Esther 3 (BOECS)
1 Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me. 2 Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o. 3 Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?” 4 Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye. 5 Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ. 6 Ke esi wònya Mordekai kple eƒe amewo ta la, susu be woawu eya ɖeka la nye nu sue aɖe ko nɛ, eya ta Haman di mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame siwo nye Mordekai ƒe amewo le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la katã me. 7 Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar. 8 Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o. 9 Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.” 10 Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene. 11 Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.” 12 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete. 13 Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene. 14 Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.” 15 Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me.
In Other Versions
Esther 3 in the ANGEFD
Esther 3 in the ANTPNG2D
Esther 3 in the AS21
Esther 3 in the BAGH
Esther 3 in the BBPNG
Esther 3 in the BBT1E
Esther 3 in the BDS
Esther 3 in the BEV
Esther 3 in the BHAD
Esther 3 in the BIB
Esther 3 in the BLPT
Esther 3 in the BNT
Esther 3 in the BNTABOOT
Esther 3 in the BNTLV
Esther 3 in the BOATCB
Esther 3 in the BOATCB2
Esther 3 in the BOBCV
Esther 3 in the BOCNT
Esther 3 in the BOGWICC
Esther 3 in the BOHCB
Esther 3 in the BOHCV
Esther 3 in the BOHLNT
Esther 3 in the BOHNTLTAL
Esther 3 in the BOICB
Esther 3 in the BOILNTAP
Esther 3 in the BOITCV
Esther 3 in the BOKCV
Esther 3 in the BOKCV2
Esther 3 in the BOKHWOG
Esther 3 in the BOKSSV
Esther 3 in the BOLCB
Esther 3 in the BOLCB2
Esther 3 in the BOMCV
Esther 3 in the BONAV
Esther 3 in the BONCB
Esther 3 in the BONLT
Esther 3 in the BONUT2
Esther 3 in the BOPLNT
Esther 3 in the BOSCB
Esther 3 in the BOSNC
Esther 3 in the BOTLNT
Esther 3 in the BOVCB
Esther 3 in the BOYCB
Esther 3 in the BPBB
Esther 3 in the BPH
Esther 3 in the BSB
Esther 3 in the CCB
Esther 3 in the CUV
Esther 3 in the CUVS
Esther 3 in the DBT
Esther 3 in the DGDNT
Esther 3 in the DHNT
Esther 3 in the DNT
Esther 3 in the ELBE
Esther 3 in the EMTV
Esther 3 in the ESV
Esther 3 in the FBV
Esther 3 in the FEB
Esther 3 in the GGMNT
Esther 3 in the GNT
Esther 3 in the HARY
Esther 3 in the HNT
Esther 3 in the IRVA
Esther 3 in the IRVB
Esther 3 in the IRVG
Esther 3 in the IRVH
Esther 3 in the IRVK
Esther 3 in the IRVM
Esther 3 in the IRVM2
Esther 3 in the IRVO
Esther 3 in the IRVP
Esther 3 in the IRVT
Esther 3 in the IRVT2
Esther 3 in the IRVU
Esther 3 in the ISVN
Esther 3 in the JSNT
Esther 3 in the KAPI
Esther 3 in the KBT1ETNIK
Esther 3 in the KBV
Esther 3 in the KJV
Esther 3 in the KNFD
Esther 3 in the LBA
Esther 3 in the LBLA
Esther 3 in the LNT
Esther 3 in the LSV
Esther 3 in the MAAL
Esther 3 in the MBV
Esther 3 in the MBV2
Esther 3 in the MHNT
Esther 3 in the MKNFD
Esther 3 in the MNG
Esther 3 in the MNT
Esther 3 in the MNT2
Esther 3 in the MRS1T
Esther 3 in the NAA
Esther 3 in the NASB
Esther 3 in the NBLA
Esther 3 in the NBS
Esther 3 in the NBVTP
Esther 3 in the NET2
Esther 3 in the NIV11
Esther 3 in the NNT
Esther 3 in the NNT2
Esther 3 in the NNT3
Esther 3 in the PDDPT
Esther 3 in the PFNT
Esther 3 in the RMNT
Esther 3 in the SBIAS
Esther 3 in the SBIBS
Esther 3 in the SBIBS2
Esther 3 in the SBICS
Esther 3 in the SBIDS
Esther 3 in the SBIGS
Esther 3 in the SBIHS
Esther 3 in the SBIIS
Esther 3 in the SBIIS2
Esther 3 in the SBIIS3
Esther 3 in the SBIKS
Esther 3 in the SBIKS2
Esther 3 in the SBIMS
Esther 3 in the SBIOS
Esther 3 in the SBIPS
Esther 3 in the SBISS
Esther 3 in the SBITS
Esther 3 in the SBITS2
Esther 3 in the SBITS3
Esther 3 in the SBITS4
Esther 3 in the SBIUS
Esther 3 in the SBIVS
Esther 3 in the SBT
Esther 3 in the SBT1E
Esther 3 in the SCHL
Esther 3 in the SNT
Esther 3 in the SUSU
Esther 3 in the SUSU2
Esther 3 in the SYNO
Esther 3 in the TBIAOTANT
Esther 3 in the TBT1E
Esther 3 in the TBT1E2
Esther 3 in the TFTIP
Esther 3 in the TFTU
Esther 3 in the TGNTATF3T
Esther 3 in the THAI
Esther 3 in the TNFD
Esther 3 in the TNT
Esther 3 in the TNTIK
Esther 3 in the TNTIL
Esther 3 in the TNTIN
Esther 3 in the TNTIP
Esther 3 in the TNTIZ
Esther 3 in the TOMA
Esther 3 in the TTENT
Esther 3 in the UBG
Esther 3 in the UGV
Esther 3 in the UGV2
Esther 3 in the UGV3
Esther 3 in the VBL
Esther 3 in the VDCC
Esther 3 in the YALU
Esther 3 in the YAPE
Esther 3 in the YBVTP
Esther 3 in the ZBP