

1 Samuel 15 in the BOITCV

1 Samuel 15 in the BOKCV

1 Samuel 15 in the BOKCV2

1 Samuel 15 in the BOKHWOG

1 Samuel 15 in the BOKSSV

1 Samuel 15 in the BOLCB

1 Samuel 15 in the BOLCB2

1 Samuel 15 in the BOMCV

1 Samuel 15 in the BONAV

1 Samuel 15 in the BONCB

1 Samuel 15 in the BONLT

1 Samuel 15 in the BONUT2

1 Samuel 15 in the BOPLNT

1 Samuel 15 in the BOSCB

1 Samuel 15 in the BOSNC

1 Samuel 15 in the BOTLNT

1 Samuel 15 in the BOVCB

1 Samuel 15 in the BOYCB

1 Samuel 15 in the BPBB

1 Samuel 15 in the BPH

1 Samuel 15 in the BSB

1 Samuel 15 in the CCB

1 Samuel 15 in the CUV

1 Samuel 15 in the CUVS

1 Samuel 15 in the DBT

1 Samuel 15 in the DGDNT

1 Samuel 15 in the DHNT

1 Samuel 15 in the DNT

1 Samuel 15 in the ELBE

1 Samuel 15 in the EMTV

1 Samuel 15 in the ESV

1 Samuel 15 in the FBV

1 Samuel 15 in the FEB

1 Samuel 15 in the GGMNT

1 Samuel 15 in the GNT

1 Samuel 15 in the HARY

1 Samuel 15 in the HNT

1 Samuel 15 in the IRVA

1 Samuel 15 in the IRVB

1 Samuel 15 in the IRVG

1 Samuel 15 in the IRVH

1 Samuel 15 in the IRVK

1 Samuel 15 in the IRVM

1 Samuel 15 in the IRVM2

1 Samuel 15 in the IRVO

1 Samuel 15 in the IRVP

1 Samuel 15 in the IRVT

1 Samuel 15 in the IRVT2

1 Samuel 15 in the IRVU

1 Samuel 15 in the ISVN

1 Samuel 15 in the JSNT

1 Samuel 15 in the KAPI

1 Samuel 15 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 15 in the KBV

1 Samuel 15 in the KJV

1 Samuel 15 in the KNFD

1 Samuel 15 in the LBA

1 Samuel 15 in the LBLA

1 Samuel 15 in the LNT

1 Samuel 15 in the LSV

1 Samuel 15 in the MAAL

1 Samuel 15 in the MBV

1 Samuel 15 in the MBV2

1 Samuel 15 in the MHNT

1 Samuel 15 in the MKNFD

1 Samuel 15 in the MNG

1 Samuel 15 in the MNT

1 Samuel 15 in the MNT2

1 Samuel 15 in the MRS1T

1 Samuel 15 in the NAA

1 Samuel 15 in the NASB

1 Samuel 15 in the NBLA

1 Samuel 15 in the NBS

1 Samuel 15 in the NBVTP

1 Samuel 15 in the NET2

1 Samuel 15 in the NIV11

1 Samuel 15 in the NNT

1 Samuel 15 in the NNT2

1 Samuel 15 in the NNT3

1 Samuel 15 in the PDDPT

1 Samuel 15 in the PFNT

1 Samuel 15 in the RMNT

1 Samuel 15 in the SBIAS

1 Samuel 15 in the SBIBS

1 Samuel 15 in the SBIBS2

1 Samuel 15 in the SBICS

1 Samuel 15 in the SBIDS

1 Samuel 15 in the SBIGS

1 Samuel 15 in the SBIHS

1 Samuel 15 in the SBIIS

1 Samuel 15 in the SBIIS2

1 Samuel 15 in the SBIIS3

1 Samuel 15 in the SBIKS

1 Samuel 15 in the SBIKS2

1 Samuel 15 in the SBIMS

1 Samuel 15 in the SBIOS

1 Samuel 15 in the SBIPS

1 Samuel 15 in the SBISS

1 Samuel 15 in the SBITS

1 Samuel 15 in the SBITS2

1 Samuel 15 in the SBITS3

1 Samuel 15 in the SBITS4

1 Samuel 15 in the SBIUS

1 Samuel 15 in the SBIVS

1 Samuel 15 in the SBT

1 Samuel 15 in the SBT1E

1 Samuel 15 in the SCHL

1 Samuel 15 in the SNT

1 Samuel 15 in the SUSU

1 Samuel 15 in the SUSU2

1 Samuel 15 in the SYNO

1 Samuel 15 in the TBIAOTANT

1 Samuel 15 in the TBT1E

1 Samuel 15 in the TBT1E2

1 Samuel 15 in the TFTIP

1 Samuel 15 in the TFTU

1 Samuel 15 in the TGNTATF3T

1 Samuel 15 in the THAI

1 Samuel 15 in the TNFD

1 Samuel 15 in the TNT

1 Samuel 15 in the TNTIK

1 Samuel 15 in the TNTIL

1 Samuel 15 in the TNTIN

1 Samuel 15 in the TNTIP

1 Samuel 15 in the TNTIZ

1 Samuel 15 in the TOMA

1 Samuel 15 in the TTENT

1 Samuel 15 in the UBG

1 Samuel 15 in the UGV

1 Samuel 15 in the UGV2

1 Samuel 15 in the UGV3

1 Samuel 15 in the VBL

1 Samuel 15 in the VDCC

1 Samuel 15 in the YALU

1 Samuel 15 in the YAPE

1 Samuel 15 in the YBVTP

1 Samuel 15 in the ZBP