Genesis 44 (BOECS)

1 Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me! 2 Egblɔ nɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gblɔ nɛ la dzi. 3 Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo. 4 Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã? 5 Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ” 6 Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene. 7 Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ. 8 Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo? 9 Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.” 10 Aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa.” 11 Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu. 12 Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me! 13 Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me. 14 Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu nɛ. 15 Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?” 16 Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.” 17 Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.” 18 Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene. 19 “Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã, 20 eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’ 21 Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’ 22 Ke megblɔ na wò be, ‘Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.’ 23 Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’ 24 Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ. 25 Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la, 26 míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’ 27 “Ale mía fofo gblɔ na mí be, ‘Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam, 28 eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. 29 Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’ 30 Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o, 31 ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa. 32 Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’ 33 Meɖe kuku na wò, na matsi afi sia abe wò kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo. 34 Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.”

In Other Versions

Genesis 44 in the ANGEFD

Genesis 44 in the ANTPNG2D

Genesis 44 in the AS21

Genesis 44 in the BAGH

Genesis 44 in the BBPNG

Genesis 44 in the BBT1E

Genesis 44 in the BDS

Genesis 44 in the BEV

Genesis 44 in the BHAD

Genesis 44 in the BIB

Genesis 44 in the BLPT

Genesis 44 in the BNT

Genesis 44 in the BNTABOOT

Genesis 44 in the BNTLV

Genesis 44 in the BOATCB

Genesis 44 in the BOATCB2

Genesis 44 in the BOBCV

Genesis 44 in the BOCNT

Genesis 44 in the BOGWICC

Genesis 44 in the BOHCB

Genesis 44 in the BOHCV

Genesis 44 in the BOHLNT

Genesis 44 in the BOHNTLTAL

Genesis 44 in the BOICB

Genesis 44 in the BOILNTAP

Genesis 44 in the BOITCV

Genesis 44 in the BOKCV

Genesis 44 in the BOKCV2

Genesis 44 in the BOKHWOG

Genesis 44 in the BOKSSV

Genesis 44 in the BOLCB

Genesis 44 in the BOLCB2

Genesis 44 in the BOMCV

Genesis 44 in the BONAV

Genesis 44 in the BONCB

Genesis 44 in the BONLT

Genesis 44 in the BONUT2

Genesis 44 in the BOPLNT

Genesis 44 in the BOSCB

Genesis 44 in the BOSNC

Genesis 44 in the BOTLNT

Genesis 44 in the BOVCB

Genesis 44 in the BOYCB

Genesis 44 in the BPBB

Genesis 44 in the BPH

Genesis 44 in the BSB

Genesis 44 in the CCB

Genesis 44 in the CUV

Genesis 44 in the CUVS

Genesis 44 in the DBT

Genesis 44 in the DGDNT

Genesis 44 in the DHNT

Genesis 44 in the DNT

Genesis 44 in the ELBE

Genesis 44 in the EMTV

Genesis 44 in the ESV

Genesis 44 in the FBV

Genesis 44 in the FEB

Genesis 44 in the GGMNT

Genesis 44 in the GNT

Genesis 44 in the HARY

Genesis 44 in the HNT

Genesis 44 in the IRVA

Genesis 44 in the IRVB

Genesis 44 in the IRVG

Genesis 44 in the IRVH

Genesis 44 in the IRVK

Genesis 44 in the IRVM

Genesis 44 in the IRVM2

Genesis 44 in the IRVO

Genesis 44 in the IRVP

Genesis 44 in the IRVT

Genesis 44 in the IRVT2

Genesis 44 in the IRVU

Genesis 44 in the ISVN

Genesis 44 in the JSNT

Genesis 44 in the KAPI

Genesis 44 in the KBT1ETNIK

Genesis 44 in the KBV

Genesis 44 in the KJV

Genesis 44 in the KNFD

Genesis 44 in the LBA

Genesis 44 in the LBLA

Genesis 44 in the LNT

Genesis 44 in the LSV

Genesis 44 in the MAAL

Genesis 44 in the MBV

Genesis 44 in the MBV2

Genesis 44 in the MHNT

Genesis 44 in the MKNFD

Genesis 44 in the MNG

Genesis 44 in the MNT

Genesis 44 in the MNT2

Genesis 44 in the MRS1T

Genesis 44 in the NAA

Genesis 44 in the NASB

Genesis 44 in the NBLA

Genesis 44 in the NBS

Genesis 44 in the NBVTP

Genesis 44 in the NET2

Genesis 44 in the NIV11

Genesis 44 in the NNT

Genesis 44 in the NNT2

Genesis 44 in the NNT3

Genesis 44 in the PDDPT

Genesis 44 in the PFNT

Genesis 44 in the RMNT

Genesis 44 in the SBIAS

Genesis 44 in the SBIBS

Genesis 44 in the SBIBS2

Genesis 44 in the SBICS

Genesis 44 in the SBIDS

Genesis 44 in the SBIGS

Genesis 44 in the SBIHS

Genesis 44 in the SBIIS

Genesis 44 in the SBIIS2

Genesis 44 in the SBIIS3

Genesis 44 in the SBIKS

Genesis 44 in the SBIKS2

Genesis 44 in the SBIMS

Genesis 44 in the SBIOS

Genesis 44 in the SBIPS

Genesis 44 in the SBISS

Genesis 44 in the SBITS

Genesis 44 in the SBITS2

Genesis 44 in the SBITS3

Genesis 44 in the SBITS4

Genesis 44 in the SBIUS

Genesis 44 in the SBIVS

Genesis 44 in the SBT

Genesis 44 in the SBT1E

Genesis 44 in the SCHL

Genesis 44 in the SNT

Genesis 44 in the SUSU

Genesis 44 in the SUSU2

Genesis 44 in the SYNO

Genesis 44 in the TBIAOTANT

Genesis 44 in the TBT1E

Genesis 44 in the TBT1E2

Genesis 44 in the TFTIP

Genesis 44 in the TFTU

Genesis 44 in the TGNTATF3T

Genesis 44 in the THAI

Genesis 44 in the TNFD

Genesis 44 in the TNT

Genesis 44 in the TNTIK

Genesis 44 in the TNTIL

Genesis 44 in the TNTIN

Genesis 44 in the TNTIP

Genesis 44 in the TNTIZ

Genesis 44 in the TOMA

Genesis 44 in the TTENT

Genesis 44 in the UBG

Genesis 44 in the UGV

Genesis 44 in the UGV2

Genesis 44 in the UGV3

Genesis 44 in the VBL

Genesis 44 in the VDCC

Genesis 44 in the YALU

Genesis 44 in the YAPE

Genesis 44 in the YBVTP

Genesis 44 in the ZBP