Deuteronomy 5 (BOECS)
1 Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be,Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! 2 Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. 3 Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia 4 Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. 5 Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi.Nya siwo wògblɔ la woe nye: 6 “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. 7 “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. 8 Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o. 9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. 10 Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. 11 Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o. 12 Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. 13 Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, 14 ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene. 15 Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi. 16 Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. 17 Mègawu ame o. 18 Mègawɔ ahasi o. 19 Mègafi fi o. 20 Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. 21 Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.” 22 Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam. 23 Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, 24 eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. 25 Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. 26 Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? 27 Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.” 28 Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi. 29 O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me! 30 “Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. 31 Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.” 32 Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. 33 Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”
In Other Versions
Deuteronomy 5 in the ANGEFD
Deuteronomy 5 in the ANTPNG2D
Deuteronomy 5 in the AS21
Deuteronomy 5 in the BAGH
Deuteronomy 5 in the BBPNG
Deuteronomy 5 in the BBT1E
Deuteronomy 5 in the BDS
Deuteronomy 5 in the BEV
Deuteronomy 5 in the BHAD
Deuteronomy 5 in the BIB
Deuteronomy 5 in the BLPT
Deuteronomy 5 in the BNT
Deuteronomy 5 in the BNTABOOT
Deuteronomy 5 in the BNTLV
Deuteronomy 5 in the BOATCB
Deuteronomy 5 in the BOATCB2
Deuteronomy 5 in the BOBCV
Deuteronomy 5 in the BOCNT
Deuteronomy 5 in the BOGWICC
Deuteronomy 5 in the BOHCB
Deuteronomy 5 in the BOHCV
Deuteronomy 5 in the BOHLNT
Deuteronomy 5 in the BOHNTLTAL
Deuteronomy 5 in the BOICB
Deuteronomy 5 in the BOILNTAP
Deuteronomy 5 in the BOITCV
Deuteronomy 5 in the BOKCV
Deuteronomy 5 in the BOKCV2
Deuteronomy 5 in the BOKHWOG
Deuteronomy 5 in the BOKSSV
Deuteronomy 5 in the BOLCB
Deuteronomy 5 in the BOLCB2
Deuteronomy 5 in the BOMCV
Deuteronomy 5 in the BONAV
Deuteronomy 5 in the BONCB
Deuteronomy 5 in the BONLT
Deuteronomy 5 in the BONUT2
Deuteronomy 5 in the BOPLNT
Deuteronomy 5 in the BOSCB
Deuteronomy 5 in the BOSNC
Deuteronomy 5 in the BOTLNT
Deuteronomy 5 in the BOVCB
Deuteronomy 5 in the BOYCB
Deuteronomy 5 in the BPBB
Deuteronomy 5 in the BPH
Deuteronomy 5 in the BSB
Deuteronomy 5 in the CCB
Deuteronomy 5 in the CUV
Deuteronomy 5 in the CUVS
Deuteronomy 5 in the DBT
Deuteronomy 5 in the DGDNT
Deuteronomy 5 in the DHNT
Deuteronomy 5 in the DNT
Deuteronomy 5 in the ELBE
Deuteronomy 5 in the EMTV
Deuteronomy 5 in the ESV
Deuteronomy 5 in the FBV
Deuteronomy 5 in the FEB
Deuteronomy 5 in the GGMNT
Deuteronomy 5 in the GNT
Deuteronomy 5 in the HARY
Deuteronomy 5 in the HNT
Deuteronomy 5 in the IRVA
Deuteronomy 5 in the IRVB
Deuteronomy 5 in the IRVG
Deuteronomy 5 in the IRVH
Deuteronomy 5 in the IRVK
Deuteronomy 5 in the IRVM
Deuteronomy 5 in the IRVM2
Deuteronomy 5 in the IRVO
Deuteronomy 5 in the IRVP
Deuteronomy 5 in the IRVT
Deuteronomy 5 in the IRVT2
Deuteronomy 5 in the IRVU
Deuteronomy 5 in the ISVN
Deuteronomy 5 in the JSNT
Deuteronomy 5 in the KAPI
Deuteronomy 5 in the KBT1ETNIK
Deuteronomy 5 in the KBV
Deuteronomy 5 in the KJV
Deuteronomy 5 in the KNFD
Deuteronomy 5 in the LBA
Deuteronomy 5 in the LBLA
Deuteronomy 5 in the LNT
Deuteronomy 5 in the LSV
Deuteronomy 5 in the MAAL
Deuteronomy 5 in the MBV
Deuteronomy 5 in the MBV2
Deuteronomy 5 in the MHNT
Deuteronomy 5 in the MKNFD
Deuteronomy 5 in the MNG
Deuteronomy 5 in the MNT
Deuteronomy 5 in the MNT2
Deuteronomy 5 in the MRS1T
Deuteronomy 5 in the NAA
Deuteronomy 5 in the NASB
Deuteronomy 5 in the NBLA
Deuteronomy 5 in the NBS
Deuteronomy 5 in the NBVTP
Deuteronomy 5 in the NET2
Deuteronomy 5 in the NIV11
Deuteronomy 5 in the NNT
Deuteronomy 5 in the NNT2
Deuteronomy 5 in the NNT3
Deuteronomy 5 in the PDDPT
Deuteronomy 5 in the PFNT
Deuteronomy 5 in the RMNT
Deuteronomy 5 in the SBIAS
Deuteronomy 5 in the SBIBS
Deuteronomy 5 in the SBIBS2
Deuteronomy 5 in the SBICS
Deuteronomy 5 in the SBIDS
Deuteronomy 5 in the SBIGS
Deuteronomy 5 in the SBIHS
Deuteronomy 5 in the SBIIS
Deuteronomy 5 in the SBIIS2
Deuteronomy 5 in the SBIIS3
Deuteronomy 5 in the SBIKS
Deuteronomy 5 in the SBIKS2
Deuteronomy 5 in the SBIMS
Deuteronomy 5 in the SBIOS
Deuteronomy 5 in the SBIPS
Deuteronomy 5 in the SBISS
Deuteronomy 5 in the SBITS
Deuteronomy 5 in the SBITS2
Deuteronomy 5 in the SBITS3
Deuteronomy 5 in the SBITS4
Deuteronomy 5 in the SBIUS
Deuteronomy 5 in the SBIVS
Deuteronomy 5 in the SBT
Deuteronomy 5 in the SBT1E
Deuteronomy 5 in the SCHL
Deuteronomy 5 in the SNT
Deuteronomy 5 in the SUSU
Deuteronomy 5 in the SUSU2
Deuteronomy 5 in the SYNO
Deuteronomy 5 in the TBIAOTANT
Deuteronomy 5 in the TBT1E
Deuteronomy 5 in the TBT1E2
Deuteronomy 5 in the TFTIP
Deuteronomy 5 in the TFTU
Deuteronomy 5 in the TGNTATF3T
Deuteronomy 5 in the THAI
Deuteronomy 5 in the TNFD
Deuteronomy 5 in the TNT
Deuteronomy 5 in the TNTIK
Deuteronomy 5 in the TNTIL
Deuteronomy 5 in the TNTIN
Deuteronomy 5 in the TNTIP
Deuteronomy 5 in the TNTIZ
Deuteronomy 5 in the TOMA
Deuteronomy 5 in the TTENT
Deuteronomy 5 in the UBG
Deuteronomy 5 in the UGV
Deuteronomy 5 in the UGV2
Deuteronomy 5 in the UGV3
Deuteronomy 5 in the VBL
Deuteronomy 5 in the VDCC
Deuteronomy 5 in the YALU
Deuteronomy 5 in the YAPE
Deuteronomy 5 in the YBVTP
Deuteronomy 5 in the ZBP