Exodus 39 (BOECS)

1 Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 2 Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã. 3 Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ. 4 Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. 5 Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu. 6 Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, 7 eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. 8 Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene. 9 Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. 10 Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me. 11 Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me. 12 Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me. 13 Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. 14 Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi. 15 Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. 16 Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; 17 wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu 18 eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. 19 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. 20 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. 21 Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose. 22 Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae. 23 Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. 24 Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. 25 Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. 26 Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 27 Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. 28 Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. 29 Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. 30 Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be,wokɔ eŋuti na Yehowa. 31 Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. 32 Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. 33 Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo; 34 agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo; 35 nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la; 36 kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la; 37 sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami; 38 Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la; 39 Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; 40 Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo;woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo;nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me. 41 Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. 42 Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 43 Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.

In Other Versions

Exodus 39 in the ANGEFD

Exodus 39 in the ANTPNG2D

Exodus 39 in the AS21

Exodus 39 in the BAGH

Exodus 39 in the BBPNG

Exodus 39 in the BBT1E

Exodus 39 in the BDS

Exodus 39 in the BEV

Exodus 39 in the BHAD

Exodus 39 in the BIB

Exodus 39 in the BLPT

Exodus 39 in the BNT

Exodus 39 in the BNTABOOT

Exodus 39 in the BNTLV

Exodus 39 in the BOATCB

Exodus 39 in the BOATCB2

Exodus 39 in the BOBCV

Exodus 39 in the BOCNT

Exodus 39 in the BOGWICC

Exodus 39 in the BOHCB

Exodus 39 in the BOHCV

Exodus 39 in the BOHLNT

Exodus 39 in the BOHNTLTAL

Exodus 39 in the BOICB

Exodus 39 in the BOILNTAP

Exodus 39 in the BOITCV

Exodus 39 in the BOKCV

Exodus 39 in the BOKCV2

Exodus 39 in the BOKHWOG

Exodus 39 in the BOKSSV

Exodus 39 in the BOLCB

Exodus 39 in the BOLCB2

Exodus 39 in the BOMCV

Exodus 39 in the BONAV

Exodus 39 in the BONCB

Exodus 39 in the BONLT

Exodus 39 in the BONUT2

Exodus 39 in the BOPLNT

Exodus 39 in the BOSCB

Exodus 39 in the BOSNC

Exodus 39 in the BOTLNT

Exodus 39 in the BOVCB

Exodus 39 in the BOYCB

Exodus 39 in the BPBB

Exodus 39 in the BPH

Exodus 39 in the BSB

Exodus 39 in the CCB

Exodus 39 in the CUV

Exodus 39 in the CUVS

Exodus 39 in the DBT

Exodus 39 in the DGDNT

Exodus 39 in the DHNT

Exodus 39 in the DNT

Exodus 39 in the ELBE

Exodus 39 in the EMTV

Exodus 39 in the ESV

Exodus 39 in the FBV

Exodus 39 in the FEB

Exodus 39 in the GGMNT

Exodus 39 in the GNT

Exodus 39 in the HARY

Exodus 39 in the HNT

Exodus 39 in the IRVA

Exodus 39 in the IRVB

Exodus 39 in the IRVG

Exodus 39 in the IRVH

Exodus 39 in the IRVK

Exodus 39 in the IRVM

Exodus 39 in the IRVM2

Exodus 39 in the IRVO

Exodus 39 in the IRVP

Exodus 39 in the IRVT

Exodus 39 in the IRVT2

Exodus 39 in the IRVU

Exodus 39 in the ISVN

Exodus 39 in the JSNT

Exodus 39 in the KAPI

Exodus 39 in the KBT1ETNIK

Exodus 39 in the KBV

Exodus 39 in the KJV

Exodus 39 in the KNFD

Exodus 39 in the LBA

Exodus 39 in the LBLA

Exodus 39 in the LNT

Exodus 39 in the LSV

Exodus 39 in the MAAL

Exodus 39 in the MBV

Exodus 39 in the MBV2

Exodus 39 in the MHNT

Exodus 39 in the MKNFD

Exodus 39 in the MNG

Exodus 39 in the MNT

Exodus 39 in the MNT2

Exodus 39 in the MRS1T

Exodus 39 in the NAA

Exodus 39 in the NASB

Exodus 39 in the NBLA

Exodus 39 in the NBS

Exodus 39 in the NBVTP

Exodus 39 in the NET2

Exodus 39 in the NIV11

Exodus 39 in the NNT

Exodus 39 in the NNT2

Exodus 39 in the NNT3

Exodus 39 in the PDDPT

Exodus 39 in the PFNT

Exodus 39 in the RMNT

Exodus 39 in the SBIAS

Exodus 39 in the SBIBS

Exodus 39 in the SBIBS2

Exodus 39 in the SBICS

Exodus 39 in the SBIDS

Exodus 39 in the SBIGS

Exodus 39 in the SBIHS

Exodus 39 in the SBIIS

Exodus 39 in the SBIIS2

Exodus 39 in the SBIIS3

Exodus 39 in the SBIKS

Exodus 39 in the SBIKS2

Exodus 39 in the SBIMS

Exodus 39 in the SBIOS

Exodus 39 in the SBIPS

Exodus 39 in the SBISS

Exodus 39 in the SBITS

Exodus 39 in the SBITS2

Exodus 39 in the SBITS3

Exodus 39 in the SBITS4

Exodus 39 in the SBIUS

Exodus 39 in the SBIVS

Exodus 39 in the SBT

Exodus 39 in the SBT1E

Exodus 39 in the SCHL

Exodus 39 in the SNT

Exodus 39 in the SUSU

Exodus 39 in the SUSU2

Exodus 39 in the SYNO

Exodus 39 in the TBIAOTANT

Exodus 39 in the TBT1E

Exodus 39 in the TBT1E2

Exodus 39 in the TFTIP

Exodus 39 in the TFTU

Exodus 39 in the TGNTATF3T

Exodus 39 in the THAI

Exodus 39 in the TNFD

Exodus 39 in the TNT

Exodus 39 in the TNTIK

Exodus 39 in the TNTIL

Exodus 39 in the TNTIN

Exodus 39 in the TNTIP

Exodus 39 in the TNTIZ

Exodus 39 in the TOMA

Exodus 39 in the TTENT

Exodus 39 in the UBG

Exodus 39 in the UGV

Exodus 39 in the UGV2

Exodus 39 in the UGV3

Exodus 39 in the VBL

Exodus 39 in the VDCC

Exodus 39 in the YALU

Exodus 39 in the YAPE

Exodus 39 in the YBVTP

Exodus 39 in the ZBP