Ezekiel 46 (BOECS)

1 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi. 2 Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me. 3 Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu. 4 Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. 5 Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu. 6 Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. 7 Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. 8 Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke. 9 “ ‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me. 10 Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go. 11 “ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu. 12 Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la. 13 “ ‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi. 14 Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ. 15 Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa. 16 “ ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me. 17 Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe. 18 Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ” 19 Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 20 Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.” 21 Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi. 22 Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi. 23 Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo. 24 Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”

In Other Versions

Ezekiel 46 in the ANGEFD

Ezekiel 46 in the ANTPNG2D

Ezekiel 46 in the AS21

Ezekiel 46 in the BAGH

Ezekiel 46 in the BBPNG

Ezekiel 46 in the BBT1E

Ezekiel 46 in the BDS

Ezekiel 46 in the BEV

Ezekiel 46 in the BHAD

Ezekiel 46 in the BIB

Ezekiel 46 in the BLPT

Ezekiel 46 in the BNT

Ezekiel 46 in the BNTABOOT

Ezekiel 46 in the BNTLV

Ezekiel 46 in the BOATCB

Ezekiel 46 in the BOATCB2

Ezekiel 46 in the BOBCV

Ezekiel 46 in the BOCNT

Ezekiel 46 in the BOGWICC

Ezekiel 46 in the BOHCB

Ezekiel 46 in the BOHCV

Ezekiel 46 in the BOHLNT

Ezekiel 46 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 46 in the BOICB

Ezekiel 46 in the BOILNTAP

Ezekiel 46 in the BOITCV

Ezekiel 46 in the BOKCV

Ezekiel 46 in the BOKCV2

Ezekiel 46 in the BOKHWOG

Ezekiel 46 in the BOKSSV

Ezekiel 46 in the BOLCB

Ezekiel 46 in the BOLCB2

Ezekiel 46 in the BOMCV

Ezekiel 46 in the BONAV

Ezekiel 46 in the BONCB

Ezekiel 46 in the BONLT

Ezekiel 46 in the BONUT2

Ezekiel 46 in the BOPLNT

Ezekiel 46 in the BOSCB

Ezekiel 46 in the BOSNC

Ezekiel 46 in the BOTLNT

Ezekiel 46 in the BOVCB

Ezekiel 46 in the BOYCB

Ezekiel 46 in the BPBB

Ezekiel 46 in the BPH

Ezekiel 46 in the BSB

Ezekiel 46 in the CCB

Ezekiel 46 in the CUV

Ezekiel 46 in the CUVS

Ezekiel 46 in the DBT

Ezekiel 46 in the DGDNT

Ezekiel 46 in the DHNT

Ezekiel 46 in the DNT

Ezekiel 46 in the ELBE

Ezekiel 46 in the EMTV

Ezekiel 46 in the ESV

Ezekiel 46 in the FBV

Ezekiel 46 in the FEB

Ezekiel 46 in the GGMNT

Ezekiel 46 in the GNT

Ezekiel 46 in the HARY

Ezekiel 46 in the HNT

Ezekiel 46 in the IRVA

Ezekiel 46 in the IRVB

Ezekiel 46 in the IRVG

Ezekiel 46 in the IRVH

Ezekiel 46 in the IRVK

Ezekiel 46 in the IRVM

Ezekiel 46 in the IRVM2

Ezekiel 46 in the IRVO

Ezekiel 46 in the IRVP

Ezekiel 46 in the IRVT

Ezekiel 46 in the IRVT2

Ezekiel 46 in the IRVU

Ezekiel 46 in the ISVN

Ezekiel 46 in the JSNT

Ezekiel 46 in the KAPI

Ezekiel 46 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 46 in the KBV

Ezekiel 46 in the KJV

Ezekiel 46 in the KNFD

Ezekiel 46 in the LBA

Ezekiel 46 in the LBLA

Ezekiel 46 in the LNT

Ezekiel 46 in the LSV

Ezekiel 46 in the MAAL

Ezekiel 46 in the MBV

Ezekiel 46 in the MBV2

Ezekiel 46 in the MHNT

Ezekiel 46 in the MKNFD

Ezekiel 46 in the MNG

Ezekiel 46 in the MNT

Ezekiel 46 in the MNT2

Ezekiel 46 in the MRS1T

Ezekiel 46 in the NAA

Ezekiel 46 in the NASB

Ezekiel 46 in the NBLA

Ezekiel 46 in the NBS

Ezekiel 46 in the NBVTP

Ezekiel 46 in the NET2

Ezekiel 46 in the NIV11

Ezekiel 46 in the NNT

Ezekiel 46 in the NNT2

Ezekiel 46 in the NNT3

Ezekiel 46 in the PDDPT

Ezekiel 46 in the PFNT

Ezekiel 46 in the RMNT

Ezekiel 46 in the SBIAS

Ezekiel 46 in the SBIBS

Ezekiel 46 in the SBIBS2

Ezekiel 46 in the SBICS

Ezekiel 46 in the SBIDS

Ezekiel 46 in the SBIGS

Ezekiel 46 in the SBIHS

Ezekiel 46 in the SBIIS

Ezekiel 46 in the SBIIS2

Ezekiel 46 in the SBIIS3

Ezekiel 46 in the SBIKS

Ezekiel 46 in the SBIKS2

Ezekiel 46 in the SBIMS

Ezekiel 46 in the SBIOS

Ezekiel 46 in the SBIPS

Ezekiel 46 in the SBISS

Ezekiel 46 in the SBITS

Ezekiel 46 in the SBITS2

Ezekiel 46 in the SBITS3

Ezekiel 46 in the SBITS4

Ezekiel 46 in the SBIUS

Ezekiel 46 in the SBIVS

Ezekiel 46 in the SBT

Ezekiel 46 in the SBT1E

Ezekiel 46 in the SCHL

Ezekiel 46 in the SNT

Ezekiel 46 in the SUSU

Ezekiel 46 in the SUSU2

Ezekiel 46 in the SYNO

Ezekiel 46 in the TBIAOTANT

Ezekiel 46 in the TBT1E

Ezekiel 46 in the TBT1E2

Ezekiel 46 in the TFTIP

Ezekiel 46 in the TFTU

Ezekiel 46 in the TGNTATF3T

Ezekiel 46 in the THAI

Ezekiel 46 in the TNFD

Ezekiel 46 in the TNT

Ezekiel 46 in the TNTIK

Ezekiel 46 in the TNTIL

Ezekiel 46 in the TNTIN

Ezekiel 46 in the TNTIP

Ezekiel 46 in the TNTIZ

Ezekiel 46 in the TOMA

Ezekiel 46 in the TTENT

Ezekiel 46 in the UBG

Ezekiel 46 in the UGV

Ezekiel 46 in the UGV2

Ezekiel 46 in the UGV3

Ezekiel 46 in the VBL

Ezekiel 46 in the VDCC

Ezekiel 46 in the YALU

Ezekiel 46 in the YAPE

Ezekiel 46 in the YBVTP

Ezekiel 46 in the ZBP