Ezra 4 (BOECS)

1 Esi Yuda kple Benyamin ƒe futɔwo se be ame siwo trɔ gbɔ tso aboyome la le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la la, 2 wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.” 3 Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.” 4 Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi. 5 Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke. 6 Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu. 7 Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me. 8 Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye: 9 Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi, 10 hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu. 11 Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya.Na: Fia Artazerses.Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ. 12 Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo. 13 Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo. 14 Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la, 15 eye wòatsa le ame siwo ɖu fia do ŋgɔ na wò ƒe nyaŋlɔɖiwo me. Àkpɔe le nyaŋlɔɖiawo me be du sia nye du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutometɔwo, teƒe si aglãdzedze le tso keke blema ke. Esia tae wogbã du sia ɖo. 16 Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o. 17 Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la:Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo;Medo gbe na mi, 18 Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me. 19 Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe. 20 Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo. 21 Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi. 22 Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me? 23 Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ. 24 Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.

In Other Versions

Ezra 4 in the ANGEFD

Ezra 4 in the ANTPNG2D

Ezra 4 in the AS21

Ezra 4 in the BAGH

Ezra 4 in the BBPNG

Ezra 4 in the BBT1E

Ezra 4 in the BDS

Ezra 4 in the BEV

Ezra 4 in the BHAD

Ezra 4 in the BIB

Ezra 4 in the BLPT

Ezra 4 in the BNT

Ezra 4 in the BNTABOOT

Ezra 4 in the BNTLV

Ezra 4 in the BOATCB

Ezra 4 in the BOATCB2

Ezra 4 in the BOBCV

Ezra 4 in the BOCNT

Ezra 4 in the BOGWICC

Ezra 4 in the BOHCB

Ezra 4 in the BOHCV

Ezra 4 in the BOHLNT

Ezra 4 in the BOHNTLTAL

Ezra 4 in the BOICB

Ezra 4 in the BOILNTAP

Ezra 4 in the BOITCV

Ezra 4 in the BOKCV

Ezra 4 in the BOKCV2

Ezra 4 in the BOKHWOG

Ezra 4 in the BOKSSV

Ezra 4 in the BOLCB

Ezra 4 in the BOLCB2

Ezra 4 in the BOMCV

Ezra 4 in the BONAV

Ezra 4 in the BONCB

Ezra 4 in the BONLT

Ezra 4 in the BONUT2

Ezra 4 in the BOPLNT

Ezra 4 in the BOSCB

Ezra 4 in the BOSNC

Ezra 4 in the BOTLNT

Ezra 4 in the BOVCB

Ezra 4 in the BOYCB

Ezra 4 in the BPBB

Ezra 4 in the BPH

Ezra 4 in the BSB

Ezra 4 in the CCB

Ezra 4 in the CUV

Ezra 4 in the CUVS

Ezra 4 in the DBT

Ezra 4 in the DGDNT

Ezra 4 in the DHNT

Ezra 4 in the DNT

Ezra 4 in the ELBE

Ezra 4 in the EMTV

Ezra 4 in the ESV

Ezra 4 in the FBV

Ezra 4 in the FEB

Ezra 4 in the GGMNT

Ezra 4 in the GNT

Ezra 4 in the HARY

Ezra 4 in the HNT

Ezra 4 in the IRVA

Ezra 4 in the IRVB

Ezra 4 in the IRVG

Ezra 4 in the IRVH

Ezra 4 in the IRVK

Ezra 4 in the IRVM

Ezra 4 in the IRVM2

Ezra 4 in the IRVO

Ezra 4 in the IRVP

Ezra 4 in the IRVT

Ezra 4 in the IRVT2

Ezra 4 in the IRVU

Ezra 4 in the ISVN

Ezra 4 in the JSNT

Ezra 4 in the KAPI

Ezra 4 in the KBT1ETNIK

Ezra 4 in the KBV

Ezra 4 in the KJV

Ezra 4 in the KNFD

Ezra 4 in the LBA

Ezra 4 in the LBLA

Ezra 4 in the LNT

Ezra 4 in the LSV

Ezra 4 in the MAAL

Ezra 4 in the MBV

Ezra 4 in the MBV2

Ezra 4 in the MHNT

Ezra 4 in the MKNFD

Ezra 4 in the MNG

Ezra 4 in the MNT

Ezra 4 in the MNT2

Ezra 4 in the MRS1T

Ezra 4 in the NAA

Ezra 4 in the NASB

Ezra 4 in the NBLA

Ezra 4 in the NBS

Ezra 4 in the NBVTP

Ezra 4 in the NET2

Ezra 4 in the NIV11

Ezra 4 in the NNT

Ezra 4 in the NNT2

Ezra 4 in the NNT3

Ezra 4 in the PDDPT

Ezra 4 in the PFNT

Ezra 4 in the RMNT

Ezra 4 in the SBIAS

Ezra 4 in the SBIBS

Ezra 4 in the SBIBS2

Ezra 4 in the SBICS

Ezra 4 in the SBIDS

Ezra 4 in the SBIGS

Ezra 4 in the SBIHS

Ezra 4 in the SBIIS

Ezra 4 in the SBIIS2

Ezra 4 in the SBIIS3

Ezra 4 in the SBIKS

Ezra 4 in the SBIKS2

Ezra 4 in the SBIMS

Ezra 4 in the SBIOS

Ezra 4 in the SBIPS

Ezra 4 in the SBISS

Ezra 4 in the SBITS

Ezra 4 in the SBITS2

Ezra 4 in the SBITS3

Ezra 4 in the SBITS4

Ezra 4 in the SBIUS

Ezra 4 in the SBIVS

Ezra 4 in the SBT

Ezra 4 in the SBT1E

Ezra 4 in the SCHL

Ezra 4 in the SNT

Ezra 4 in the SUSU

Ezra 4 in the SUSU2

Ezra 4 in the SYNO

Ezra 4 in the TBIAOTANT

Ezra 4 in the TBT1E

Ezra 4 in the TBT1E2

Ezra 4 in the TFTIP

Ezra 4 in the TFTU

Ezra 4 in the TGNTATF3T

Ezra 4 in the THAI

Ezra 4 in the TNFD

Ezra 4 in the TNT

Ezra 4 in the TNTIK

Ezra 4 in the TNTIL

Ezra 4 in the TNTIN

Ezra 4 in the TNTIP

Ezra 4 in the TNTIZ

Ezra 4 in the TOMA

Ezra 4 in the TTENT

Ezra 4 in the UBG

Ezra 4 in the UGV

Ezra 4 in the UGV2

Ezra 4 in the UGV3

Ezra 4 in the VBL

Ezra 4 in the VDCC

Ezra 4 in the YALU

Ezra 4 in the YAPE

Ezra 4 in the YBVTP

Ezra 4 in the ZBP