Exodus 17 (BOECS)
1 Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o! 2 Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?” 3 Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?” 4 Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.” 5 Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi. 6 Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume. 7 Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?” 8 Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim. 9 Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!” 10 Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi. 11 Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi. 12 Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to. 13 Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi. 14 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.” 15 Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.” 16 Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.”
In Other Versions
Exodus 17 in the ANGEFD
Exodus 17 in the ANTPNG2D
Exodus 17 in the AS21
Exodus 17 in the BAGH
Exodus 17 in the BBPNG
Exodus 17 in the BBT1E
Exodus 17 in the BDS
Exodus 17 in the BEV
Exodus 17 in the BHAD
Exodus 17 in the BIB
Exodus 17 in the BLPT
Exodus 17 in the BNT
Exodus 17 in the BNTABOOT
Exodus 17 in the BNTLV
Exodus 17 in the BOATCB
Exodus 17 in the BOATCB2
Exodus 17 in the BOBCV
Exodus 17 in the BOCNT
Exodus 17 in the BOGWICC
Exodus 17 in the BOHCB
Exodus 17 in the BOHCV
Exodus 17 in the BOHLNT
Exodus 17 in the BOHNTLTAL
Exodus 17 in the BOICB
Exodus 17 in the BOILNTAP
Exodus 17 in the BOITCV
Exodus 17 in the BOKCV
Exodus 17 in the BOKCV2
Exodus 17 in the BOKHWOG
Exodus 17 in the BOKSSV
Exodus 17 in the BOLCB
Exodus 17 in the BOLCB2
Exodus 17 in the BOMCV
Exodus 17 in the BONAV
Exodus 17 in the BONCB
Exodus 17 in the BONLT
Exodus 17 in the BONUT2
Exodus 17 in the BOPLNT
Exodus 17 in the BOSCB
Exodus 17 in the BOSNC
Exodus 17 in the BOTLNT
Exodus 17 in the BOVCB
Exodus 17 in the BOYCB
Exodus 17 in the BPBB
Exodus 17 in the BPH
Exodus 17 in the BSB
Exodus 17 in the CCB
Exodus 17 in the CUV
Exodus 17 in the CUVS
Exodus 17 in the DBT
Exodus 17 in the DGDNT
Exodus 17 in the DHNT
Exodus 17 in the DNT
Exodus 17 in the ELBE
Exodus 17 in the EMTV
Exodus 17 in the ESV
Exodus 17 in the FBV
Exodus 17 in the FEB
Exodus 17 in the GGMNT
Exodus 17 in the GNT
Exodus 17 in the HARY
Exodus 17 in the HNT
Exodus 17 in the IRVA
Exodus 17 in the IRVB
Exodus 17 in the IRVG
Exodus 17 in the IRVH
Exodus 17 in the IRVK
Exodus 17 in the IRVM
Exodus 17 in the IRVM2
Exodus 17 in the IRVO
Exodus 17 in the IRVP
Exodus 17 in the IRVT
Exodus 17 in the IRVT2
Exodus 17 in the IRVU
Exodus 17 in the ISVN
Exodus 17 in the JSNT
Exodus 17 in the KAPI
Exodus 17 in the KBT1ETNIK
Exodus 17 in the KBV
Exodus 17 in the KJV
Exodus 17 in the KNFD
Exodus 17 in the LBA
Exodus 17 in the LBLA
Exodus 17 in the LNT
Exodus 17 in the LSV
Exodus 17 in the MAAL
Exodus 17 in the MBV
Exodus 17 in the MBV2
Exodus 17 in the MHNT
Exodus 17 in the MKNFD
Exodus 17 in the MNG
Exodus 17 in the MNT
Exodus 17 in the MNT2
Exodus 17 in the MRS1T
Exodus 17 in the NAA
Exodus 17 in the NASB
Exodus 17 in the NBLA
Exodus 17 in the NBS
Exodus 17 in the NBVTP
Exodus 17 in the NET2
Exodus 17 in the NIV11
Exodus 17 in the NNT
Exodus 17 in the NNT2
Exodus 17 in the NNT3
Exodus 17 in the PDDPT
Exodus 17 in the PFNT
Exodus 17 in the RMNT
Exodus 17 in the SBIAS
Exodus 17 in the SBIBS
Exodus 17 in the SBIBS2
Exodus 17 in the SBICS
Exodus 17 in the SBIDS
Exodus 17 in the SBIGS
Exodus 17 in the SBIHS
Exodus 17 in the SBIIS
Exodus 17 in the SBIIS2
Exodus 17 in the SBIIS3
Exodus 17 in the SBIKS
Exodus 17 in the SBIKS2
Exodus 17 in the SBIMS
Exodus 17 in the SBIOS
Exodus 17 in the SBIPS
Exodus 17 in the SBISS
Exodus 17 in the SBITS
Exodus 17 in the SBITS2
Exodus 17 in the SBITS3
Exodus 17 in the SBITS4
Exodus 17 in the SBIUS
Exodus 17 in the SBIVS
Exodus 17 in the SBT
Exodus 17 in the SBT1E
Exodus 17 in the SCHL
Exodus 17 in the SNT
Exodus 17 in the SUSU
Exodus 17 in the SUSU2
Exodus 17 in the SYNO
Exodus 17 in the TBIAOTANT
Exodus 17 in the TBT1E
Exodus 17 in the TBT1E2
Exodus 17 in the TFTIP
Exodus 17 in the TFTU
Exodus 17 in the TGNTATF3T
Exodus 17 in the THAI
Exodus 17 in the TNFD
Exodus 17 in the TNT
Exodus 17 in the TNTIK
Exodus 17 in the TNTIL
Exodus 17 in the TNTIN
Exodus 17 in the TNTIP
Exodus 17 in the TNTIZ
Exodus 17 in the TOMA
Exodus 17 in the TTENT
Exodus 17 in the UBG
Exodus 17 in the UGV
Exodus 17 in the UGV2
Exodus 17 in the UGV3
Exodus 17 in the VBL
Exodus 17 in the VDCC
Exodus 17 in the YALU
Exodus 17 in the YAPE
Exodus 17 in the YBVTP
Exodus 17 in the ZBP