Genesis 26 (BOECS)

1 Dɔ gã aɖe to ɖe anyigba la dzi abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi Gerar, afi si Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia nɔ. 2 Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o. 3 Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene. 4 Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me. 5 Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.” 6 Eya ta Isak nɔ Gerar. 7 Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ. 8 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem. 9 Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?”Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.” 10 Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” 11 Abimelek ɖe gbeƒã be, “Ame sia ame si awɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ame sia alo srɔ̃a ŋu la aku.” 12 Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae. 13 Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko. 14 Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me. 15 Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la. 16 Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.” 17 Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ. 18 Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo. 19 Eƒe alẽkplɔlawo hã ɖe vudo yeye aɖe ɖe Gerar ƒe balime, eye woke ɖe tsi dzidzi ŋu le anyigba ƒe tume. 20 Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” 21 Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.” 22 Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.” 23 Esi wòyi Beerseba la, 24 Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.” 25 Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi. 26 Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol. 27 Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.” 28 Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. 29 Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” 30 Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene. 31 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, woka atam na wo nɔewo be yewomatsi tsitre ɖe yewo nɔewo ŋu o. Emegbe Isak do mɔ wo, eye wodzo yi aƒe kple dzidzɔ. 32 Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.” 33 Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe. 34 Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat. 35 Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o.

In Other Versions

Genesis 26 in the ANGEFD

Genesis 26 in the ANTPNG2D

Genesis 26 in the AS21

Genesis 26 in the BAGH

Genesis 26 in the BBPNG

Genesis 26 in the BBT1E

Genesis 26 in the BDS

Genesis 26 in the BEV

Genesis 26 in the BHAD

Genesis 26 in the BIB

Genesis 26 in the BLPT

Genesis 26 in the BNT

Genesis 26 in the BNTABOOT

Genesis 26 in the BNTLV

Genesis 26 in the BOATCB

Genesis 26 in the BOATCB2

Genesis 26 in the BOBCV

Genesis 26 in the BOCNT

Genesis 26 in the BOGWICC

Genesis 26 in the BOHCB

Genesis 26 in the BOHCV

Genesis 26 in the BOHLNT

Genesis 26 in the BOHNTLTAL

Genesis 26 in the BOICB

Genesis 26 in the BOILNTAP

Genesis 26 in the BOITCV

Genesis 26 in the BOKCV

Genesis 26 in the BOKCV2

Genesis 26 in the BOKHWOG

Genesis 26 in the BOKSSV

Genesis 26 in the BOLCB

Genesis 26 in the BOLCB2

Genesis 26 in the BOMCV

Genesis 26 in the BONAV

Genesis 26 in the BONCB

Genesis 26 in the BONLT

Genesis 26 in the BONUT2

Genesis 26 in the BOPLNT

Genesis 26 in the BOSCB

Genesis 26 in the BOSNC

Genesis 26 in the BOTLNT

Genesis 26 in the BOVCB

Genesis 26 in the BOYCB

Genesis 26 in the BPBB

Genesis 26 in the BPH

Genesis 26 in the BSB

Genesis 26 in the CCB

Genesis 26 in the CUV

Genesis 26 in the CUVS

Genesis 26 in the DBT

Genesis 26 in the DGDNT

Genesis 26 in the DHNT

Genesis 26 in the DNT

Genesis 26 in the ELBE

Genesis 26 in the EMTV

Genesis 26 in the ESV

Genesis 26 in the FBV

Genesis 26 in the FEB

Genesis 26 in the GGMNT

Genesis 26 in the GNT

Genesis 26 in the HARY

Genesis 26 in the HNT

Genesis 26 in the IRVA

Genesis 26 in the IRVB

Genesis 26 in the IRVG

Genesis 26 in the IRVH

Genesis 26 in the IRVK

Genesis 26 in the IRVM

Genesis 26 in the IRVM2

Genesis 26 in the IRVO

Genesis 26 in the IRVP

Genesis 26 in the IRVT

Genesis 26 in the IRVT2

Genesis 26 in the IRVU

Genesis 26 in the ISVN

Genesis 26 in the JSNT

Genesis 26 in the KAPI

Genesis 26 in the KBT1ETNIK

Genesis 26 in the KBV

Genesis 26 in the KJV

Genesis 26 in the KNFD

Genesis 26 in the LBA

Genesis 26 in the LBLA

Genesis 26 in the LNT

Genesis 26 in the LSV

Genesis 26 in the MAAL

Genesis 26 in the MBV

Genesis 26 in the MBV2

Genesis 26 in the MHNT

Genesis 26 in the MKNFD

Genesis 26 in the MNG

Genesis 26 in the MNT

Genesis 26 in the MNT2

Genesis 26 in the MRS1T

Genesis 26 in the NAA

Genesis 26 in the NASB

Genesis 26 in the NBLA

Genesis 26 in the NBS

Genesis 26 in the NBVTP

Genesis 26 in the NET2

Genesis 26 in the NIV11

Genesis 26 in the NNT

Genesis 26 in the NNT2

Genesis 26 in the NNT3

Genesis 26 in the PDDPT

Genesis 26 in the PFNT

Genesis 26 in the RMNT

Genesis 26 in the SBIAS

Genesis 26 in the SBIBS

Genesis 26 in the SBIBS2

Genesis 26 in the SBICS

Genesis 26 in the SBIDS

Genesis 26 in the SBIGS

Genesis 26 in the SBIHS

Genesis 26 in the SBIIS

Genesis 26 in the SBIIS2

Genesis 26 in the SBIIS3

Genesis 26 in the SBIKS

Genesis 26 in the SBIKS2

Genesis 26 in the SBIMS

Genesis 26 in the SBIOS

Genesis 26 in the SBIPS

Genesis 26 in the SBISS

Genesis 26 in the SBITS

Genesis 26 in the SBITS2

Genesis 26 in the SBITS3

Genesis 26 in the SBITS4

Genesis 26 in the SBIUS

Genesis 26 in the SBIVS

Genesis 26 in the SBT

Genesis 26 in the SBT1E

Genesis 26 in the SCHL

Genesis 26 in the SNT

Genesis 26 in the SUSU

Genesis 26 in the SUSU2

Genesis 26 in the SYNO

Genesis 26 in the TBIAOTANT

Genesis 26 in the TBT1E

Genesis 26 in the TBT1E2

Genesis 26 in the TFTIP

Genesis 26 in the TFTU

Genesis 26 in the TGNTATF3T

Genesis 26 in the THAI

Genesis 26 in the TNFD

Genesis 26 in the TNT

Genesis 26 in the TNTIK

Genesis 26 in the TNTIL

Genesis 26 in the TNTIN

Genesis 26 in the TNTIP

Genesis 26 in the TNTIZ

Genesis 26 in the TOMA

Genesis 26 in the TTENT

Genesis 26 in the UBG

Genesis 26 in the UGV

Genesis 26 in the UGV2

Genesis 26 in the UGV3

Genesis 26 in the VBL

Genesis 26 in the VDCC

Genesis 26 in the YALU

Genesis 26 in the YAPE

Genesis 26 in the YBVTP

Genesis 26 in the ZBP