2 Samuel 24 (BOECS)

1 Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.” 2 Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.” 3 Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?” 4 Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ. 5 Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer. 6 Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon. 7 Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe. 8 Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe. 9 Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda. 10 David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.” 11 Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be, 12 “Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’ ” 13 Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.” 14 David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.” 15 Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba. 16 Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me. 17 David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.” 18 Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.” 19 David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ. 20 Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume. 21 Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?”David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.” 22 Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. 23 Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.” 24 Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.”Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta. 25 David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.

In Other Versions

2 Samuel 24 in the ANGEFD

2 Samuel 24 in the ANTPNG2D

2 Samuel 24 in the AS21

2 Samuel 24 in the BAGH

2 Samuel 24 in the BBPNG

2 Samuel 24 in the BBT1E

2 Samuel 24 in the BDS

2 Samuel 24 in the BEV

2 Samuel 24 in the BHAD

2 Samuel 24 in the BIB

2 Samuel 24 in the BLPT

2 Samuel 24 in the BNT

2 Samuel 24 in the BNTABOOT

2 Samuel 24 in the BNTLV

2 Samuel 24 in the BOATCB

2 Samuel 24 in the BOATCB2

2 Samuel 24 in the BOBCV

2 Samuel 24 in the BOCNT

2 Samuel 24 in the BOGWICC

2 Samuel 24 in the BOHCB

2 Samuel 24 in the BOHCV

2 Samuel 24 in the BOHLNT

2 Samuel 24 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 24 in the BOICB

2 Samuel 24 in the BOILNTAP

2 Samuel 24 in the BOITCV

2 Samuel 24 in the BOKCV

2 Samuel 24 in the BOKCV2

2 Samuel 24 in the BOKHWOG

2 Samuel 24 in the BOKSSV

2 Samuel 24 in the BOLCB

2 Samuel 24 in the BOLCB2

2 Samuel 24 in the BOMCV

2 Samuel 24 in the BONAV

2 Samuel 24 in the BONCB

2 Samuel 24 in the BONLT

2 Samuel 24 in the BONUT2

2 Samuel 24 in the BOPLNT

2 Samuel 24 in the BOSCB

2 Samuel 24 in the BOSNC

2 Samuel 24 in the BOTLNT

2 Samuel 24 in the BOVCB

2 Samuel 24 in the BOYCB

2 Samuel 24 in the BPBB

2 Samuel 24 in the BPH

2 Samuel 24 in the BSB

2 Samuel 24 in the CCB

2 Samuel 24 in the CUV

2 Samuel 24 in the CUVS

2 Samuel 24 in the DBT

2 Samuel 24 in the DGDNT

2 Samuel 24 in the DHNT

2 Samuel 24 in the DNT

2 Samuel 24 in the ELBE

2 Samuel 24 in the EMTV

2 Samuel 24 in the ESV

2 Samuel 24 in the FBV

2 Samuel 24 in the FEB

2 Samuel 24 in the GGMNT

2 Samuel 24 in the GNT

2 Samuel 24 in the HARY

2 Samuel 24 in the HNT

2 Samuel 24 in the IRVA

2 Samuel 24 in the IRVB

2 Samuel 24 in the IRVG

2 Samuel 24 in the IRVH

2 Samuel 24 in the IRVK

2 Samuel 24 in the IRVM

2 Samuel 24 in the IRVM2

2 Samuel 24 in the IRVO

2 Samuel 24 in the IRVP

2 Samuel 24 in the IRVT

2 Samuel 24 in the IRVT2

2 Samuel 24 in the IRVU

2 Samuel 24 in the ISVN

2 Samuel 24 in the JSNT

2 Samuel 24 in the KAPI

2 Samuel 24 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 24 in the KBV

2 Samuel 24 in the KJV

2 Samuel 24 in the KNFD

2 Samuel 24 in the LBA

2 Samuel 24 in the LBLA

2 Samuel 24 in the LNT

2 Samuel 24 in the LSV

2 Samuel 24 in the MAAL

2 Samuel 24 in the MBV

2 Samuel 24 in the MBV2

2 Samuel 24 in the MHNT

2 Samuel 24 in the MKNFD

2 Samuel 24 in the MNG

2 Samuel 24 in the MNT

2 Samuel 24 in the MNT2

2 Samuel 24 in the MRS1T

2 Samuel 24 in the NAA

2 Samuel 24 in the NASB

2 Samuel 24 in the NBLA

2 Samuel 24 in the NBS

2 Samuel 24 in the NBVTP

2 Samuel 24 in the NET2

2 Samuel 24 in the NIV11

2 Samuel 24 in the NNT

2 Samuel 24 in the NNT2

2 Samuel 24 in the NNT3

2 Samuel 24 in the PDDPT

2 Samuel 24 in the PFNT

2 Samuel 24 in the RMNT

2 Samuel 24 in the SBIAS

2 Samuel 24 in the SBIBS

2 Samuel 24 in the SBIBS2

2 Samuel 24 in the SBICS

2 Samuel 24 in the SBIDS

2 Samuel 24 in the SBIGS

2 Samuel 24 in the SBIHS

2 Samuel 24 in the SBIIS

2 Samuel 24 in the SBIIS2

2 Samuel 24 in the SBIIS3

2 Samuel 24 in the SBIKS

2 Samuel 24 in the SBIKS2

2 Samuel 24 in the SBIMS

2 Samuel 24 in the SBIOS

2 Samuel 24 in the SBIPS

2 Samuel 24 in the SBISS

2 Samuel 24 in the SBITS

2 Samuel 24 in the SBITS2

2 Samuel 24 in the SBITS3

2 Samuel 24 in the SBITS4

2 Samuel 24 in the SBIUS

2 Samuel 24 in the SBIVS

2 Samuel 24 in the SBT

2 Samuel 24 in the SBT1E

2 Samuel 24 in the SCHL

2 Samuel 24 in the SNT

2 Samuel 24 in the SUSU

2 Samuel 24 in the SUSU2

2 Samuel 24 in the SYNO

2 Samuel 24 in the TBIAOTANT

2 Samuel 24 in the TBT1E

2 Samuel 24 in the TBT1E2

2 Samuel 24 in the TFTIP

2 Samuel 24 in the TFTU

2 Samuel 24 in the TGNTATF3T

2 Samuel 24 in the THAI

2 Samuel 24 in the TNFD

2 Samuel 24 in the TNT

2 Samuel 24 in the TNTIK

2 Samuel 24 in the TNTIL

2 Samuel 24 in the TNTIN

2 Samuel 24 in the TNTIP

2 Samuel 24 in the TNTIZ

2 Samuel 24 in the TOMA

2 Samuel 24 in the TTENT

2 Samuel 24 in the UBG

2 Samuel 24 in the UGV

2 Samuel 24 in the UGV2

2 Samuel 24 in the UGV3

2 Samuel 24 in the VBL

2 Samuel 24 in the VDCC

2 Samuel 24 in the YALU

2 Samuel 24 in the YAPE

2 Samuel 24 in the YBVTP

2 Samuel 24 in the ZBP