2 Samuel 18 (BOECS)

1 David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu. 2 Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ 3 hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.” 4 Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.”Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme. 5 Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo. 6 Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me. 7 David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe. 8 Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu. 9 Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame. 10 David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.” 11 Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.” 12 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’ 13 Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.” 14 Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu. 15 Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui. 16 Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya. 17 Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me. 18 Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe. 19 Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.” 20 Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.” 21 Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo. 22 Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.”Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.” 23 Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.”Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus. 24 David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. 25 Edo ɣli gblɔ nya la na David.Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la. 26 Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.”Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.” 27 Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.”Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.” 28 Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.” 29 Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.” 30 Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi. 31 Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.” 32 Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!” 33 Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”

In Other Versions

2 Samuel 18 in the ANGEFD

2 Samuel 18 in the ANTPNG2D

2 Samuel 18 in the AS21

2 Samuel 18 in the BAGH

2 Samuel 18 in the BBPNG

2 Samuel 18 in the BBT1E

2 Samuel 18 in the BDS

2 Samuel 18 in the BEV

2 Samuel 18 in the BHAD

2 Samuel 18 in the BIB

2 Samuel 18 in the BLPT

2 Samuel 18 in the BNT

2 Samuel 18 in the BNTABOOT

2 Samuel 18 in the BNTLV

2 Samuel 18 in the BOATCB

2 Samuel 18 in the BOATCB2

2 Samuel 18 in the BOBCV

2 Samuel 18 in the BOCNT

2 Samuel 18 in the BOGWICC

2 Samuel 18 in the BOHCB

2 Samuel 18 in the BOHCV

2 Samuel 18 in the BOHLNT

2 Samuel 18 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 18 in the BOICB

2 Samuel 18 in the BOILNTAP

2 Samuel 18 in the BOITCV

2 Samuel 18 in the BOKCV

2 Samuel 18 in the BOKCV2

2 Samuel 18 in the BOKHWOG

2 Samuel 18 in the BOKSSV

2 Samuel 18 in the BOLCB

2 Samuel 18 in the BOLCB2

2 Samuel 18 in the BOMCV

2 Samuel 18 in the BONAV

2 Samuel 18 in the BONCB

2 Samuel 18 in the BONLT

2 Samuel 18 in the BONUT2

2 Samuel 18 in the BOPLNT

2 Samuel 18 in the BOSCB

2 Samuel 18 in the BOSNC

2 Samuel 18 in the BOTLNT

2 Samuel 18 in the BOVCB

2 Samuel 18 in the BOYCB

2 Samuel 18 in the BPBB

2 Samuel 18 in the BPH

2 Samuel 18 in the BSB

2 Samuel 18 in the CCB

2 Samuel 18 in the CUV

2 Samuel 18 in the CUVS

2 Samuel 18 in the DBT

2 Samuel 18 in the DGDNT

2 Samuel 18 in the DHNT

2 Samuel 18 in the DNT

2 Samuel 18 in the ELBE

2 Samuel 18 in the EMTV

2 Samuel 18 in the ESV

2 Samuel 18 in the FBV

2 Samuel 18 in the FEB

2 Samuel 18 in the GGMNT

2 Samuel 18 in the GNT

2 Samuel 18 in the HARY

2 Samuel 18 in the HNT

2 Samuel 18 in the IRVA

2 Samuel 18 in the IRVB

2 Samuel 18 in the IRVG

2 Samuel 18 in the IRVH

2 Samuel 18 in the IRVK

2 Samuel 18 in the IRVM

2 Samuel 18 in the IRVM2

2 Samuel 18 in the IRVO

2 Samuel 18 in the IRVP

2 Samuel 18 in the IRVT

2 Samuel 18 in the IRVT2

2 Samuel 18 in the IRVU

2 Samuel 18 in the ISVN

2 Samuel 18 in the JSNT

2 Samuel 18 in the KAPI

2 Samuel 18 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 18 in the KBV

2 Samuel 18 in the KJV

2 Samuel 18 in the KNFD

2 Samuel 18 in the LBA

2 Samuel 18 in the LBLA

2 Samuel 18 in the LNT

2 Samuel 18 in the LSV

2 Samuel 18 in the MAAL

2 Samuel 18 in the MBV

2 Samuel 18 in the MBV2

2 Samuel 18 in the MHNT

2 Samuel 18 in the MKNFD

2 Samuel 18 in the MNG

2 Samuel 18 in the MNT

2 Samuel 18 in the MNT2

2 Samuel 18 in the MRS1T

2 Samuel 18 in the NAA

2 Samuel 18 in the NASB

2 Samuel 18 in the NBLA

2 Samuel 18 in the NBS

2 Samuel 18 in the NBVTP

2 Samuel 18 in the NET2

2 Samuel 18 in the NIV11

2 Samuel 18 in the NNT

2 Samuel 18 in the NNT2

2 Samuel 18 in the NNT3

2 Samuel 18 in the PDDPT

2 Samuel 18 in the PFNT

2 Samuel 18 in the RMNT

2 Samuel 18 in the SBIAS

2 Samuel 18 in the SBIBS

2 Samuel 18 in the SBIBS2

2 Samuel 18 in the SBICS

2 Samuel 18 in the SBIDS

2 Samuel 18 in the SBIGS

2 Samuel 18 in the SBIHS

2 Samuel 18 in the SBIIS

2 Samuel 18 in the SBIIS2

2 Samuel 18 in the SBIIS3

2 Samuel 18 in the SBIKS

2 Samuel 18 in the SBIKS2

2 Samuel 18 in the SBIMS

2 Samuel 18 in the SBIOS

2 Samuel 18 in the SBIPS

2 Samuel 18 in the SBISS

2 Samuel 18 in the SBITS

2 Samuel 18 in the SBITS2

2 Samuel 18 in the SBITS3

2 Samuel 18 in the SBITS4

2 Samuel 18 in the SBIUS

2 Samuel 18 in the SBIVS

2 Samuel 18 in the SBT

2 Samuel 18 in the SBT1E

2 Samuel 18 in the SCHL

2 Samuel 18 in the SNT

2 Samuel 18 in the SUSU

2 Samuel 18 in the SUSU2

2 Samuel 18 in the SYNO

2 Samuel 18 in the TBIAOTANT

2 Samuel 18 in the TBT1E

2 Samuel 18 in the TBT1E2

2 Samuel 18 in the TFTIP

2 Samuel 18 in the TFTU

2 Samuel 18 in the TGNTATF3T

2 Samuel 18 in the THAI

2 Samuel 18 in the TNFD

2 Samuel 18 in the TNT

2 Samuel 18 in the TNTIK

2 Samuel 18 in the TNTIL

2 Samuel 18 in the TNTIN

2 Samuel 18 in the TNTIP

2 Samuel 18 in the TNTIZ

2 Samuel 18 in the TOMA

2 Samuel 18 in the TTENT

2 Samuel 18 in the UBG

2 Samuel 18 in the UGV

2 Samuel 18 in the UGV2

2 Samuel 18 in the UGV3

2 Samuel 18 in the VBL

2 Samuel 18 in the VDCC

2 Samuel 18 in the YALU

2 Samuel 18 in the YAPE

2 Samuel 18 in the YBVTP

2 Samuel 18 in the ZBP