2 Chronicles 25 (BOECS)

1 Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem. 2 Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! 3 Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 4 ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.” 5 Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. 6 Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃. 7 Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o. 8 Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.” 9 Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?”Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.” 10 Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ. 11 Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir. 12 Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku. 13 Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo. 14 Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo. 15 Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?” 16 Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.”Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.” 17 Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu. 18 Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 19 Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” 20 Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. 21 Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 22 Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 23 Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene. 24 Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria. 25 Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 26 Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 27 Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 28 Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.

In Other Versions

2 Chronicles 25 in the ANGEFD

2 Chronicles 25 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 25 in the AS21

2 Chronicles 25 in the BAGH

2 Chronicles 25 in the BBPNG

2 Chronicles 25 in the BBT1E

2 Chronicles 25 in the BDS

2 Chronicles 25 in the BEV

2 Chronicles 25 in the BHAD

2 Chronicles 25 in the BIB

2 Chronicles 25 in the BLPT

2 Chronicles 25 in the BNT

2 Chronicles 25 in the BNTABOOT

2 Chronicles 25 in the BNTLV

2 Chronicles 25 in the BOATCB

2 Chronicles 25 in the BOATCB2

2 Chronicles 25 in the BOBCV

2 Chronicles 25 in the BOCNT

2 Chronicles 25 in the BOGWICC

2 Chronicles 25 in the BOHCB

2 Chronicles 25 in the BOHCV

2 Chronicles 25 in the BOHLNT

2 Chronicles 25 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 25 in the BOICB

2 Chronicles 25 in the BOILNTAP

2 Chronicles 25 in the BOITCV

2 Chronicles 25 in the BOKCV

2 Chronicles 25 in the BOKCV2

2 Chronicles 25 in the BOKHWOG

2 Chronicles 25 in the BOKSSV

2 Chronicles 25 in the BOLCB

2 Chronicles 25 in the BOLCB2

2 Chronicles 25 in the BOMCV

2 Chronicles 25 in the BONAV

2 Chronicles 25 in the BONCB

2 Chronicles 25 in the BONLT

2 Chronicles 25 in the BONUT2

2 Chronicles 25 in the BOPLNT

2 Chronicles 25 in the BOSCB

2 Chronicles 25 in the BOSNC

2 Chronicles 25 in the BOTLNT

2 Chronicles 25 in the BOVCB

2 Chronicles 25 in the BOYCB

2 Chronicles 25 in the BPBB

2 Chronicles 25 in the BPH

2 Chronicles 25 in the BSB

2 Chronicles 25 in the CCB

2 Chronicles 25 in the CUV

2 Chronicles 25 in the CUVS

2 Chronicles 25 in the DBT

2 Chronicles 25 in the DGDNT

2 Chronicles 25 in the DHNT

2 Chronicles 25 in the DNT

2 Chronicles 25 in the ELBE

2 Chronicles 25 in the EMTV

2 Chronicles 25 in the ESV

2 Chronicles 25 in the FBV

2 Chronicles 25 in the FEB

2 Chronicles 25 in the GGMNT

2 Chronicles 25 in the GNT

2 Chronicles 25 in the HARY

2 Chronicles 25 in the HNT

2 Chronicles 25 in the IRVA

2 Chronicles 25 in the IRVB

2 Chronicles 25 in the IRVG

2 Chronicles 25 in the IRVH

2 Chronicles 25 in the IRVK

2 Chronicles 25 in the IRVM

2 Chronicles 25 in the IRVM2

2 Chronicles 25 in the IRVO

2 Chronicles 25 in the IRVP

2 Chronicles 25 in the IRVT

2 Chronicles 25 in the IRVT2

2 Chronicles 25 in the IRVU

2 Chronicles 25 in the ISVN

2 Chronicles 25 in the JSNT

2 Chronicles 25 in the KAPI

2 Chronicles 25 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 25 in the KBV

2 Chronicles 25 in the KJV

2 Chronicles 25 in the KNFD

2 Chronicles 25 in the LBA

2 Chronicles 25 in the LBLA

2 Chronicles 25 in the LNT

2 Chronicles 25 in the LSV

2 Chronicles 25 in the MAAL

2 Chronicles 25 in the MBV

2 Chronicles 25 in the MBV2

2 Chronicles 25 in the MHNT

2 Chronicles 25 in the MKNFD

2 Chronicles 25 in the MNG

2 Chronicles 25 in the MNT

2 Chronicles 25 in the MNT2

2 Chronicles 25 in the MRS1T

2 Chronicles 25 in the NAA

2 Chronicles 25 in the NASB

2 Chronicles 25 in the NBLA

2 Chronicles 25 in the NBS

2 Chronicles 25 in the NBVTP

2 Chronicles 25 in the NET2

2 Chronicles 25 in the NIV11

2 Chronicles 25 in the NNT

2 Chronicles 25 in the NNT2

2 Chronicles 25 in the NNT3

2 Chronicles 25 in the PDDPT

2 Chronicles 25 in the PFNT

2 Chronicles 25 in the RMNT

2 Chronicles 25 in the SBIAS

2 Chronicles 25 in the SBIBS

2 Chronicles 25 in the SBIBS2

2 Chronicles 25 in the SBICS

2 Chronicles 25 in the SBIDS

2 Chronicles 25 in the SBIGS

2 Chronicles 25 in the SBIHS

2 Chronicles 25 in the SBIIS

2 Chronicles 25 in the SBIIS2

2 Chronicles 25 in the SBIIS3

2 Chronicles 25 in the SBIKS

2 Chronicles 25 in the SBIKS2

2 Chronicles 25 in the SBIMS

2 Chronicles 25 in the SBIOS

2 Chronicles 25 in the SBIPS

2 Chronicles 25 in the SBISS

2 Chronicles 25 in the SBITS

2 Chronicles 25 in the SBITS2

2 Chronicles 25 in the SBITS3

2 Chronicles 25 in the SBITS4

2 Chronicles 25 in the SBIUS

2 Chronicles 25 in the SBIVS

2 Chronicles 25 in the SBT

2 Chronicles 25 in the SBT1E

2 Chronicles 25 in the SCHL

2 Chronicles 25 in the SNT

2 Chronicles 25 in the SUSU

2 Chronicles 25 in the SUSU2

2 Chronicles 25 in the SYNO

2 Chronicles 25 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 25 in the TBT1E

2 Chronicles 25 in the TBT1E2

2 Chronicles 25 in the TFTIP

2 Chronicles 25 in the TFTU

2 Chronicles 25 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 25 in the THAI

2 Chronicles 25 in the TNFD

2 Chronicles 25 in the TNT

2 Chronicles 25 in the TNTIK

2 Chronicles 25 in the TNTIL

2 Chronicles 25 in the TNTIN

2 Chronicles 25 in the TNTIP

2 Chronicles 25 in the TNTIZ

2 Chronicles 25 in the TOMA

2 Chronicles 25 in the TTENT

2 Chronicles 25 in the UBG

2 Chronicles 25 in the UGV

2 Chronicles 25 in the UGV2

2 Chronicles 25 in the UGV3

2 Chronicles 25 in the VBL

2 Chronicles 25 in the VDCC

2 Chronicles 25 in the YALU

2 Chronicles 25 in the YAPE

2 Chronicles 25 in the YBVTP

2 Chronicles 25 in the ZBP