Genesis 43 (BOECS)

1 Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o. 2 Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.” 3 Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi! 4 Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò. 5 Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ” 6 Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?” 7 Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?” 8 Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku. 9 Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee. 10 Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.” 11 Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la. 12 Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae, 13 eye miakplɔ mia nɔvia ayii! 14 Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.” 15 Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume. 16 Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.” 17 Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me. 18 Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.” 19 Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu, 20 eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ, 21 eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ, 22 kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.” 23 Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.”Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ. 24 Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo. 25 Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma. 26 Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ. 27 Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?” 28 Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene. 29 Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.” 30 Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe. 31 Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.” 32 Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o. 33 Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ! 34 Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.

In Other Versions

Genesis 43 in the ANGEFD

Genesis 43 in the ANTPNG2D

Genesis 43 in the AS21

Genesis 43 in the BAGH

Genesis 43 in the BBPNG

Genesis 43 in the BBT1E

Genesis 43 in the BDS

Genesis 43 in the BEV

Genesis 43 in the BHAD

Genesis 43 in the BIB

Genesis 43 in the BLPT

Genesis 43 in the BNT

Genesis 43 in the BNTABOOT

Genesis 43 in the BNTLV

Genesis 43 in the BOATCB

Genesis 43 in the BOATCB2

Genesis 43 in the BOBCV

Genesis 43 in the BOCNT

Genesis 43 in the BOGWICC

Genesis 43 in the BOHCB

Genesis 43 in the BOHCV

Genesis 43 in the BOHLNT

Genesis 43 in the BOHNTLTAL

Genesis 43 in the BOICB

Genesis 43 in the BOILNTAP

Genesis 43 in the BOITCV

Genesis 43 in the BOKCV

Genesis 43 in the BOKCV2

Genesis 43 in the BOKHWOG

Genesis 43 in the BOKSSV

Genesis 43 in the BOLCB

Genesis 43 in the BOLCB2

Genesis 43 in the BOMCV

Genesis 43 in the BONAV

Genesis 43 in the BONCB

Genesis 43 in the BONLT

Genesis 43 in the BONUT2

Genesis 43 in the BOPLNT

Genesis 43 in the BOSCB

Genesis 43 in the BOSNC

Genesis 43 in the BOTLNT

Genesis 43 in the BOVCB

Genesis 43 in the BOYCB

Genesis 43 in the BPBB

Genesis 43 in the BPH

Genesis 43 in the BSB

Genesis 43 in the CCB

Genesis 43 in the CUV

Genesis 43 in the CUVS

Genesis 43 in the DBT

Genesis 43 in the DGDNT

Genesis 43 in the DHNT

Genesis 43 in the DNT

Genesis 43 in the ELBE

Genesis 43 in the EMTV

Genesis 43 in the ESV

Genesis 43 in the FBV

Genesis 43 in the FEB

Genesis 43 in the GGMNT

Genesis 43 in the GNT

Genesis 43 in the HARY

Genesis 43 in the HNT

Genesis 43 in the IRVA

Genesis 43 in the IRVB

Genesis 43 in the IRVG

Genesis 43 in the IRVH

Genesis 43 in the IRVK

Genesis 43 in the IRVM

Genesis 43 in the IRVM2

Genesis 43 in the IRVO

Genesis 43 in the IRVP

Genesis 43 in the IRVT

Genesis 43 in the IRVT2

Genesis 43 in the IRVU

Genesis 43 in the ISVN

Genesis 43 in the JSNT

Genesis 43 in the KAPI

Genesis 43 in the KBT1ETNIK

Genesis 43 in the KBV

Genesis 43 in the KJV

Genesis 43 in the KNFD

Genesis 43 in the LBA

Genesis 43 in the LBLA

Genesis 43 in the LNT

Genesis 43 in the LSV

Genesis 43 in the MAAL

Genesis 43 in the MBV

Genesis 43 in the MBV2

Genesis 43 in the MHNT

Genesis 43 in the MKNFD

Genesis 43 in the MNG

Genesis 43 in the MNT

Genesis 43 in the MNT2

Genesis 43 in the MRS1T

Genesis 43 in the NAA

Genesis 43 in the NASB

Genesis 43 in the NBLA

Genesis 43 in the NBS

Genesis 43 in the NBVTP

Genesis 43 in the NET2

Genesis 43 in the NIV11

Genesis 43 in the NNT

Genesis 43 in the NNT2

Genesis 43 in the NNT3

Genesis 43 in the PDDPT

Genesis 43 in the PFNT

Genesis 43 in the RMNT

Genesis 43 in the SBIAS

Genesis 43 in the SBIBS

Genesis 43 in the SBIBS2

Genesis 43 in the SBICS

Genesis 43 in the SBIDS

Genesis 43 in the SBIGS

Genesis 43 in the SBIHS

Genesis 43 in the SBIIS

Genesis 43 in the SBIIS2

Genesis 43 in the SBIIS3

Genesis 43 in the SBIKS

Genesis 43 in the SBIKS2

Genesis 43 in the SBIMS

Genesis 43 in the SBIOS

Genesis 43 in the SBIPS

Genesis 43 in the SBISS

Genesis 43 in the SBITS

Genesis 43 in the SBITS2

Genesis 43 in the SBITS3

Genesis 43 in the SBITS4

Genesis 43 in the SBIUS

Genesis 43 in the SBIVS

Genesis 43 in the SBT

Genesis 43 in the SBT1E

Genesis 43 in the SCHL

Genesis 43 in the SNT

Genesis 43 in the SUSU

Genesis 43 in the SUSU2

Genesis 43 in the SYNO

Genesis 43 in the TBIAOTANT

Genesis 43 in the TBT1E

Genesis 43 in the TBT1E2

Genesis 43 in the TFTIP

Genesis 43 in the TFTU

Genesis 43 in the TGNTATF3T

Genesis 43 in the THAI

Genesis 43 in the TNFD

Genesis 43 in the TNT

Genesis 43 in the TNTIK

Genesis 43 in the TNTIL

Genesis 43 in the TNTIN

Genesis 43 in the TNTIP

Genesis 43 in the TNTIZ

Genesis 43 in the TOMA

Genesis 43 in the TTENT

Genesis 43 in the UBG

Genesis 43 in the UGV

Genesis 43 in the UGV2

Genesis 43 in the UGV3

Genesis 43 in the VBL

Genesis 43 in the VDCC

Genesis 43 in the YALU

Genesis 43 in the YAPE

Genesis 43 in the YBVTP

Genesis 43 in the ZBP