Esther 2 (BOECS)

1 Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta. 2 Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò. 3 Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo, 4 eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi. 5 Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi. 6 Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia. 7 Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene. 8 Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. 9 Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ. 10 Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ. 11 Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se. 12 Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade. 13 Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee. 14 Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi. 15 Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe. 16 Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. 17 Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe. 18 Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me. 19 Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu. 20 Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene. 21 Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus. 22 Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye. 23 Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me.

In Other Versions

Esther 2 in the ANGEFD

Esther 2 in the ANTPNG2D

Esther 2 in the AS21

Esther 2 in the BAGH

Esther 2 in the BBPNG

Esther 2 in the BBT1E

Esther 2 in the BDS

Esther 2 in the BEV

Esther 2 in the BHAD

Esther 2 in the BIB

Esther 2 in the BLPT

Esther 2 in the BNT

Esther 2 in the BNTABOOT

Esther 2 in the BNTLV

Esther 2 in the BOATCB

Esther 2 in the BOATCB2

Esther 2 in the BOBCV

Esther 2 in the BOCNT

Esther 2 in the BOGWICC

Esther 2 in the BOHCB

Esther 2 in the BOHCV

Esther 2 in the BOHLNT

Esther 2 in the BOHNTLTAL

Esther 2 in the BOICB

Esther 2 in the BOILNTAP

Esther 2 in the BOITCV

Esther 2 in the BOKCV

Esther 2 in the BOKCV2

Esther 2 in the BOKHWOG

Esther 2 in the BOKSSV

Esther 2 in the BOLCB

Esther 2 in the BOLCB2

Esther 2 in the BOMCV

Esther 2 in the BONAV

Esther 2 in the BONCB

Esther 2 in the BONLT

Esther 2 in the BONUT2

Esther 2 in the BOPLNT

Esther 2 in the BOSCB

Esther 2 in the BOSNC

Esther 2 in the BOTLNT

Esther 2 in the BOVCB

Esther 2 in the BOYCB

Esther 2 in the BPBB

Esther 2 in the BPH

Esther 2 in the BSB

Esther 2 in the CCB

Esther 2 in the CUV

Esther 2 in the CUVS

Esther 2 in the DBT

Esther 2 in the DGDNT

Esther 2 in the DHNT

Esther 2 in the DNT

Esther 2 in the ELBE

Esther 2 in the EMTV

Esther 2 in the ESV

Esther 2 in the FBV

Esther 2 in the FEB

Esther 2 in the GGMNT

Esther 2 in the GNT

Esther 2 in the HARY

Esther 2 in the HNT

Esther 2 in the IRVA

Esther 2 in the IRVB

Esther 2 in the IRVG

Esther 2 in the IRVH

Esther 2 in the IRVK

Esther 2 in the IRVM

Esther 2 in the IRVM2

Esther 2 in the IRVO

Esther 2 in the IRVP

Esther 2 in the IRVT

Esther 2 in the IRVT2

Esther 2 in the IRVU

Esther 2 in the ISVN

Esther 2 in the JSNT

Esther 2 in the KAPI

Esther 2 in the KBT1ETNIK

Esther 2 in the KBV

Esther 2 in the KJV

Esther 2 in the KNFD

Esther 2 in the LBA

Esther 2 in the LBLA

Esther 2 in the LNT

Esther 2 in the LSV

Esther 2 in the MAAL

Esther 2 in the MBV

Esther 2 in the MBV2

Esther 2 in the MHNT

Esther 2 in the MKNFD

Esther 2 in the MNG

Esther 2 in the MNT

Esther 2 in the MNT2

Esther 2 in the MRS1T

Esther 2 in the NAA

Esther 2 in the NASB

Esther 2 in the NBLA

Esther 2 in the NBS

Esther 2 in the NBVTP

Esther 2 in the NET2

Esther 2 in the NIV11

Esther 2 in the NNT

Esther 2 in the NNT2

Esther 2 in the NNT3

Esther 2 in the PDDPT

Esther 2 in the PFNT

Esther 2 in the RMNT

Esther 2 in the SBIAS

Esther 2 in the SBIBS

Esther 2 in the SBIBS2

Esther 2 in the SBICS

Esther 2 in the SBIDS

Esther 2 in the SBIGS

Esther 2 in the SBIHS

Esther 2 in the SBIIS

Esther 2 in the SBIIS2

Esther 2 in the SBIIS3

Esther 2 in the SBIKS

Esther 2 in the SBIKS2

Esther 2 in the SBIMS

Esther 2 in the SBIOS

Esther 2 in the SBIPS

Esther 2 in the SBISS

Esther 2 in the SBITS

Esther 2 in the SBITS2

Esther 2 in the SBITS3

Esther 2 in the SBITS4

Esther 2 in the SBIUS

Esther 2 in the SBIVS

Esther 2 in the SBT

Esther 2 in the SBT1E

Esther 2 in the SCHL

Esther 2 in the SNT

Esther 2 in the SUSU

Esther 2 in the SUSU2

Esther 2 in the SYNO

Esther 2 in the TBIAOTANT

Esther 2 in the TBT1E

Esther 2 in the TBT1E2

Esther 2 in the TFTIP

Esther 2 in the TFTU

Esther 2 in the TGNTATF3T

Esther 2 in the THAI

Esther 2 in the TNFD

Esther 2 in the TNT

Esther 2 in the TNTIK

Esther 2 in the TNTIL

Esther 2 in the TNTIN

Esther 2 in the TNTIP

Esther 2 in the TNTIZ

Esther 2 in the TOMA

Esther 2 in the TTENT

Esther 2 in the UBG

Esther 2 in the UGV

Esther 2 in the UGV2

Esther 2 in the UGV3

Esther 2 in the VBL

Esther 2 in the VDCC

Esther 2 in the YALU

Esther 2 in the YAPE

Esther 2 in the YBVTP

Esther 2 in the ZBP