2 Chronicles 30 (BOECS)

1 Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 2 Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. 3 Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. 4 Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi 5 eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o. 6 Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be,“Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. 7 Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. 8 Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. 9 Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.” 10 Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! 11 Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. 12 Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene. 13 Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 14 Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me. 15 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. 16 Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe. 17 Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. 18 Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, 19 “Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.” 20 Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o. 21 Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe. 22 Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. 23 Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. 24 Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. 25 Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. 26 Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. 27 Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.

In Other Versions

2 Chronicles 30 in the ANGEFD

2 Chronicles 30 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 30 in the AS21

2 Chronicles 30 in the BAGH

2 Chronicles 30 in the BBPNG

2 Chronicles 30 in the BBT1E

2 Chronicles 30 in the BDS

2 Chronicles 30 in the BEV

2 Chronicles 30 in the BHAD

2 Chronicles 30 in the BIB

2 Chronicles 30 in the BLPT

2 Chronicles 30 in the BNT

2 Chronicles 30 in the BNTABOOT

2 Chronicles 30 in the BNTLV

2 Chronicles 30 in the BOATCB

2 Chronicles 30 in the BOATCB2

2 Chronicles 30 in the BOBCV

2 Chronicles 30 in the BOCNT

2 Chronicles 30 in the BOGWICC

2 Chronicles 30 in the BOHCB

2 Chronicles 30 in the BOHCV

2 Chronicles 30 in the BOHLNT

2 Chronicles 30 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 30 in the BOICB

2 Chronicles 30 in the BOILNTAP

2 Chronicles 30 in the BOITCV

2 Chronicles 30 in the BOKCV

2 Chronicles 30 in the BOKCV2

2 Chronicles 30 in the BOKHWOG

2 Chronicles 30 in the BOKSSV

2 Chronicles 30 in the BOLCB

2 Chronicles 30 in the BOLCB2

2 Chronicles 30 in the BOMCV

2 Chronicles 30 in the BONAV

2 Chronicles 30 in the BONCB

2 Chronicles 30 in the BONLT

2 Chronicles 30 in the BONUT2

2 Chronicles 30 in the BOPLNT

2 Chronicles 30 in the BOSCB

2 Chronicles 30 in the BOSNC

2 Chronicles 30 in the BOTLNT

2 Chronicles 30 in the BOVCB

2 Chronicles 30 in the BOYCB

2 Chronicles 30 in the BPBB

2 Chronicles 30 in the BPH

2 Chronicles 30 in the BSB

2 Chronicles 30 in the CCB

2 Chronicles 30 in the CUV

2 Chronicles 30 in the CUVS

2 Chronicles 30 in the DBT

2 Chronicles 30 in the DGDNT

2 Chronicles 30 in the DHNT

2 Chronicles 30 in the DNT

2 Chronicles 30 in the ELBE

2 Chronicles 30 in the EMTV

2 Chronicles 30 in the ESV

2 Chronicles 30 in the FBV

2 Chronicles 30 in the FEB

2 Chronicles 30 in the GGMNT

2 Chronicles 30 in the GNT

2 Chronicles 30 in the HARY

2 Chronicles 30 in the HNT

2 Chronicles 30 in the IRVA

2 Chronicles 30 in the IRVB

2 Chronicles 30 in the IRVG

2 Chronicles 30 in the IRVH

2 Chronicles 30 in the IRVK

2 Chronicles 30 in the IRVM

2 Chronicles 30 in the IRVM2

2 Chronicles 30 in the IRVO

2 Chronicles 30 in the IRVP

2 Chronicles 30 in the IRVT

2 Chronicles 30 in the IRVT2

2 Chronicles 30 in the IRVU

2 Chronicles 30 in the ISVN

2 Chronicles 30 in the JSNT

2 Chronicles 30 in the KAPI

2 Chronicles 30 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 30 in the KBV

2 Chronicles 30 in the KJV

2 Chronicles 30 in the KNFD

2 Chronicles 30 in the LBA

2 Chronicles 30 in the LBLA

2 Chronicles 30 in the LNT

2 Chronicles 30 in the LSV

2 Chronicles 30 in the MAAL

2 Chronicles 30 in the MBV

2 Chronicles 30 in the MBV2

2 Chronicles 30 in the MHNT

2 Chronicles 30 in the MKNFD

2 Chronicles 30 in the MNG

2 Chronicles 30 in the MNT

2 Chronicles 30 in the MNT2

2 Chronicles 30 in the MRS1T

2 Chronicles 30 in the NAA

2 Chronicles 30 in the NASB

2 Chronicles 30 in the NBLA

2 Chronicles 30 in the NBS

2 Chronicles 30 in the NBVTP

2 Chronicles 30 in the NET2

2 Chronicles 30 in the NIV11

2 Chronicles 30 in the NNT

2 Chronicles 30 in the NNT2

2 Chronicles 30 in the NNT3

2 Chronicles 30 in the PDDPT

2 Chronicles 30 in the PFNT

2 Chronicles 30 in the RMNT

2 Chronicles 30 in the SBIAS

2 Chronicles 30 in the SBIBS

2 Chronicles 30 in the SBIBS2

2 Chronicles 30 in the SBICS

2 Chronicles 30 in the SBIDS

2 Chronicles 30 in the SBIGS

2 Chronicles 30 in the SBIHS

2 Chronicles 30 in the SBIIS

2 Chronicles 30 in the SBIIS2

2 Chronicles 30 in the SBIIS3

2 Chronicles 30 in the SBIKS

2 Chronicles 30 in the SBIKS2

2 Chronicles 30 in the SBIMS

2 Chronicles 30 in the SBIOS

2 Chronicles 30 in the SBIPS

2 Chronicles 30 in the SBISS

2 Chronicles 30 in the SBITS

2 Chronicles 30 in the SBITS2

2 Chronicles 30 in the SBITS3

2 Chronicles 30 in the SBITS4

2 Chronicles 30 in the SBIUS

2 Chronicles 30 in the SBIVS

2 Chronicles 30 in the SBT

2 Chronicles 30 in the SBT1E

2 Chronicles 30 in the SCHL

2 Chronicles 30 in the SNT

2 Chronicles 30 in the SUSU

2 Chronicles 30 in the SUSU2

2 Chronicles 30 in the SYNO

2 Chronicles 30 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 30 in the TBT1E

2 Chronicles 30 in the TBT1E2

2 Chronicles 30 in the TFTIP

2 Chronicles 30 in the TFTU

2 Chronicles 30 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 30 in the THAI

2 Chronicles 30 in the TNFD

2 Chronicles 30 in the TNT

2 Chronicles 30 in the TNTIK

2 Chronicles 30 in the TNTIL

2 Chronicles 30 in the TNTIN

2 Chronicles 30 in the TNTIP

2 Chronicles 30 in the TNTIZ

2 Chronicles 30 in the TOMA

2 Chronicles 30 in the TTENT

2 Chronicles 30 in the UBG

2 Chronicles 30 in the UGV

2 Chronicles 30 in the UGV2

2 Chronicles 30 in the UGV3

2 Chronicles 30 in the VBL

2 Chronicles 30 in the VDCC

2 Chronicles 30 in the YALU

2 Chronicles 30 in the YAPE

2 Chronicles 30 in the YBVTP

2 Chronicles 30 in the ZBP