Deuteronomy 28 (BOECS)

1 “Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me, 2 eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe. 3 Woayra wò le du me kple agble me siaa. 4 Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi. 5 Woayra wò kusi kple wò amɔze. 6 Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go. 7 “Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò! 8 Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. 9 “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene. 10 Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku. 11 “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene. 12 Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o. 13 Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi. 14 Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.” 15 “Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò. 16 Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò. 17 Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu. 18 Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu. 19 Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò. 20 “Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta. 21 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. 22 Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi. 23 “Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò. 24 Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò. 25 “Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome. 26 Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o. 27 “Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o. 28 Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò; 29 àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o. 30 “Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo. 31 Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o. 32 Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o. 33 Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi. 34 Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu. 35 Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme. 36 “Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. 37 Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe. 38 “Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo. 39 Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo. 40 Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o. 41 Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. 42 Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo. 43 Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi, 44 le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike! 45 “Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta. 46 Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò. 47 Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta, 48 Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii. 49 “Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene. 50 Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. 51 Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ. 52 Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi. 53 Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me. 54 Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu. 55 Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta. 56 Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o. 57 Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ. 58 “Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la, 59 ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi. 60 Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi. 61 Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi. 62 Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o. 63 Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi, 64 elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o! 65 Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ. 66 Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o. 67 Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta. 68 Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”

In Other Versions

Deuteronomy 28 in the ANGEFD

Deuteronomy 28 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 28 in the AS21

Deuteronomy 28 in the BAGH

Deuteronomy 28 in the BBPNG

Deuteronomy 28 in the BBT1E

Deuteronomy 28 in the BDS

Deuteronomy 28 in the BEV

Deuteronomy 28 in the BHAD

Deuteronomy 28 in the BIB

Deuteronomy 28 in the BLPT

Deuteronomy 28 in the BNT

Deuteronomy 28 in the BNTABOOT

Deuteronomy 28 in the BNTLV

Deuteronomy 28 in the BOATCB

Deuteronomy 28 in the BOATCB2

Deuteronomy 28 in the BOBCV

Deuteronomy 28 in the BOCNT

Deuteronomy 28 in the BOGWICC

Deuteronomy 28 in the BOHCB

Deuteronomy 28 in the BOHCV

Deuteronomy 28 in the BOHLNT

Deuteronomy 28 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 28 in the BOICB

Deuteronomy 28 in the BOILNTAP

Deuteronomy 28 in the BOITCV

Deuteronomy 28 in the BOKCV

Deuteronomy 28 in the BOKCV2

Deuteronomy 28 in the BOKHWOG

Deuteronomy 28 in the BOKSSV

Deuteronomy 28 in the BOLCB

Deuteronomy 28 in the BOLCB2

Deuteronomy 28 in the BOMCV

Deuteronomy 28 in the BONAV

Deuteronomy 28 in the BONCB

Deuteronomy 28 in the BONLT

Deuteronomy 28 in the BONUT2

Deuteronomy 28 in the BOPLNT

Deuteronomy 28 in the BOSCB

Deuteronomy 28 in the BOSNC

Deuteronomy 28 in the BOTLNT

Deuteronomy 28 in the BOVCB

Deuteronomy 28 in the BOYCB

Deuteronomy 28 in the BPBB

Deuteronomy 28 in the BPH

Deuteronomy 28 in the BSB

Deuteronomy 28 in the CCB

Deuteronomy 28 in the CUV

Deuteronomy 28 in the CUVS

Deuteronomy 28 in the DBT

Deuteronomy 28 in the DGDNT

Deuteronomy 28 in the DHNT

Deuteronomy 28 in the DNT

Deuteronomy 28 in the ELBE

Deuteronomy 28 in the EMTV

Deuteronomy 28 in the ESV

Deuteronomy 28 in the FBV

Deuteronomy 28 in the FEB

Deuteronomy 28 in the GGMNT

Deuteronomy 28 in the GNT

Deuteronomy 28 in the HARY

Deuteronomy 28 in the HNT

Deuteronomy 28 in the IRVA

Deuteronomy 28 in the IRVB

Deuteronomy 28 in the IRVG

Deuteronomy 28 in the IRVH

Deuteronomy 28 in the IRVK

Deuteronomy 28 in the IRVM

Deuteronomy 28 in the IRVM2

Deuteronomy 28 in the IRVO

Deuteronomy 28 in the IRVP

Deuteronomy 28 in the IRVT

Deuteronomy 28 in the IRVT2

Deuteronomy 28 in the IRVU

Deuteronomy 28 in the ISVN

Deuteronomy 28 in the JSNT

Deuteronomy 28 in the KAPI

Deuteronomy 28 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 28 in the KBV

Deuteronomy 28 in the KJV

Deuteronomy 28 in the KNFD

Deuteronomy 28 in the LBA

Deuteronomy 28 in the LBLA

Deuteronomy 28 in the LNT

Deuteronomy 28 in the LSV

Deuteronomy 28 in the MAAL

Deuteronomy 28 in the MBV

Deuteronomy 28 in the MBV2

Deuteronomy 28 in the MHNT

Deuteronomy 28 in the MKNFD

Deuteronomy 28 in the MNG

Deuteronomy 28 in the MNT

Deuteronomy 28 in the MNT2

Deuteronomy 28 in the MRS1T

Deuteronomy 28 in the NAA

Deuteronomy 28 in the NASB

Deuteronomy 28 in the NBLA

Deuteronomy 28 in the NBS

Deuteronomy 28 in the NBVTP

Deuteronomy 28 in the NET2

Deuteronomy 28 in the NIV11

Deuteronomy 28 in the NNT

Deuteronomy 28 in the NNT2

Deuteronomy 28 in the NNT3

Deuteronomy 28 in the PDDPT

Deuteronomy 28 in the PFNT

Deuteronomy 28 in the RMNT

Deuteronomy 28 in the SBIAS

Deuteronomy 28 in the SBIBS

Deuteronomy 28 in the SBIBS2

Deuteronomy 28 in the SBICS

Deuteronomy 28 in the SBIDS

Deuteronomy 28 in the SBIGS

Deuteronomy 28 in the SBIHS

Deuteronomy 28 in the SBIIS

Deuteronomy 28 in the SBIIS2

Deuteronomy 28 in the SBIIS3

Deuteronomy 28 in the SBIKS

Deuteronomy 28 in the SBIKS2

Deuteronomy 28 in the SBIMS

Deuteronomy 28 in the SBIOS

Deuteronomy 28 in the SBIPS

Deuteronomy 28 in the SBISS

Deuteronomy 28 in the SBITS

Deuteronomy 28 in the SBITS2

Deuteronomy 28 in the SBITS3

Deuteronomy 28 in the SBITS4

Deuteronomy 28 in the SBIUS

Deuteronomy 28 in the SBIVS

Deuteronomy 28 in the SBT

Deuteronomy 28 in the SBT1E

Deuteronomy 28 in the SCHL

Deuteronomy 28 in the SNT

Deuteronomy 28 in the SUSU

Deuteronomy 28 in the SUSU2

Deuteronomy 28 in the SYNO

Deuteronomy 28 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 28 in the TBT1E

Deuteronomy 28 in the TBT1E2

Deuteronomy 28 in the TFTIP

Deuteronomy 28 in the TFTU

Deuteronomy 28 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 28 in the THAI

Deuteronomy 28 in the TNFD

Deuteronomy 28 in the TNT

Deuteronomy 28 in the TNTIK

Deuteronomy 28 in the TNTIL

Deuteronomy 28 in the TNTIN

Deuteronomy 28 in the TNTIP

Deuteronomy 28 in the TNTIZ

Deuteronomy 28 in the TOMA

Deuteronomy 28 in the TTENT

Deuteronomy 28 in the UBG

Deuteronomy 28 in the UGV

Deuteronomy 28 in the UGV2

Deuteronomy 28 in the UGV3

Deuteronomy 28 in the VBL

Deuteronomy 28 in the VDCC

Deuteronomy 28 in the YALU

Deuteronomy 28 in the YAPE

Deuteronomy 28 in the YBVTP

Deuteronomy 28 in the ZBP