2 Chronicles 15 (BOECS)

1 Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi 2 eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome. 3 Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o 4 gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu. 5 Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. 6 Aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe hã dome elabena Mawu nɔ fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi. 7 Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.” 8 Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ. 9 Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii. 10 Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. 11 Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. 12 Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo. 13 Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o. 14 Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. 15 Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me. 16 Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. 17 Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 18 Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. 19 Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me.

In Other Versions

2 Chronicles 15 in the ANGEFD

2 Chronicles 15 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 15 in the AS21

2 Chronicles 15 in the BAGH

2 Chronicles 15 in the BBPNG

2 Chronicles 15 in the BBT1E

2 Chronicles 15 in the BDS

2 Chronicles 15 in the BEV

2 Chronicles 15 in the BHAD

2 Chronicles 15 in the BIB

2 Chronicles 15 in the BLPT

2 Chronicles 15 in the BNT

2 Chronicles 15 in the BNTABOOT

2 Chronicles 15 in the BNTLV

2 Chronicles 15 in the BOATCB

2 Chronicles 15 in the BOATCB2

2 Chronicles 15 in the BOBCV

2 Chronicles 15 in the BOCNT

2 Chronicles 15 in the BOGWICC

2 Chronicles 15 in the BOHCB

2 Chronicles 15 in the BOHCV

2 Chronicles 15 in the BOHLNT

2 Chronicles 15 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 15 in the BOICB

2 Chronicles 15 in the BOILNTAP

2 Chronicles 15 in the BOITCV

2 Chronicles 15 in the BOKCV

2 Chronicles 15 in the BOKCV2

2 Chronicles 15 in the BOKHWOG

2 Chronicles 15 in the BOKSSV

2 Chronicles 15 in the BOLCB

2 Chronicles 15 in the BOLCB2

2 Chronicles 15 in the BOMCV

2 Chronicles 15 in the BONAV

2 Chronicles 15 in the BONCB

2 Chronicles 15 in the BONLT

2 Chronicles 15 in the BONUT2

2 Chronicles 15 in the BOPLNT

2 Chronicles 15 in the BOSCB

2 Chronicles 15 in the BOSNC

2 Chronicles 15 in the BOTLNT

2 Chronicles 15 in the BOVCB

2 Chronicles 15 in the BOYCB

2 Chronicles 15 in the BPBB

2 Chronicles 15 in the BPH

2 Chronicles 15 in the BSB

2 Chronicles 15 in the CCB

2 Chronicles 15 in the CUV

2 Chronicles 15 in the CUVS

2 Chronicles 15 in the DBT

2 Chronicles 15 in the DGDNT

2 Chronicles 15 in the DHNT

2 Chronicles 15 in the DNT

2 Chronicles 15 in the ELBE

2 Chronicles 15 in the EMTV

2 Chronicles 15 in the ESV

2 Chronicles 15 in the FBV

2 Chronicles 15 in the FEB

2 Chronicles 15 in the GGMNT

2 Chronicles 15 in the GNT

2 Chronicles 15 in the HARY

2 Chronicles 15 in the HNT

2 Chronicles 15 in the IRVA

2 Chronicles 15 in the IRVB

2 Chronicles 15 in the IRVG

2 Chronicles 15 in the IRVH

2 Chronicles 15 in the IRVK

2 Chronicles 15 in the IRVM

2 Chronicles 15 in the IRVM2

2 Chronicles 15 in the IRVO

2 Chronicles 15 in the IRVP

2 Chronicles 15 in the IRVT

2 Chronicles 15 in the IRVT2

2 Chronicles 15 in the IRVU

2 Chronicles 15 in the ISVN

2 Chronicles 15 in the JSNT

2 Chronicles 15 in the KAPI

2 Chronicles 15 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 15 in the KBV

2 Chronicles 15 in the KJV

2 Chronicles 15 in the KNFD

2 Chronicles 15 in the LBA

2 Chronicles 15 in the LBLA

2 Chronicles 15 in the LNT

2 Chronicles 15 in the LSV

2 Chronicles 15 in the MAAL

2 Chronicles 15 in the MBV

2 Chronicles 15 in the MBV2

2 Chronicles 15 in the MHNT

2 Chronicles 15 in the MKNFD

2 Chronicles 15 in the MNG

2 Chronicles 15 in the MNT

2 Chronicles 15 in the MNT2

2 Chronicles 15 in the MRS1T

2 Chronicles 15 in the NAA

2 Chronicles 15 in the NASB

2 Chronicles 15 in the NBLA

2 Chronicles 15 in the NBS

2 Chronicles 15 in the NBVTP

2 Chronicles 15 in the NET2

2 Chronicles 15 in the NIV11

2 Chronicles 15 in the NNT

2 Chronicles 15 in the NNT2

2 Chronicles 15 in the NNT3

2 Chronicles 15 in the PDDPT

2 Chronicles 15 in the PFNT

2 Chronicles 15 in the RMNT

2 Chronicles 15 in the SBIAS

2 Chronicles 15 in the SBIBS

2 Chronicles 15 in the SBIBS2

2 Chronicles 15 in the SBICS

2 Chronicles 15 in the SBIDS

2 Chronicles 15 in the SBIGS

2 Chronicles 15 in the SBIHS

2 Chronicles 15 in the SBIIS

2 Chronicles 15 in the SBIIS2

2 Chronicles 15 in the SBIIS3

2 Chronicles 15 in the SBIKS

2 Chronicles 15 in the SBIKS2

2 Chronicles 15 in the SBIMS

2 Chronicles 15 in the SBIOS

2 Chronicles 15 in the SBIPS

2 Chronicles 15 in the SBISS

2 Chronicles 15 in the SBITS

2 Chronicles 15 in the SBITS2

2 Chronicles 15 in the SBITS3

2 Chronicles 15 in the SBITS4

2 Chronicles 15 in the SBIUS

2 Chronicles 15 in the SBIVS

2 Chronicles 15 in the SBT

2 Chronicles 15 in the SBT1E

2 Chronicles 15 in the SCHL

2 Chronicles 15 in the SNT

2 Chronicles 15 in the SUSU

2 Chronicles 15 in the SUSU2

2 Chronicles 15 in the SYNO

2 Chronicles 15 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 15 in the TBT1E

2 Chronicles 15 in the TBT1E2

2 Chronicles 15 in the TFTIP

2 Chronicles 15 in the TFTU

2 Chronicles 15 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 15 in the THAI

2 Chronicles 15 in the TNFD

2 Chronicles 15 in the TNT

2 Chronicles 15 in the TNTIK

2 Chronicles 15 in the TNTIL

2 Chronicles 15 in the TNTIN

2 Chronicles 15 in the TNTIP

2 Chronicles 15 in the TNTIZ

2 Chronicles 15 in the TOMA

2 Chronicles 15 in the TTENT

2 Chronicles 15 in the UBG

2 Chronicles 15 in the UGV

2 Chronicles 15 in the UGV2

2 Chronicles 15 in the UGV3

2 Chronicles 15 in the VBL

2 Chronicles 15 in the VDCC

2 Chronicles 15 in the YALU

2 Chronicles 15 in the YAPE

2 Chronicles 15 in the YBVTP

2 Chronicles 15 in the ZBP