2 Kings 6 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa. 2 Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.”Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.” 3 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.”Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!” 4 Ke eyi kpli wo.Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me. 5 Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!” 6 Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake! 7 Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée. 8 Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo. 9 Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!” 10 Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti. 11 Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?” 12 Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!” 13 Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!” 14 Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la. 15 Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?” 16 Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!” 17 Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi. 18 Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema. 19 Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria! 20 Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me! 21 Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?” 22 Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.” 23 Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o. 24 Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria. 25 Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃. 26 Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!” 27 Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o. 28 Gbã la, nya kae dzɔ?”Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu. 29 Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!” 30 Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te. 31 Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.” 32 Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.” 33 Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”

In Other Versions

2 Kings 6 in the ANGEFD

2 Kings 6 in the ANTPNG2D

2 Kings 6 in the AS21

2 Kings 6 in the BAGH

2 Kings 6 in the BBPNG

2 Kings 6 in the BBT1E

2 Kings 6 in the BDS

2 Kings 6 in the BEV

2 Kings 6 in the BHAD

2 Kings 6 in the BIB

2 Kings 6 in the BLPT

2 Kings 6 in the BNT

2 Kings 6 in the BNTABOOT

2 Kings 6 in the BNTLV

2 Kings 6 in the BOATCB

2 Kings 6 in the BOATCB2

2 Kings 6 in the BOBCV

2 Kings 6 in the BOCNT

2 Kings 6 in the BOGWICC

2 Kings 6 in the BOHCB

2 Kings 6 in the BOHCV

2 Kings 6 in the BOHLNT

2 Kings 6 in the BOHNTLTAL

2 Kings 6 in the BOICB

2 Kings 6 in the BOILNTAP

2 Kings 6 in the BOITCV

2 Kings 6 in the BOKCV

2 Kings 6 in the BOKCV2

2 Kings 6 in the BOKHWOG

2 Kings 6 in the BOKSSV

2 Kings 6 in the BOLCB

2 Kings 6 in the BOLCB2

2 Kings 6 in the BOMCV

2 Kings 6 in the BONAV

2 Kings 6 in the BONCB

2 Kings 6 in the BONLT

2 Kings 6 in the BONUT2

2 Kings 6 in the BOPLNT

2 Kings 6 in the BOSCB

2 Kings 6 in the BOSNC

2 Kings 6 in the BOTLNT

2 Kings 6 in the BOVCB

2 Kings 6 in the BOYCB

2 Kings 6 in the BPBB

2 Kings 6 in the BPH

2 Kings 6 in the BSB

2 Kings 6 in the CCB

2 Kings 6 in the CUV

2 Kings 6 in the CUVS

2 Kings 6 in the DBT

2 Kings 6 in the DGDNT

2 Kings 6 in the DHNT

2 Kings 6 in the DNT

2 Kings 6 in the ELBE

2 Kings 6 in the EMTV

2 Kings 6 in the ESV

2 Kings 6 in the FBV

2 Kings 6 in the FEB

2 Kings 6 in the GGMNT

2 Kings 6 in the GNT

2 Kings 6 in the HARY

2 Kings 6 in the HNT

2 Kings 6 in the IRVA

2 Kings 6 in the IRVB

2 Kings 6 in the IRVG

2 Kings 6 in the IRVH

2 Kings 6 in the IRVK

2 Kings 6 in the IRVM

2 Kings 6 in the IRVM2

2 Kings 6 in the IRVO

2 Kings 6 in the IRVP

2 Kings 6 in the IRVT

2 Kings 6 in the IRVT2

2 Kings 6 in the IRVU

2 Kings 6 in the ISVN

2 Kings 6 in the JSNT

2 Kings 6 in the KAPI

2 Kings 6 in the KBT1ETNIK

2 Kings 6 in the KBV

2 Kings 6 in the KJV

2 Kings 6 in the KNFD

2 Kings 6 in the LBA

2 Kings 6 in the LBLA

2 Kings 6 in the LNT

2 Kings 6 in the LSV

2 Kings 6 in the MAAL

2 Kings 6 in the MBV

2 Kings 6 in the MBV2

2 Kings 6 in the MHNT

2 Kings 6 in the MKNFD

2 Kings 6 in the MNG

2 Kings 6 in the MNT

2 Kings 6 in the MNT2

2 Kings 6 in the MRS1T

2 Kings 6 in the NAA

2 Kings 6 in the NASB

2 Kings 6 in the NBLA

2 Kings 6 in the NBS

2 Kings 6 in the NBVTP

2 Kings 6 in the NET2

2 Kings 6 in the NIV11

2 Kings 6 in the NNT

2 Kings 6 in the NNT2

2 Kings 6 in the NNT3

2 Kings 6 in the PDDPT

2 Kings 6 in the PFNT

2 Kings 6 in the RMNT

2 Kings 6 in the SBIAS

2 Kings 6 in the SBIBS

2 Kings 6 in the SBIBS2

2 Kings 6 in the SBICS

2 Kings 6 in the SBIDS

2 Kings 6 in the SBIGS

2 Kings 6 in the SBIHS

2 Kings 6 in the SBIIS

2 Kings 6 in the SBIIS2

2 Kings 6 in the SBIIS3

2 Kings 6 in the SBIKS

2 Kings 6 in the SBIKS2

2 Kings 6 in the SBIMS

2 Kings 6 in the SBIOS

2 Kings 6 in the SBIPS

2 Kings 6 in the SBISS

2 Kings 6 in the SBITS

2 Kings 6 in the SBITS2

2 Kings 6 in the SBITS3

2 Kings 6 in the SBITS4

2 Kings 6 in the SBIUS

2 Kings 6 in the SBIVS

2 Kings 6 in the SBT

2 Kings 6 in the SBT1E

2 Kings 6 in the SCHL

2 Kings 6 in the SNT

2 Kings 6 in the SUSU

2 Kings 6 in the SUSU2

2 Kings 6 in the SYNO

2 Kings 6 in the TBIAOTANT

2 Kings 6 in the TBT1E

2 Kings 6 in the TBT1E2

2 Kings 6 in the TFTIP

2 Kings 6 in the TFTU

2 Kings 6 in the TGNTATF3T

2 Kings 6 in the THAI

2 Kings 6 in the TNFD

2 Kings 6 in the TNT

2 Kings 6 in the TNTIK

2 Kings 6 in the TNTIL

2 Kings 6 in the TNTIN

2 Kings 6 in the TNTIP

2 Kings 6 in the TNTIZ

2 Kings 6 in the TOMA

2 Kings 6 in the TTENT

2 Kings 6 in the UBG

2 Kings 6 in the UGV

2 Kings 6 in the UGV2

2 Kings 6 in the UGV3

2 Kings 6 in the VBL

2 Kings 6 in the VDCC

2 Kings 6 in the YALU

2 Kings 6 in the YAPE

2 Kings 6 in the YBVTP

2 Kings 6 in the ZBP