Daniel 6 (BOECS)

1 Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me 2 eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o. 3 Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu. 4 Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o. 5 Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!” 6 Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee! 7 Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me 8 Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.” 9 Ale Fia Darius na woŋlɔ se la. 10 Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene. 11 Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu. 12 Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?”Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.” 13 Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.” 14 Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to. 15 Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.” 16 Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!” 17 Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o. 18 Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o. 19 Le ŋdi kanya esi dzite tso ko la, fia la fɔ eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. 20 Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?” 21 Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee! 22 Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.” 23 Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu. 24 Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o. 25 Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be,“Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!” 26 Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu.“Elabena eyae nye Mawu gbagbe laeye wòanɔ anyi tegbee;Womagbã eƒe fiaɖuƒe la oeye eƒe dziɖuɖu nu matso o. 27 Eɖea ame eye wòxɔna na ame.Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa.Eɖe Danieltso dzatawo ƒe asi me.” 28 Ale eme nyo na Daniel le Darius ƒe fiaɖuɣi kple Persiatɔ, Sirus ƒe fiaɖuɣi.

In Other Versions

Daniel 6 in the ANGEFD

Daniel 6 in the ANTPNG2D

Daniel 6 in the AS21

Daniel 6 in the BAGH

Daniel 6 in the BBPNG

Daniel 6 in the BBT1E

Daniel 6 in the BDS

Daniel 6 in the BEV

Daniel 6 in the BHAD

Daniel 6 in the BIB

Daniel 6 in the BLPT

Daniel 6 in the BNT

Daniel 6 in the BNTABOOT

Daniel 6 in the BNTLV

Daniel 6 in the BOATCB

Daniel 6 in the BOATCB2

Daniel 6 in the BOBCV

Daniel 6 in the BOCNT

Daniel 6 in the BOGWICC

Daniel 6 in the BOHCB

Daniel 6 in the BOHCV

Daniel 6 in the BOHLNT

Daniel 6 in the BOHNTLTAL

Daniel 6 in the BOICB

Daniel 6 in the BOILNTAP

Daniel 6 in the BOITCV

Daniel 6 in the BOKCV

Daniel 6 in the BOKCV2

Daniel 6 in the BOKHWOG

Daniel 6 in the BOKSSV

Daniel 6 in the BOLCB

Daniel 6 in the BOLCB2

Daniel 6 in the BOMCV

Daniel 6 in the BONAV

Daniel 6 in the BONCB

Daniel 6 in the BONLT

Daniel 6 in the BONUT2

Daniel 6 in the BOPLNT

Daniel 6 in the BOSCB

Daniel 6 in the BOSNC

Daniel 6 in the BOTLNT

Daniel 6 in the BOVCB

Daniel 6 in the BOYCB

Daniel 6 in the BPBB

Daniel 6 in the BPH

Daniel 6 in the BSB

Daniel 6 in the CCB

Daniel 6 in the CUV

Daniel 6 in the CUVS

Daniel 6 in the DBT

Daniel 6 in the DGDNT

Daniel 6 in the DHNT

Daniel 6 in the DNT

Daniel 6 in the ELBE

Daniel 6 in the EMTV

Daniel 6 in the ESV

Daniel 6 in the FBV

Daniel 6 in the FEB

Daniel 6 in the GGMNT

Daniel 6 in the GNT

Daniel 6 in the HARY

Daniel 6 in the HNT

Daniel 6 in the IRVA

Daniel 6 in the IRVB

Daniel 6 in the IRVG

Daniel 6 in the IRVH

Daniel 6 in the IRVK

Daniel 6 in the IRVM

Daniel 6 in the IRVM2

Daniel 6 in the IRVO

Daniel 6 in the IRVP

Daniel 6 in the IRVT

Daniel 6 in the IRVT2

Daniel 6 in the IRVU

Daniel 6 in the ISVN

Daniel 6 in the JSNT

Daniel 6 in the KAPI

Daniel 6 in the KBT1ETNIK

Daniel 6 in the KBV

Daniel 6 in the KJV

Daniel 6 in the KNFD

Daniel 6 in the LBA

Daniel 6 in the LBLA

Daniel 6 in the LNT

Daniel 6 in the LSV

Daniel 6 in the MAAL

Daniel 6 in the MBV

Daniel 6 in the MBV2

Daniel 6 in the MHNT

Daniel 6 in the MKNFD

Daniel 6 in the MNG

Daniel 6 in the MNT

Daniel 6 in the MNT2

Daniel 6 in the MRS1T

Daniel 6 in the NAA

Daniel 6 in the NASB

Daniel 6 in the NBLA

Daniel 6 in the NBS

Daniel 6 in the NBVTP

Daniel 6 in the NET2

Daniel 6 in the NIV11

Daniel 6 in the NNT

Daniel 6 in the NNT2

Daniel 6 in the NNT3

Daniel 6 in the PDDPT

Daniel 6 in the PFNT

Daniel 6 in the RMNT

Daniel 6 in the SBIAS

Daniel 6 in the SBIBS

Daniel 6 in the SBIBS2

Daniel 6 in the SBICS

Daniel 6 in the SBIDS

Daniel 6 in the SBIGS

Daniel 6 in the SBIHS

Daniel 6 in the SBIIS

Daniel 6 in the SBIIS2

Daniel 6 in the SBIIS3

Daniel 6 in the SBIKS

Daniel 6 in the SBIKS2

Daniel 6 in the SBIMS

Daniel 6 in the SBIOS

Daniel 6 in the SBIPS

Daniel 6 in the SBISS

Daniel 6 in the SBITS

Daniel 6 in the SBITS2

Daniel 6 in the SBITS3

Daniel 6 in the SBITS4

Daniel 6 in the SBIUS

Daniel 6 in the SBIVS

Daniel 6 in the SBT

Daniel 6 in the SBT1E

Daniel 6 in the SCHL

Daniel 6 in the SNT

Daniel 6 in the SUSU

Daniel 6 in the SUSU2

Daniel 6 in the SYNO

Daniel 6 in the TBIAOTANT

Daniel 6 in the TBT1E

Daniel 6 in the TBT1E2

Daniel 6 in the TFTIP

Daniel 6 in the TFTU

Daniel 6 in the TGNTATF3T

Daniel 6 in the THAI

Daniel 6 in the TNFD

Daniel 6 in the TNT

Daniel 6 in the TNTIK

Daniel 6 in the TNTIL

Daniel 6 in the TNTIN

Daniel 6 in the TNTIP

Daniel 6 in the TNTIZ

Daniel 6 in the TOMA

Daniel 6 in the TTENT

Daniel 6 in the UBG

Daniel 6 in the UGV

Daniel 6 in the UGV2

Daniel 6 in the UGV3

Daniel 6 in the VBL

Daniel 6 in the VDCC

Daniel 6 in the YALU

Daniel 6 in the YAPE

Daniel 6 in the YBVTP

Daniel 6 in the ZBP