Exodus 3 (BOECS)
1 Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu. 2 Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la, 3 Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.” 4 Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!”Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.” 5 Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo. 6 Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ. 7 Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me, 8 eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia. 9 Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe. 10 Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.” 11 Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?” 12 Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.” 13 Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?” 14 Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ” 15 Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’“Esiae nye nye ŋkɔ tegbee,ŋkɔ si woayɔ namtso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ. 16 “Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte. 17 Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’ 18 “Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’ 19 Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi. 20 Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi. 21 “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o! 22 Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”
In Other Versions
Exodus 3 in the ANGEFD
Exodus 3 in the ANTPNG2D
Exodus 3 in the AS21
Exodus 3 in the BAGH
Exodus 3 in the BBPNG
Exodus 3 in the BBT1E
Exodus 3 in the BDS
Exodus 3 in the BEV
Exodus 3 in the BHAD
Exodus 3 in the BIB
Exodus 3 in the BLPT
Exodus 3 in the BNT
Exodus 3 in the BNTABOOT
Exodus 3 in the BNTLV
Exodus 3 in the BOATCB
Exodus 3 in the BOATCB2
Exodus 3 in the BOBCV
Exodus 3 in the BOCNT
Exodus 3 in the BOGWICC
Exodus 3 in the BOHCB
Exodus 3 in the BOHCV
Exodus 3 in the BOHLNT
Exodus 3 in the BOHNTLTAL
Exodus 3 in the BOICB
Exodus 3 in the BOILNTAP
Exodus 3 in the BOITCV
Exodus 3 in the BOKCV
Exodus 3 in the BOKCV2
Exodus 3 in the BOKHWOG
Exodus 3 in the BOKSSV
Exodus 3 in the BOLCB
Exodus 3 in the BOLCB2
Exodus 3 in the BOMCV
Exodus 3 in the BONAV
Exodus 3 in the BONCB
Exodus 3 in the BONLT
Exodus 3 in the BONUT2
Exodus 3 in the BOPLNT
Exodus 3 in the BOSCB
Exodus 3 in the BOSNC
Exodus 3 in the BOTLNT
Exodus 3 in the BOVCB
Exodus 3 in the BOYCB
Exodus 3 in the BPBB
Exodus 3 in the BPH
Exodus 3 in the BSB
Exodus 3 in the CCB
Exodus 3 in the CUV
Exodus 3 in the CUVS
Exodus 3 in the DBT
Exodus 3 in the DGDNT
Exodus 3 in the DHNT
Exodus 3 in the DNT
Exodus 3 in the ELBE
Exodus 3 in the EMTV
Exodus 3 in the ESV
Exodus 3 in the FBV
Exodus 3 in the FEB
Exodus 3 in the GGMNT
Exodus 3 in the GNT
Exodus 3 in the HARY
Exodus 3 in the HNT
Exodus 3 in the IRVA
Exodus 3 in the IRVB
Exodus 3 in the IRVG
Exodus 3 in the IRVH
Exodus 3 in the IRVK
Exodus 3 in the IRVM
Exodus 3 in the IRVM2
Exodus 3 in the IRVO
Exodus 3 in the IRVP
Exodus 3 in the IRVT
Exodus 3 in the IRVT2
Exodus 3 in the IRVU
Exodus 3 in the ISVN
Exodus 3 in the JSNT
Exodus 3 in the KAPI
Exodus 3 in the KBT1ETNIK
Exodus 3 in the KBV
Exodus 3 in the KJV
Exodus 3 in the KNFD
Exodus 3 in the LBA
Exodus 3 in the LBLA
Exodus 3 in the LNT
Exodus 3 in the LSV
Exodus 3 in the MAAL
Exodus 3 in the MBV
Exodus 3 in the MBV2
Exodus 3 in the MHNT
Exodus 3 in the MKNFD
Exodus 3 in the MNG
Exodus 3 in the MNT
Exodus 3 in the MNT2
Exodus 3 in the MRS1T
Exodus 3 in the NAA
Exodus 3 in the NASB
Exodus 3 in the NBLA
Exodus 3 in the NBS
Exodus 3 in the NBVTP
Exodus 3 in the NET2
Exodus 3 in the NIV11
Exodus 3 in the NNT
Exodus 3 in the NNT2
Exodus 3 in the NNT3
Exodus 3 in the PDDPT
Exodus 3 in the PFNT
Exodus 3 in the RMNT
Exodus 3 in the SBIAS
Exodus 3 in the SBIBS
Exodus 3 in the SBIBS2
Exodus 3 in the SBICS
Exodus 3 in the SBIDS
Exodus 3 in the SBIGS
Exodus 3 in the SBIHS
Exodus 3 in the SBIIS
Exodus 3 in the SBIIS2
Exodus 3 in the SBIIS3
Exodus 3 in the SBIKS
Exodus 3 in the SBIKS2
Exodus 3 in the SBIMS
Exodus 3 in the SBIOS
Exodus 3 in the SBIPS
Exodus 3 in the SBISS
Exodus 3 in the SBITS
Exodus 3 in the SBITS2
Exodus 3 in the SBITS3
Exodus 3 in the SBITS4
Exodus 3 in the SBIUS
Exodus 3 in the SBIVS
Exodus 3 in the SBT
Exodus 3 in the SBT1E
Exodus 3 in the SCHL
Exodus 3 in the SNT
Exodus 3 in the SUSU
Exodus 3 in the SUSU2
Exodus 3 in the SYNO
Exodus 3 in the TBIAOTANT
Exodus 3 in the TBT1E
Exodus 3 in the TBT1E2
Exodus 3 in the TFTIP
Exodus 3 in the TFTU
Exodus 3 in the TGNTATF3T
Exodus 3 in the THAI
Exodus 3 in the TNFD
Exodus 3 in the TNT
Exodus 3 in the TNTIK
Exodus 3 in the TNTIL
Exodus 3 in the TNTIN
Exodus 3 in the TNTIP
Exodus 3 in the TNTIZ
Exodus 3 in the TOMA
Exodus 3 in the TTENT
Exodus 3 in the UBG
Exodus 3 in the UGV
Exodus 3 in the UGV2
Exodus 3 in the UGV3
Exodus 3 in the VBL
Exodus 3 in the VDCC
Exodus 3 in the YALU
Exodus 3 in the YAPE
Exodus 3 in the YBVTP
Exodus 3 in the ZBP