Exodus 23 (BOECS)

1 “Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o. 2 “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o, 3 eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o. 4 “Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ. 5 Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu. 6 “Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o. 7 “Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o. 8 “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti. 9 “Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi. 10 “Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade, 11 ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu. 12 “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa. 13 “Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.” 14 “Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe. 15 “Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte.“Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me. 16 “Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam.“Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu. 17 “Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume. 18 “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o.“Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. 19 “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me.“Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o. 20 “Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi. 21 Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. 22 Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo, 23 elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò. 24 “Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo. 25 “Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. 26 Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò. 27 “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. 28 Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò. 29 Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa. 30 Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi. 31 “Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò. 32 “Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o. 33 Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”

In Other Versions

Exodus 23 in the ANGEFD

Exodus 23 in the ANTPNG2D

Exodus 23 in the AS21

Exodus 23 in the BAGH

Exodus 23 in the BBPNG

Exodus 23 in the BBT1E

Exodus 23 in the BDS

Exodus 23 in the BEV

Exodus 23 in the BHAD

Exodus 23 in the BIB

Exodus 23 in the BLPT

Exodus 23 in the BNT

Exodus 23 in the BNTABOOT

Exodus 23 in the BNTLV

Exodus 23 in the BOATCB

Exodus 23 in the BOATCB2

Exodus 23 in the BOBCV

Exodus 23 in the BOCNT

Exodus 23 in the BOGWICC

Exodus 23 in the BOHCB

Exodus 23 in the BOHCV

Exodus 23 in the BOHLNT

Exodus 23 in the BOHNTLTAL

Exodus 23 in the BOICB

Exodus 23 in the BOILNTAP

Exodus 23 in the BOITCV

Exodus 23 in the BOKCV

Exodus 23 in the BOKCV2

Exodus 23 in the BOKHWOG

Exodus 23 in the BOKSSV

Exodus 23 in the BOLCB

Exodus 23 in the BOLCB2

Exodus 23 in the BOMCV

Exodus 23 in the BONAV

Exodus 23 in the BONCB

Exodus 23 in the BONLT

Exodus 23 in the BONUT2

Exodus 23 in the BOPLNT

Exodus 23 in the BOSCB

Exodus 23 in the BOSNC

Exodus 23 in the BOTLNT

Exodus 23 in the BOVCB

Exodus 23 in the BOYCB

Exodus 23 in the BPBB

Exodus 23 in the BPH

Exodus 23 in the BSB

Exodus 23 in the CCB

Exodus 23 in the CUV

Exodus 23 in the CUVS

Exodus 23 in the DBT

Exodus 23 in the DGDNT

Exodus 23 in the DHNT

Exodus 23 in the DNT

Exodus 23 in the ELBE

Exodus 23 in the EMTV

Exodus 23 in the ESV

Exodus 23 in the FBV

Exodus 23 in the FEB

Exodus 23 in the GGMNT

Exodus 23 in the GNT

Exodus 23 in the HARY

Exodus 23 in the HNT

Exodus 23 in the IRVA

Exodus 23 in the IRVB

Exodus 23 in the IRVG

Exodus 23 in the IRVH

Exodus 23 in the IRVK

Exodus 23 in the IRVM

Exodus 23 in the IRVM2

Exodus 23 in the IRVO

Exodus 23 in the IRVP

Exodus 23 in the IRVT

Exodus 23 in the IRVT2

Exodus 23 in the IRVU

Exodus 23 in the ISVN

Exodus 23 in the JSNT

Exodus 23 in the KAPI

Exodus 23 in the KBT1ETNIK

Exodus 23 in the KBV

Exodus 23 in the KJV

Exodus 23 in the KNFD

Exodus 23 in the LBA

Exodus 23 in the LBLA

Exodus 23 in the LNT

Exodus 23 in the LSV

Exodus 23 in the MAAL

Exodus 23 in the MBV

Exodus 23 in the MBV2

Exodus 23 in the MHNT

Exodus 23 in the MKNFD

Exodus 23 in the MNG

Exodus 23 in the MNT

Exodus 23 in the MNT2

Exodus 23 in the MRS1T

Exodus 23 in the NAA

Exodus 23 in the NASB

Exodus 23 in the NBLA

Exodus 23 in the NBS

Exodus 23 in the NBVTP

Exodus 23 in the NET2

Exodus 23 in the NIV11

Exodus 23 in the NNT

Exodus 23 in the NNT2

Exodus 23 in the NNT3

Exodus 23 in the PDDPT

Exodus 23 in the PFNT

Exodus 23 in the RMNT

Exodus 23 in the SBIAS

Exodus 23 in the SBIBS

Exodus 23 in the SBIBS2

Exodus 23 in the SBICS

Exodus 23 in the SBIDS

Exodus 23 in the SBIGS

Exodus 23 in the SBIHS

Exodus 23 in the SBIIS

Exodus 23 in the SBIIS2

Exodus 23 in the SBIIS3

Exodus 23 in the SBIKS

Exodus 23 in the SBIKS2

Exodus 23 in the SBIMS

Exodus 23 in the SBIOS

Exodus 23 in the SBIPS

Exodus 23 in the SBISS

Exodus 23 in the SBITS

Exodus 23 in the SBITS2

Exodus 23 in the SBITS3

Exodus 23 in the SBITS4

Exodus 23 in the SBIUS

Exodus 23 in the SBIVS

Exodus 23 in the SBT

Exodus 23 in the SBT1E

Exodus 23 in the SCHL

Exodus 23 in the SNT

Exodus 23 in the SUSU

Exodus 23 in the SUSU2

Exodus 23 in the SYNO

Exodus 23 in the TBIAOTANT

Exodus 23 in the TBT1E

Exodus 23 in the TBT1E2

Exodus 23 in the TFTIP

Exodus 23 in the TFTU

Exodus 23 in the TGNTATF3T

Exodus 23 in the THAI

Exodus 23 in the TNFD

Exodus 23 in the TNT

Exodus 23 in the TNTIK

Exodus 23 in the TNTIL

Exodus 23 in the TNTIN

Exodus 23 in the TNTIP

Exodus 23 in the TNTIZ

Exodus 23 in the TOMA

Exodus 23 in the TTENT

Exodus 23 in the UBG

Exodus 23 in the UGV

Exodus 23 in the UGV2

Exodus 23 in the UGV3

Exodus 23 in the VBL

Exodus 23 in the VDCC

Exodus 23 in the YALU

Exodus 23 in the YAPE

Exodus 23 in the YBVTP

Exodus 23 in the ZBP