2 Kings 13 (BOECS)

1 Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre. 2 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi. 3 Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu. 4 Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe. 5 Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene. 6 Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria. 7 Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene. 8 Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 9 Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe. 10 Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria. 11 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me. 12 Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 13 Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe. 14 Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!” 15 Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ. 16 Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi. 17 Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.” 18 Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ. 19 Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!” 20 Elisa ku eye woɖii.Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo. 21 Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre. 22 Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me. 23 Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko. 24 Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. 25 Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.

In Other Versions

2 Kings 13 in the ANGEFD

2 Kings 13 in the ANTPNG2D

2 Kings 13 in the AS21

2 Kings 13 in the BAGH

2 Kings 13 in the BBPNG

2 Kings 13 in the BBT1E

2 Kings 13 in the BDS

2 Kings 13 in the BEV

2 Kings 13 in the BHAD

2 Kings 13 in the BIB

2 Kings 13 in the BLPT

2 Kings 13 in the BNT

2 Kings 13 in the BNTABOOT

2 Kings 13 in the BNTLV

2 Kings 13 in the BOATCB

2 Kings 13 in the BOATCB2

2 Kings 13 in the BOBCV

2 Kings 13 in the BOCNT

2 Kings 13 in the BOGWICC

2 Kings 13 in the BOHCB

2 Kings 13 in the BOHCV

2 Kings 13 in the BOHLNT

2 Kings 13 in the BOHNTLTAL

2 Kings 13 in the BOICB

2 Kings 13 in the BOILNTAP

2 Kings 13 in the BOITCV

2 Kings 13 in the BOKCV

2 Kings 13 in the BOKCV2

2 Kings 13 in the BOKHWOG

2 Kings 13 in the BOKSSV

2 Kings 13 in the BOLCB

2 Kings 13 in the BOLCB2

2 Kings 13 in the BOMCV

2 Kings 13 in the BONAV

2 Kings 13 in the BONCB

2 Kings 13 in the BONLT

2 Kings 13 in the BONUT2

2 Kings 13 in the BOPLNT

2 Kings 13 in the BOSCB

2 Kings 13 in the BOSNC

2 Kings 13 in the BOTLNT

2 Kings 13 in the BOVCB

2 Kings 13 in the BOYCB

2 Kings 13 in the BPBB

2 Kings 13 in the BPH

2 Kings 13 in the BSB

2 Kings 13 in the CCB

2 Kings 13 in the CUV

2 Kings 13 in the CUVS

2 Kings 13 in the DBT

2 Kings 13 in the DGDNT

2 Kings 13 in the DHNT

2 Kings 13 in the DNT

2 Kings 13 in the ELBE

2 Kings 13 in the EMTV

2 Kings 13 in the ESV

2 Kings 13 in the FBV

2 Kings 13 in the FEB

2 Kings 13 in the GGMNT

2 Kings 13 in the GNT

2 Kings 13 in the HARY

2 Kings 13 in the HNT

2 Kings 13 in the IRVA

2 Kings 13 in the IRVB

2 Kings 13 in the IRVG

2 Kings 13 in the IRVH

2 Kings 13 in the IRVK

2 Kings 13 in the IRVM

2 Kings 13 in the IRVM2

2 Kings 13 in the IRVO

2 Kings 13 in the IRVP

2 Kings 13 in the IRVT

2 Kings 13 in the IRVT2

2 Kings 13 in the IRVU

2 Kings 13 in the ISVN

2 Kings 13 in the JSNT

2 Kings 13 in the KAPI

2 Kings 13 in the KBT1ETNIK

2 Kings 13 in the KBV

2 Kings 13 in the KJV

2 Kings 13 in the KNFD

2 Kings 13 in the LBA

2 Kings 13 in the LBLA

2 Kings 13 in the LNT

2 Kings 13 in the LSV

2 Kings 13 in the MAAL

2 Kings 13 in the MBV

2 Kings 13 in the MBV2

2 Kings 13 in the MHNT

2 Kings 13 in the MKNFD

2 Kings 13 in the MNG

2 Kings 13 in the MNT

2 Kings 13 in the MNT2

2 Kings 13 in the MRS1T

2 Kings 13 in the NAA

2 Kings 13 in the NASB

2 Kings 13 in the NBLA

2 Kings 13 in the NBS

2 Kings 13 in the NBVTP

2 Kings 13 in the NET2

2 Kings 13 in the NIV11

2 Kings 13 in the NNT

2 Kings 13 in the NNT2

2 Kings 13 in the NNT3

2 Kings 13 in the PDDPT

2 Kings 13 in the PFNT

2 Kings 13 in the RMNT

2 Kings 13 in the SBIAS

2 Kings 13 in the SBIBS

2 Kings 13 in the SBIBS2

2 Kings 13 in the SBICS

2 Kings 13 in the SBIDS

2 Kings 13 in the SBIGS

2 Kings 13 in the SBIHS

2 Kings 13 in the SBIIS

2 Kings 13 in the SBIIS2

2 Kings 13 in the SBIIS3

2 Kings 13 in the SBIKS

2 Kings 13 in the SBIKS2

2 Kings 13 in the SBIMS

2 Kings 13 in the SBIOS

2 Kings 13 in the SBIPS

2 Kings 13 in the SBISS

2 Kings 13 in the SBITS

2 Kings 13 in the SBITS2

2 Kings 13 in the SBITS3

2 Kings 13 in the SBITS4

2 Kings 13 in the SBIUS

2 Kings 13 in the SBIVS

2 Kings 13 in the SBT

2 Kings 13 in the SBT1E

2 Kings 13 in the SCHL

2 Kings 13 in the SNT

2 Kings 13 in the SUSU

2 Kings 13 in the SUSU2

2 Kings 13 in the SYNO

2 Kings 13 in the TBIAOTANT

2 Kings 13 in the TBT1E

2 Kings 13 in the TBT1E2

2 Kings 13 in the TFTIP

2 Kings 13 in the TFTU

2 Kings 13 in the TGNTATF3T

2 Kings 13 in the THAI

2 Kings 13 in the TNFD

2 Kings 13 in the TNT

2 Kings 13 in the TNTIK

2 Kings 13 in the TNTIL

2 Kings 13 in the TNTIN

2 Kings 13 in the TNTIP

2 Kings 13 in the TNTIZ

2 Kings 13 in the TOMA

2 Kings 13 in the TTENT

2 Kings 13 in the UBG

2 Kings 13 in the UGV

2 Kings 13 in the UGV2

2 Kings 13 in the UGV3

2 Kings 13 in the VBL

2 Kings 13 in the VDCC

2 Kings 13 in the YALU

2 Kings 13 in the YAPE

2 Kings 13 in the YBVTP

2 Kings 13 in the ZBP