Exodus 27 (BOECS)

1 “Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. 2 Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. 3 Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. 4 Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. 5 Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. 6 Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 7 Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 8 Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.” 9 “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, 10 eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. 11 Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. 12 Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. 13 Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. 14 Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. 15 Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. 16 “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. 17 Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. 18 Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo. 19 “Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã. 20 “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. 21 Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.

In Other Versions

Exodus 27 in the ANGEFD

Exodus 27 in the ANTPNG2D

Exodus 27 in the AS21

Exodus 27 in the BAGH

Exodus 27 in the BBPNG

Exodus 27 in the BBT1E

Exodus 27 in the BDS

Exodus 27 in the BEV

Exodus 27 in the BHAD

Exodus 27 in the BIB

Exodus 27 in the BLPT

Exodus 27 in the BNT

Exodus 27 in the BNTABOOT

Exodus 27 in the BNTLV

Exodus 27 in the BOATCB

Exodus 27 in the BOATCB2

Exodus 27 in the BOBCV

Exodus 27 in the BOCNT

Exodus 27 in the BOGWICC

Exodus 27 in the BOHCB

Exodus 27 in the BOHCV

Exodus 27 in the BOHLNT

Exodus 27 in the BOHNTLTAL

Exodus 27 in the BOICB

Exodus 27 in the BOILNTAP

Exodus 27 in the BOITCV

Exodus 27 in the BOKCV

Exodus 27 in the BOKCV2

Exodus 27 in the BOKHWOG

Exodus 27 in the BOKSSV

Exodus 27 in the BOLCB

Exodus 27 in the BOLCB2

Exodus 27 in the BOMCV

Exodus 27 in the BONAV

Exodus 27 in the BONCB

Exodus 27 in the BONLT

Exodus 27 in the BONUT2

Exodus 27 in the BOPLNT

Exodus 27 in the BOSCB

Exodus 27 in the BOSNC

Exodus 27 in the BOTLNT

Exodus 27 in the BOVCB

Exodus 27 in the BOYCB

Exodus 27 in the BPBB

Exodus 27 in the BPH

Exodus 27 in the BSB

Exodus 27 in the CCB

Exodus 27 in the CUV

Exodus 27 in the CUVS

Exodus 27 in the DBT

Exodus 27 in the DGDNT

Exodus 27 in the DHNT

Exodus 27 in the DNT

Exodus 27 in the ELBE

Exodus 27 in the EMTV

Exodus 27 in the ESV

Exodus 27 in the FBV

Exodus 27 in the FEB

Exodus 27 in the GGMNT

Exodus 27 in the GNT

Exodus 27 in the HARY

Exodus 27 in the HNT

Exodus 27 in the IRVA

Exodus 27 in the IRVB

Exodus 27 in the IRVG

Exodus 27 in the IRVH

Exodus 27 in the IRVK

Exodus 27 in the IRVM

Exodus 27 in the IRVM2

Exodus 27 in the IRVO

Exodus 27 in the IRVP

Exodus 27 in the IRVT

Exodus 27 in the IRVT2

Exodus 27 in the IRVU

Exodus 27 in the ISVN

Exodus 27 in the JSNT

Exodus 27 in the KAPI

Exodus 27 in the KBT1ETNIK

Exodus 27 in the KBV

Exodus 27 in the KJV

Exodus 27 in the KNFD

Exodus 27 in the LBA

Exodus 27 in the LBLA

Exodus 27 in the LNT

Exodus 27 in the LSV

Exodus 27 in the MAAL

Exodus 27 in the MBV

Exodus 27 in the MBV2

Exodus 27 in the MHNT

Exodus 27 in the MKNFD

Exodus 27 in the MNG

Exodus 27 in the MNT

Exodus 27 in the MNT2

Exodus 27 in the MRS1T

Exodus 27 in the NAA

Exodus 27 in the NASB

Exodus 27 in the NBLA

Exodus 27 in the NBS

Exodus 27 in the NBVTP

Exodus 27 in the NET2

Exodus 27 in the NIV11

Exodus 27 in the NNT

Exodus 27 in the NNT2

Exodus 27 in the NNT3

Exodus 27 in the PDDPT

Exodus 27 in the PFNT

Exodus 27 in the RMNT

Exodus 27 in the SBIAS

Exodus 27 in the SBIBS

Exodus 27 in the SBIBS2

Exodus 27 in the SBICS

Exodus 27 in the SBIDS

Exodus 27 in the SBIGS

Exodus 27 in the SBIHS

Exodus 27 in the SBIIS

Exodus 27 in the SBIIS2

Exodus 27 in the SBIIS3

Exodus 27 in the SBIKS

Exodus 27 in the SBIKS2

Exodus 27 in the SBIMS

Exodus 27 in the SBIOS

Exodus 27 in the SBIPS

Exodus 27 in the SBISS

Exodus 27 in the SBITS

Exodus 27 in the SBITS2

Exodus 27 in the SBITS3

Exodus 27 in the SBITS4

Exodus 27 in the SBIUS

Exodus 27 in the SBIVS

Exodus 27 in the SBT

Exodus 27 in the SBT1E

Exodus 27 in the SCHL

Exodus 27 in the SNT

Exodus 27 in the SUSU

Exodus 27 in the SUSU2

Exodus 27 in the SYNO

Exodus 27 in the TBIAOTANT

Exodus 27 in the TBT1E

Exodus 27 in the TBT1E2

Exodus 27 in the TFTIP

Exodus 27 in the TFTU

Exodus 27 in the TGNTATF3T

Exodus 27 in the THAI

Exodus 27 in the TNFD

Exodus 27 in the TNT

Exodus 27 in the TNTIK

Exodus 27 in the TNTIL

Exodus 27 in the TNTIN

Exodus 27 in the TNTIP

Exodus 27 in the TNTIZ

Exodus 27 in the TOMA

Exodus 27 in the TTENT

Exodus 27 in the UBG

Exodus 27 in the UGV

Exodus 27 in the UGV2

Exodus 27 in the UGV3

Exodus 27 in the VBL

Exodus 27 in the VDCC

Exodus 27 in the YALU

Exodus 27 in the YAPE

Exodus 27 in the YBVTP

Exodus 27 in the ZBP