2 Chronicles 35 (BOECS)

1 Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi. 2 Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me. 3 Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo. 4 Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu. 5 “Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu. 6 Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.” 7 Fia la tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ (30,000) kple nyitsuvi akpe etɔ̃ (3,000) na ameawo be woatsɔ asa Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔwoe. 8 Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene. 9 Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa. 10 Esi wowu ɖoɖo ɖe sia ɖe nu vɔ la, nunɔlaawo tsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo eye Levitɔwo nɔ woƒe dɔwɔhawo me abe ale si fia la ɖo na wo ene. 11 Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu. 12 Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke. 13 Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu. 14 Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami. 15 Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo. 16 Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene. 17 Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre. 18 Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o. 19 Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia le fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 20 Le esia megbe la, esi Yosia ɖɔ gbedoxɔ la ɖo vɔ la, Egipte fia Neko ho yi be yeawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat tɔsisi la to, eye Yosia hã ho yi ɖakpee. 21 Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.” 22 Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o. 23 Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.” 24 Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae. 25 Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me. 26 Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la 27 ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me.

In Other Versions

2 Chronicles 35 in the ANGEFD

2 Chronicles 35 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 35 in the AS21

2 Chronicles 35 in the BAGH

2 Chronicles 35 in the BBPNG

2 Chronicles 35 in the BBT1E

2 Chronicles 35 in the BDS

2 Chronicles 35 in the BEV

2 Chronicles 35 in the BHAD

2 Chronicles 35 in the BIB

2 Chronicles 35 in the BLPT

2 Chronicles 35 in the BNT

2 Chronicles 35 in the BNTABOOT

2 Chronicles 35 in the BNTLV

2 Chronicles 35 in the BOATCB

2 Chronicles 35 in the BOATCB2

2 Chronicles 35 in the BOBCV

2 Chronicles 35 in the BOCNT

2 Chronicles 35 in the BOGWICC

2 Chronicles 35 in the BOHCB

2 Chronicles 35 in the BOHCV

2 Chronicles 35 in the BOHLNT

2 Chronicles 35 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 35 in the BOICB

2 Chronicles 35 in the BOILNTAP

2 Chronicles 35 in the BOITCV

2 Chronicles 35 in the BOKCV

2 Chronicles 35 in the BOKCV2

2 Chronicles 35 in the BOKHWOG

2 Chronicles 35 in the BOKSSV

2 Chronicles 35 in the BOLCB

2 Chronicles 35 in the BOLCB2

2 Chronicles 35 in the BOMCV

2 Chronicles 35 in the BONAV

2 Chronicles 35 in the BONCB

2 Chronicles 35 in the BONLT

2 Chronicles 35 in the BONUT2

2 Chronicles 35 in the BOPLNT

2 Chronicles 35 in the BOSCB

2 Chronicles 35 in the BOSNC

2 Chronicles 35 in the BOTLNT

2 Chronicles 35 in the BOVCB

2 Chronicles 35 in the BOYCB

2 Chronicles 35 in the BPBB

2 Chronicles 35 in the BPH

2 Chronicles 35 in the BSB

2 Chronicles 35 in the CCB

2 Chronicles 35 in the CUV

2 Chronicles 35 in the CUVS

2 Chronicles 35 in the DBT

2 Chronicles 35 in the DGDNT

2 Chronicles 35 in the DHNT

2 Chronicles 35 in the DNT

2 Chronicles 35 in the ELBE

2 Chronicles 35 in the EMTV

2 Chronicles 35 in the ESV

2 Chronicles 35 in the FBV

2 Chronicles 35 in the FEB

2 Chronicles 35 in the GGMNT

2 Chronicles 35 in the GNT

2 Chronicles 35 in the HARY

2 Chronicles 35 in the HNT

2 Chronicles 35 in the IRVA

2 Chronicles 35 in the IRVB

2 Chronicles 35 in the IRVG

2 Chronicles 35 in the IRVH

2 Chronicles 35 in the IRVK

2 Chronicles 35 in the IRVM

2 Chronicles 35 in the IRVM2

2 Chronicles 35 in the IRVO

2 Chronicles 35 in the IRVP

2 Chronicles 35 in the IRVT

2 Chronicles 35 in the IRVT2

2 Chronicles 35 in the IRVU

2 Chronicles 35 in the ISVN

2 Chronicles 35 in the JSNT

2 Chronicles 35 in the KAPI

2 Chronicles 35 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 35 in the KBV

2 Chronicles 35 in the KJV

2 Chronicles 35 in the KNFD

2 Chronicles 35 in the LBA

2 Chronicles 35 in the LBLA

2 Chronicles 35 in the LNT

2 Chronicles 35 in the LSV

2 Chronicles 35 in the MAAL

2 Chronicles 35 in the MBV

2 Chronicles 35 in the MBV2

2 Chronicles 35 in the MHNT

2 Chronicles 35 in the MKNFD

2 Chronicles 35 in the MNG

2 Chronicles 35 in the MNT

2 Chronicles 35 in the MNT2

2 Chronicles 35 in the MRS1T

2 Chronicles 35 in the NAA

2 Chronicles 35 in the NASB

2 Chronicles 35 in the NBLA

2 Chronicles 35 in the NBS

2 Chronicles 35 in the NBVTP

2 Chronicles 35 in the NET2

2 Chronicles 35 in the NIV11

2 Chronicles 35 in the NNT

2 Chronicles 35 in the NNT2

2 Chronicles 35 in the NNT3

2 Chronicles 35 in the PDDPT

2 Chronicles 35 in the PFNT

2 Chronicles 35 in the RMNT

2 Chronicles 35 in the SBIAS

2 Chronicles 35 in the SBIBS

2 Chronicles 35 in the SBIBS2

2 Chronicles 35 in the SBICS

2 Chronicles 35 in the SBIDS

2 Chronicles 35 in the SBIGS

2 Chronicles 35 in the SBIHS

2 Chronicles 35 in the SBIIS

2 Chronicles 35 in the SBIIS2

2 Chronicles 35 in the SBIIS3

2 Chronicles 35 in the SBIKS

2 Chronicles 35 in the SBIKS2

2 Chronicles 35 in the SBIMS

2 Chronicles 35 in the SBIOS

2 Chronicles 35 in the SBIPS

2 Chronicles 35 in the SBISS

2 Chronicles 35 in the SBITS

2 Chronicles 35 in the SBITS2

2 Chronicles 35 in the SBITS3

2 Chronicles 35 in the SBITS4

2 Chronicles 35 in the SBIUS

2 Chronicles 35 in the SBIVS

2 Chronicles 35 in the SBT

2 Chronicles 35 in the SBT1E

2 Chronicles 35 in the SCHL

2 Chronicles 35 in the SNT

2 Chronicles 35 in the SUSU

2 Chronicles 35 in the SUSU2

2 Chronicles 35 in the SYNO

2 Chronicles 35 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 35 in the TBT1E

2 Chronicles 35 in the TBT1E2

2 Chronicles 35 in the TFTIP

2 Chronicles 35 in the TFTU

2 Chronicles 35 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 35 in the THAI

2 Chronicles 35 in the TNFD

2 Chronicles 35 in the TNT

2 Chronicles 35 in the TNTIK

2 Chronicles 35 in the TNTIL

2 Chronicles 35 in the TNTIN

2 Chronicles 35 in the TNTIP

2 Chronicles 35 in the TNTIZ

2 Chronicles 35 in the TOMA

2 Chronicles 35 in the TTENT

2 Chronicles 35 in the UBG

2 Chronicles 35 in the UGV

2 Chronicles 35 in the UGV2

2 Chronicles 35 in the UGV3

2 Chronicles 35 in the VBL

2 Chronicles 35 in the VDCC

2 Chronicles 35 in the YALU

2 Chronicles 35 in the YAPE

2 Chronicles 35 in the YBVTP

2 Chronicles 35 in the ZBP