1 Samuel 19 (BOECS)

1 Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la, 2 Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi. 3 Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.” 4 Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi. 5 Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.” 6 Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.” 7 Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. 8 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu. 9 Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la. 10 Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo. 11 Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.” 12 Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. 13 Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. 14 Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. 15 Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. 16 Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe. 17 Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?”Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.” 18 Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. 19 Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la, 20 eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me. 21 Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã. 22 Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?”Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.” 23 Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me! 24 Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”

In Other Versions

1 Samuel 19 in the ANGEFD

1 Samuel 19 in the ANTPNG2D

1 Samuel 19 in the AS21

1 Samuel 19 in the BAGH

1 Samuel 19 in the BBPNG

1 Samuel 19 in the BBT1E

1 Samuel 19 in the BDS

1 Samuel 19 in the BEV

1 Samuel 19 in the BHAD

1 Samuel 19 in the BIB

1 Samuel 19 in the BLPT

1 Samuel 19 in the BNT

1 Samuel 19 in the BNTABOOT

1 Samuel 19 in the BNTLV

1 Samuel 19 in the BOATCB

1 Samuel 19 in the BOATCB2

1 Samuel 19 in the BOBCV

1 Samuel 19 in the BOCNT

1 Samuel 19 in the BOGWICC

1 Samuel 19 in the BOHCB

1 Samuel 19 in the BOHCV

1 Samuel 19 in the BOHLNT

1 Samuel 19 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 19 in the BOICB

1 Samuel 19 in the BOILNTAP

1 Samuel 19 in the BOITCV

1 Samuel 19 in the BOKCV

1 Samuel 19 in the BOKCV2

1 Samuel 19 in the BOKHWOG

1 Samuel 19 in the BOKSSV

1 Samuel 19 in the BOLCB

1 Samuel 19 in the BOLCB2

1 Samuel 19 in the BOMCV

1 Samuel 19 in the BONAV

1 Samuel 19 in the BONCB

1 Samuel 19 in the BONLT

1 Samuel 19 in the BONUT2

1 Samuel 19 in the BOPLNT

1 Samuel 19 in the BOSCB

1 Samuel 19 in the BOSNC

1 Samuel 19 in the BOTLNT

1 Samuel 19 in the BOVCB

1 Samuel 19 in the BOYCB

1 Samuel 19 in the BPBB

1 Samuel 19 in the BPH

1 Samuel 19 in the BSB

1 Samuel 19 in the CCB

1 Samuel 19 in the CUV

1 Samuel 19 in the CUVS

1 Samuel 19 in the DBT

1 Samuel 19 in the DGDNT

1 Samuel 19 in the DHNT

1 Samuel 19 in the DNT

1 Samuel 19 in the ELBE

1 Samuel 19 in the EMTV

1 Samuel 19 in the ESV

1 Samuel 19 in the FBV

1 Samuel 19 in the FEB

1 Samuel 19 in the GGMNT

1 Samuel 19 in the GNT

1 Samuel 19 in the HARY

1 Samuel 19 in the HNT

1 Samuel 19 in the IRVA

1 Samuel 19 in the IRVB

1 Samuel 19 in the IRVG

1 Samuel 19 in the IRVH

1 Samuel 19 in the IRVK

1 Samuel 19 in the IRVM

1 Samuel 19 in the IRVM2

1 Samuel 19 in the IRVO

1 Samuel 19 in the IRVP

1 Samuel 19 in the IRVT

1 Samuel 19 in the IRVT2

1 Samuel 19 in the IRVU

1 Samuel 19 in the ISVN

1 Samuel 19 in the JSNT

1 Samuel 19 in the KAPI

1 Samuel 19 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 19 in the KBV

1 Samuel 19 in the KJV

1 Samuel 19 in the KNFD

1 Samuel 19 in the LBA

1 Samuel 19 in the LBLA

1 Samuel 19 in the LNT

1 Samuel 19 in the LSV

1 Samuel 19 in the MAAL

1 Samuel 19 in the MBV

1 Samuel 19 in the MBV2

1 Samuel 19 in the MHNT

1 Samuel 19 in the MKNFD

1 Samuel 19 in the MNG

1 Samuel 19 in the MNT

1 Samuel 19 in the MNT2

1 Samuel 19 in the MRS1T

1 Samuel 19 in the NAA

1 Samuel 19 in the NASB

1 Samuel 19 in the NBLA

1 Samuel 19 in the NBS

1 Samuel 19 in the NBVTP

1 Samuel 19 in the NET2

1 Samuel 19 in the NIV11

1 Samuel 19 in the NNT

1 Samuel 19 in the NNT2

1 Samuel 19 in the NNT3

1 Samuel 19 in the PDDPT

1 Samuel 19 in the PFNT

1 Samuel 19 in the RMNT

1 Samuel 19 in the SBIAS

1 Samuel 19 in the SBIBS

1 Samuel 19 in the SBIBS2

1 Samuel 19 in the SBICS

1 Samuel 19 in the SBIDS

1 Samuel 19 in the SBIGS

1 Samuel 19 in the SBIHS

1 Samuel 19 in the SBIIS

1 Samuel 19 in the SBIIS2

1 Samuel 19 in the SBIIS3

1 Samuel 19 in the SBIKS

1 Samuel 19 in the SBIKS2

1 Samuel 19 in the SBIMS

1 Samuel 19 in the SBIOS

1 Samuel 19 in the SBIPS

1 Samuel 19 in the SBISS

1 Samuel 19 in the SBITS

1 Samuel 19 in the SBITS2

1 Samuel 19 in the SBITS3

1 Samuel 19 in the SBITS4

1 Samuel 19 in the SBIUS

1 Samuel 19 in the SBIVS

1 Samuel 19 in the SBT

1 Samuel 19 in the SBT1E

1 Samuel 19 in the SCHL

1 Samuel 19 in the SNT

1 Samuel 19 in the SUSU

1 Samuel 19 in the SUSU2

1 Samuel 19 in the SYNO

1 Samuel 19 in the TBIAOTANT

1 Samuel 19 in the TBT1E

1 Samuel 19 in the TBT1E2

1 Samuel 19 in the TFTIP

1 Samuel 19 in the TFTU

1 Samuel 19 in the TGNTATF3T

1 Samuel 19 in the THAI

1 Samuel 19 in the TNFD

1 Samuel 19 in the TNT

1 Samuel 19 in the TNTIK

1 Samuel 19 in the TNTIL

1 Samuel 19 in the TNTIN

1 Samuel 19 in the TNTIP

1 Samuel 19 in the TNTIZ

1 Samuel 19 in the TOMA

1 Samuel 19 in the TTENT

1 Samuel 19 in the UBG

1 Samuel 19 in the UGV

1 Samuel 19 in the UGV2

1 Samuel 19 in the UGV3

1 Samuel 19 in the VBL

1 Samuel 19 in the VDCC

1 Samuel 19 in the YALU

1 Samuel 19 in the YAPE

1 Samuel 19 in the YBVTP

1 Samuel 19 in the ZBP