2 Chronicles 24 (BOECS)

1 Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba. 2 Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me. 3 Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ. 4 Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo. 5 Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o. 6 Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.” 7 Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo. 8 Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu. 9 Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. 10 Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa. 11 Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe. 12 Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. 13 Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu. 14 Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 15 Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. 16 Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la. 17 Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo. 18 Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu. 19 Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o. 20 Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.” 21 Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. 22 Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.” 23 Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko. 24 Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas. 25 Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o. 26 Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab. 27 Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me.Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

2 Chronicles 24 in the ANGEFD

2 Chronicles 24 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 24 in the AS21

2 Chronicles 24 in the BAGH

2 Chronicles 24 in the BBPNG

2 Chronicles 24 in the BBT1E

2 Chronicles 24 in the BDS

2 Chronicles 24 in the BEV

2 Chronicles 24 in the BHAD

2 Chronicles 24 in the BIB

2 Chronicles 24 in the BLPT

2 Chronicles 24 in the BNT

2 Chronicles 24 in the BNTABOOT

2 Chronicles 24 in the BNTLV

2 Chronicles 24 in the BOATCB

2 Chronicles 24 in the BOATCB2

2 Chronicles 24 in the BOBCV

2 Chronicles 24 in the BOCNT

2 Chronicles 24 in the BOGWICC

2 Chronicles 24 in the BOHCB

2 Chronicles 24 in the BOHCV

2 Chronicles 24 in the BOHLNT

2 Chronicles 24 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 24 in the BOICB

2 Chronicles 24 in the BOILNTAP

2 Chronicles 24 in the BOITCV

2 Chronicles 24 in the BOKCV

2 Chronicles 24 in the BOKCV2

2 Chronicles 24 in the BOKHWOG

2 Chronicles 24 in the BOKSSV

2 Chronicles 24 in the BOLCB

2 Chronicles 24 in the BOLCB2

2 Chronicles 24 in the BOMCV

2 Chronicles 24 in the BONAV

2 Chronicles 24 in the BONCB

2 Chronicles 24 in the BONLT

2 Chronicles 24 in the BONUT2

2 Chronicles 24 in the BOPLNT

2 Chronicles 24 in the BOSCB

2 Chronicles 24 in the BOSNC

2 Chronicles 24 in the BOTLNT

2 Chronicles 24 in the BOVCB

2 Chronicles 24 in the BOYCB

2 Chronicles 24 in the BPBB

2 Chronicles 24 in the BPH

2 Chronicles 24 in the BSB

2 Chronicles 24 in the CCB

2 Chronicles 24 in the CUV

2 Chronicles 24 in the CUVS

2 Chronicles 24 in the DBT

2 Chronicles 24 in the DGDNT

2 Chronicles 24 in the DHNT

2 Chronicles 24 in the DNT

2 Chronicles 24 in the ELBE

2 Chronicles 24 in the EMTV

2 Chronicles 24 in the ESV

2 Chronicles 24 in the FBV

2 Chronicles 24 in the FEB

2 Chronicles 24 in the GGMNT

2 Chronicles 24 in the GNT

2 Chronicles 24 in the HARY

2 Chronicles 24 in the HNT

2 Chronicles 24 in the IRVA

2 Chronicles 24 in the IRVB

2 Chronicles 24 in the IRVG

2 Chronicles 24 in the IRVH

2 Chronicles 24 in the IRVK

2 Chronicles 24 in the IRVM

2 Chronicles 24 in the IRVM2

2 Chronicles 24 in the IRVO

2 Chronicles 24 in the IRVP

2 Chronicles 24 in the IRVT

2 Chronicles 24 in the IRVT2

2 Chronicles 24 in the IRVU

2 Chronicles 24 in the ISVN

2 Chronicles 24 in the JSNT

2 Chronicles 24 in the KAPI

2 Chronicles 24 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 24 in the KBV

2 Chronicles 24 in the KJV

2 Chronicles 24 in the KNFD

2 Chronicles 24 in the LBA

2 Chronicles 24 in the LBLA

2 Chronicles 24 in the LNT

2 Chronicles 24 in the LSV

2 Chronicles 24 in the MAAL

2 Chronicles 24 in the MBV

2 Chronicles 24 in the MBV2

2 Chronicles 24 in the MHNT

2 Chronicles 24 in the MKNFD

2 Chronicles 24 in the MNG

2 Chronicles 24 in the MNT

2 Chronicles 24 in the MNT2

2 Chronicles 24 in the MRS1T

2 Chronicles 24 in the NAA

2 Chronicles 24 in the NASB

2 Chronicles 24 in the NBLA

2 Chronicles 24 in the NBS

2 Chronicles 24 in the NBVTP

2 Chronicles 24 in the NET2

2 Chronicles 24 in the NIV11

2 Chronicles 24 in the NNT

2 Chronicles 24 in the NNT2

2 Chronicles 24 in the NNT3

2 Chronicles 24 in the PDDPT

2 Chronicles 24 in the PFNT

2 Chronicles 24 in the RMNT

2 Chronicles 24 in the SBIAS

2 Chronicles 24 in the SBIBS

2 Chronicles 24 in the SBIBS2

2 Chronicles 24 in the SBICS

2 Chronicles 24 in the SBIDS

2 Chronicles 24 in the SBIGS

2 Chronicles 24 in the SBIHS

2 Chronicles 24 in the SBIIS

2 Chronicles 24 in the SBIIS2

2 Chronicles 24 in the SBIIS3

2 Chronicles 24 in the SBIKS

2 Chronicles 24 in the SBIKS2

2 Chronicles 24 in the SBIMS

2 Chronicles 24 in the SBIOS

2 Chronicles 24 in the SBIPS

2 Chronicles 24 in the SBISS

2 Chronicles 24 in the SBITS

2 Chronicles 24 in the SBITS2

2 Chronicles 24 in the SBITS3

2 Chronicles 24 in the SBITS4

2 Chronicles 24 in the SBIUS

2 Chronicles 24 in the SBIVS

2 Chronicles 24 in the SBT

2 Chronicles 24 in the SBT1E

2 Chronicles 24 in the SCHL

2 Chronicles 24 in the SNT

2 Chronicles 24 in the SUSU

2 Chronicles 24 in the SUSU2

2 Chronicles 24 in the SYNO

2 Chronicles 24 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 24 in the TBT1E

2 Chronicles 24 in the TBT1E2

2 Chronicles 24 in the TFTIP

2 Chronicles 24 in the TFTU

2 Chronicles 24 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 24 in the THAI

2 Chronicles 24 in the TNFD

2 Chronicles 24 in the TNT

2 Chronicles 24 in the TNTIK

2 Chronicles 24 in the TNTIL

2 Chronicles 24 in the TNTIN

2 Chronicles 24 in the TNTIP

2 Chronicles 24 in the TNTIZ

2 Chronicles 24 in the TOMA

2 Chronicles 24 in the TTENT

2 Chronicles 24 in the UBG

2 Chronicles 24 in the UGV

2 Chronicles 24 in the UGV2

2 Chronicles 24 in the UGV3

2 Chronicles 24 in the VBL

2 Chronicles 24 in the VDCC

2 Chronicles 24 in the YALU

2 Chronicles 24 in the YAPE

2 Chronicles 24 in the YBVTP

2 Chronicles 24 in the ZBP