Exodus 16 (BOECS)

1 Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe. 2 Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie. 3 Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.” 4 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã. 5 Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.” 6 Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi. 7 Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?” 8 Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.” 9 Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ ” 10 Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me. 11 Yehowa gblɔ na Mose be, 12 “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” 13 Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, 14 eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. 15 Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu. 16 Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.” 17 Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o. 18 Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu. 19 Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.” 20 Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, 21 eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna. 22 Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã. 23 Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.” 24 Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene. 25 Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o. 26 Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.” 27 Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o. 28 Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo? 29 Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.” 30 Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe. 31 Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene. 32 Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ” 33 Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.” 34 Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma. 35 Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu. 36 (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)

In Other Versions

Exodus 16 in the ANGEFD

Exodus 16 in the ANTPNG2D

Exodus 16 in the AS21

Exodus 16 in the BAGH

Exodus 16 in the BBPNG

Exodus 16 in the BBT1E

Exodus 16 in the BDS

Exodus 16 in the BEV

Exodus 16 in the BHAD

Exodus 16 in the BIB

Exodus 16 in the BLPT

Exodus 16 in the BNT

Exodus 16 in the BNTABOOT

Exodus 16 in the BNTLV

Exodus 16 in the BOATCB

Exodus 16 in the BOATCB2

Exodus 16 in the BOBCV

Exodus 16 in the BOCNT

Exodus 16 in the BOGWICC

Exodus 16 in the BOHCB

Exodus 16 in the BOHCV

Exodus 16 in the BOHLNT

Exodus 16 in the BOHNTLTAL

Exodus 16 in the BOICB

Exodus 16 in the BOILNTAP

Exodus 16 in the BOITCV

Exodus 16 in the BOKCV

Exodus 16 in the BOKCV2

Exodus 16 in the BOKHWOG

Exodus 16 in the BOKSSV

Exodus 16 in the BOLCB

Exodus 16 in the BOLCB2

Exodus 16 in the BOMCV

Exodus 16 in the BONAV

Exodus 16 in the BONCB

Exodus 16 in the BONLT

Exodus 16 in the BONUT2

Exodus 16 in the BOPLNT

Exodus 16 in the BOSCB

Exodus 16 in the BOSNC

Exodus 16 in the BOTLNT

Exodus 16 in the BOVCB

Exodus 16 in the BOYCB

Exodus 16 in the BPBB

Exodus 16 in the BPH

Exodus 16 in the BSB

Exodus 16 in the CCB

Exodus 16 in the CUV

Exodus 16 in the CUVS

Exodus 16 in the DBT

Exodus 16 in the DGDNT

Exodus 16 in the DHNT

Exodus 16 in the DNT

Exodus 16 in the ELBE

Exodus 16 in the EMTV

Exodus 16 in the ESV

Exodus 16 in the FBV

Exodus 16 in the FEB

Exodus 16 in the GGMNT

Exodus 16 in the GNT

Exodus 16 in the HARY

Exodus 16 in the HNT

Exodus 16 in the IRVA

Exodus 16 in the IRVB

Exodus 16 in the IRVG

Exodus 16 in the IRVH

Exodus 16 in the IRVK

Exodus 16 in the IRVM

Exodus 16 in the IRVM2

Exodus 16 in the IRVO

Exodus 16 in the IRVP

Exodus 16 in the IRVT

Exodus 16 in the IRVT2

Exodus 16 in the IRVU

Exodus 16 in the ISVN

Exodus 16 in the JSNT

Exodus 16 in the KAPI

Exodus 16 in the KBT1ETNIK

Exodus 16 in the KBV

Exodus 16 in the KJV

Exodus 16 in the KNFD

Exodus 16 in the LBA

Exodus 16 in the LBLA

Exodus 16 in the LNT

Exodus 16 in the LSV

Exodus 16 in the MAAL

Exodus 16 in the MBV

Exodus 16 in the MBV2

Exodus 16 in the MHNT

Exodus 16 in the MKNFD

Exodus 16 in the MNG

Exodus 16 in the MNT

Exodus 16 in the MNT2

Exodus 16 in the MRS1T

Exodus 16 in the NAA

Exodus 16 in the NASB

Exodus 16 in the NBLA

Exodus 16 in the NBS

Exodus 16 in the NBVTP

Exodus 16 in the NET2

Exodus 16 in the NIV11

Exodus 16 in the NNT

Exodus 16 in the NNT2

Exodus 16 in the NNT3

Exodus 16 in the PDDPT

Exodus 16 in the PFNT

Exodus 16 in the RMNT

Exodus 16 in the SBIAS

Exodus 16 in the SBIBS

Exodus 16 in the SBIBS2

Exodus 16 in the SBICS

Exodus 16 in the SBIDS

Exodus 16 in the SBIGS

Exodus 16 in the SBIHS

Exodus 16 in the SBIIS

Exodus 16 in the SBIIS2

Exodus 16 in the SBIIS3

Exodus 16 in the SBIKS

Exodus 16 in the SBIKS2

Exodus 16 in the SBIMS

Exodus 16 in the SBIOS

Exodus 16 in the SBIPS

Exodus 16 in the SBISS

Exodus 16 in the SBITS

Exodus 16 in the SBITS2

Exodus 16 in the SBITS3

Exodus 16 in the SBITS4

Exodus 16 in the SBIUS

Exodus 16 in the SBIVS

Exodus 16 in the SBT

Exodus 16 in the SBT1E

Exodus 16 in the SCHL

Exodus 16 in the SNT

Exodus 16 in the SUSU

Exodus 16 in the SUSU2

Exodus 16 in the SYNO

Exodus 16 in the TBIAOTANT

Exodus 16 in the TBT1E

Exodus 16 in the TBT1E2

Exodus 16 in the TFTIP

Exodus 16 in the TFTU

Exodus 16 in the TGNTATF3T

Exodus 16 in the THAI

Exodus 16 in the TNFD

Exodus 16 in the TNT

Exodus 16 in the TNTIK

Exodus 16 in the TNTIL

Exodus 16 in the TNTIN

Exodus 16 in the TNTIP

Exodus 16 in the TNTIZ

Exodus 16 in the TOMA

Exodus 16 in the TTENT

Exodus 16 in the UBG

Exodus 16 in the UGV

Exodus 16 in the UGV2

Exodus 16 in the UGV3

Exodus 16 in the VBL

Exodus 16 in the VDCC

Exodus 16 in the YALU

Exodus 16 in the YAPE

Exodus 16 in the YBVTP

Exodus 16 in the ZBP