Ezekiel 18 (BOECS)

1 Yehowa ƒe nya va nam. 2 “Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be,“ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo,eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ” 3 “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. 4 Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’ 5 “Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li,si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe 6 Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi looalo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o.Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o. 7 Metea ame aɖeke ɖe to o.Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ.Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ,eye wònaa nutata amamanɔla. 8 Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o,alo baa ame o.Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me,eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔele ame kple ehavi dome. 9 Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu,eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe.Ame ma nye ame dzɔdzɔe,eye wòanɔ agbe godoo.”Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 10 “Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe, 11 togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃. 12 “Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to.Edaa adzo ame.Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o.Ekpɔa legbawo dzi ɖa.Ewɔa ŋukpenanuwo. 13 Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame.Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. 14 “Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o. 15 “Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o,alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o. 16 Metea ame aɖeke ɖe to o,eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o.Medaa adzo ame o,ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo,eye wònaa nutata amamanɔlawo. 17 Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me,eye mexɔa deme alo baa ame o.Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu.Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo. 18 Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome. 19 “Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. 20 Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ. 21 “Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o. 22 Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe. 23 Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. 24 “Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku. 25 “Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa? 26 Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku. 27 Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe. 28 Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o. 29 Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa? 30 Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o. 31 Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? 32 Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

In Other Versions

Ezekiel 18 in the ANGEFD

Ezekiel 18 in the ANTPNG2D

Ezekiel 18 in the AS21

Ezekiel 18 in the BAGH

Ezekiel 18 in the BBPNG

Ezekiel 18 in the BBT1E

Ezekiel 18 in the BDS

Ezekiel 18 in the BEV

Ezekiel 18 in the BHAD

Ezekiel 18 in the BIB

Ezekiel 18 in the BLPT

Ezekiel 18 in the BNT

Ezekiel 18 in the BNTABOOT

Ezekiel 18 in the BNTLV

Ezekiel 18 in the BOATCB

Ezekiel 18 in the BOATCB2

Ezekiel 18 in the BOBCV

Ezekiel 18 in the BOCNT

Ezekiel 18 in the BOGWICC

Ezekiel 18 in the BOHCB

Ezekiel 18 in the BOHCV

Ezekiel 18 in the BOHLNT

Ezekiel 18 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 18 in the BOICB

Ezekiel 18 in the BOILNTAP

Ezekiel 18 in the BOITCV

Ezekiel 18 in the BOKCV

Ezekiel 18 in the BOKCV2

Ezekiel 18 in the BOKHWOG

Ezekiel 18 in the BOKSSV

Ezekiel 18 in the BOLCB

Ezekiel 18 in the BOLCB2

Ezekiel 18 in the BOMCV

Ezekiel 18 in the BONAV

Ezekiel 18 in the BONCB

Ezekiel 18 in the BONLT

Ezekiel 18 in the BONUT2

Ezekiel 18 in the BOPLNT

Ezekiel 18 in the BOSCB

Ezekiel 18 in the BOSNC

Ezekiel 18 in the BOTLNT

Ezekiel 18 in the BOVCB

Ezekiel 18 in the BOYCB

Ezekiel 18 in the BPBB

Ezekiel 18 in the BPH

Ezekiel 18 in the BSB

Ezekiel 18 in the CCB

Ezekiel 18 in the CUV

Ezekiel 18 in the CUVS

Ezekiel 18 in the DBT

Ezekiel 18 in the DGDNT

Ezekiel 18 in the DHNT

Ezekiel 18 in the DNT

Ezekiel 18 in the ELBE

Ezekiel 18 in the EMTV

Ezekiel 18 in the ESV

Ezekiel 18 in the FBV

Ezekiel 18 in the FEB

Ezekiel 18 in the GGMNT

Ezekiel 18 in the GNT

Ezekiel 18 in the HARY

Ezekiel 18 in the HNT

Ezekiel 18 in the IRVA

Ezekiel 18 in the IRVB

Ezekiel 18 in the IRVG

Ezekiel 18 in the IRVH

Ezekiel 18 in the IRVK

Ezekiel 18 in the IRVM

Ezekiel 18 in the IRVM2

Ezekiel 18 in the IRVO

Ezekiel 18 in the IRVP

Ezekiel 18 in the IRVT

Ezekiel 18 in the IRVT2

Ezekiel 18 in the IRVU

Ezekiel 18 in the ISVN

Ezekiel 18 in the JSNT

Ezekiel 18 in the KAPI

Ezekiel 18 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 18 in the KBV

Ezekiel 18 in the KJV

Ezekiel 18 in the KNFD

Ezekiel 18 in the LBA

Ezekiel 18 in the LBLA

Ezekiel 18 in the LNT

Ezekiel 18 in the LSV

Ezekiel 18 in the MAAL

Ezekiel 18 in the MBV

Ezekiel 18 in the MBV2

Ezekiel 18 in the MHNT

Ezekiel 18 in the MKNFD

Ezekiel 18 in the MNG

Ezekiel 18 in the MNT

Ezekiel 18 in the MNT2

Ezekiel 18 in the MRS1T

Ezekiel 18 in the NAA

Ezekiel 18 in the NASB

Ezekiel 18 in the NBLA

Ezekiel 18 in the NBS

Ezekiel 18 in the NBVTP

Ezekiel 18 in the NET2

Ezekiel 18 in the NIV11

Ezekiel 18 in the NNT

Ezekiel 18 in the NNT2

Ezekiel 18 in the NNT3

Ezekiel 18 in the PDDPT

Ezekiel 18 in the PFNT

Ezekiel 18 in the RMNT

Ezekiel 18 in the SBIAS

Ezekiel 18 in the SBIBS

Ezekiel 18 in the SBIBS2

Ezekiel 18 in the SBICS

Ezekiel 18 in the SBIDS

Ezekiel 18 in the SBIGS

Ezekiel 18 in the SBIHS

Ezekiel 18 in the SBIIS

Ezekiel 18 in the SBIIS2

Ezekiel 18 in the SBIIS3

Ezekiel 18 in the SBIKS

Ezekiel 18 in the SBIKS2

Ezekiel 18 in the SBIMS

Ezekiel 18 in the SBIOS

Ezekiel 18 in the SBIPS

Ezekiel 18 in the SBISS

Ezekiel 18 in the SBITS

Ezekiel 18 in the SBITS2

Ezekiel 18 in the SBITS3

Ezekiel 18 in the SBITS4

Ezekiel 18 in the SBIUS

Ezekiel 18 in the SBIVS

Ezekiel 18 in the SBT

Ezekiel 18 in the SBT1E

Ezekiel 18 in the SCHL

Ezekiel 18 in the SNT

Ezekiel 18 in the SUSU

Ezekiel 18 in the SUSU2

Ezekiel 18 in the SYNO

Ezekiel 18 in the TBIAOTANT

Ezekiel 18 in the TBT1E

Ezekiel 18 in the TBT1E2

Ezekiel 18 in the TFTIP

Ezekiel 18 in the TFTU

Ezekiel 18 in the TGNTATF3T

Ezekiel 18 in the THAI

Ezekiel 18 in the TNFD

Ezekiel 18 in the TNT

Ezekiel 18 in the TNTIK

Ezekiel 18 in the TNTIL

Ezekiel 18 in the TNTIN

Ezekiel 18 in the TNTIP

Ezekiel 18 in the TNTIZ

Ezekiel 18 in the TOMA

Ezekiel 18 in the TTENT

Ezekiel 18 in the UBG

Ezekiel 18 in the UGV

Ezekiel 18 in the UGV2

Ezekiel 18 in the UGV3

Ezekiel 18 in the VBL

Ezekiel 18 in the VDCC

Ezekiel 18 in the YALU

Ezekiel 18 in the YAPE

Ezekiel 18 in the YBVTP

Ezekiel 18 in the ZBP