Genesis 48 (BOECS)

1 Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa. 2 Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ, 3 eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram. 4 Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’ 5 Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene. 6 Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome. 7 Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem). 8 Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?” 9 Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.”Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.” 10 Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo. 11 Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.” 12 Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi. 13 Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu. 14 Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi. 15 Eyra Yosef kple nya siawo be,“Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu,ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me lanayra ŋutsuvi siawo nukutɔe. 16 Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me lanayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu,eye woade bubu fofonye Abrahamkple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu.Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.” 17 Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi. 18 Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!” 19 Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.” 20 Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale:“Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be,‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wòabe Efraim kple Manase ene!’ ”Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase. 21 Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi. 22 Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.”

In Other Versions

Genesis 48 in the ANGEFD

Genesis 48 in the ANTPNG2D

Genesis 48 in the AS21

Genesis 48 in the BAGH

Genesis 48 in the BBPNG

Genesis 48 in the BBT1E

Genesis 48 in the BDS

Genesis 48 in the BEV

Genesis 48 in the BHAD

Genesis 48 in the BIB

Genesis 48 in the BLPT

Genesis 48 in the BNT

Genesis 48 in the BNTABOOT

Genesis 48 in the BNTLV

Genesis 48 in the BOATCB

Genesis 48 in the BOATCB2

Genesis 48 in the BOBCV

Genesis 48 in the BOCNT

Genesis 48 in the BOGWICC

Genesis 48 in the BOHCB

Genesis 48 in the BOHCV

Genesis 48 in the BOHLNT

Genesis 48 in the BOHNTLTAL

Genesis 48 in the BOICB

Genesis 48 in the BOILNTAP

Genesis 48 in the BOITCV

Genesis 48 in the BOKCV

Genesis 48 in the BOKCV2

Genesis 48 in the BOKHWOG

Genesis 48 in the BOKSSV

Genesis 48 in the BOLCB

Genesis 48 in the BOLCB2

Genesis 48 in the BOMCV

Genesis 48 in the BONAV

Genesis 48 in the BONCB

Genesis 48 in the BONLT

Genesis 48 in the BONUT2

Genesis 48 in the BOPLNT

Genesis 48 in the BOSCB

Genesis 48 in the BOSNC

Genesis 48 in the BOTLNT

Genesis 48 in the BOVCB

Genesis 48 in the BOYCB

Genesis 48 in the BPBB

Genesis 48 in the BPH

Genesis 48 in the BSB

Genesis 48 in the CCB

Genesis 48 in the CUV

Genesis 48 in the CUVS

Genesis 48 in the DBT

Genesis 48 in the DGDNT

Genesis 48 in the DHNT

Genesis 48 in the DNT

Genesis 48 in the ELBE

Genesis 48 in the EMTV

Genesis 48 in the ESV

Genesis 48 in the FBV

Genesis 48 in the FEB

Genesis 48 in the GGMNT

Genesis 48 in the GNT

Genesis 48 in the HARY

Genesis 48 in the HNT

Genesis 48 in the IRVA

Genesis 48 in the IRVB

Genesis 48 in the IRVG

Genesis 48 in the IRVH

Genesis 48 in the IRVK

Genesis 48 in the IRVM

Genesis 48 in the IRVM2

Genesis 48 in the IRVO

Genesis 48 in the IRVP

Genesis 48 in the IRVT

Genesis 48 in the IRVT2

Genesis 48 in the IRVU

Genesis 48 in the ISVN

Genesis 48 in the JSNT

Genesis 48 in the KAPI

Genesis 48 in the KBT1ETNIK

Genesis 48 in the KBV

Genesis 48 in the KJV

Genesis 48 in the KNFD

Genesis 48 in the LBA

Genesis 48 in the LBLA

Genesis 48 in the LNT

Genesis 48 in the LSV

Genesis 48 in the MAAL

Genesis 48 in the MBV

Genesis 48 in the MBV2

Genesis 48 in the MHNT

Genesis 48 in the MKNFD

Genesis 48 in the MNG

Genesis 48 in the MNT

Genesis 48 in the MNT2

Genesis 48 in the MRS1T

Genesis 48 in the NAA

Genesis 48 in the NASB

Genesis 48 in the NBLA

Genesis 48 in the NBS

Genesis 48 in the NBVTP

Genesis 48 in the NET2

Genesis 48 in the NIV11

Genesis 48 in the NNT

Genesis 48 in the NNT2

Genesis 48 in the NNT3

Genesis 48 in the PDDPT

Genesis 48 in the PFNT

Genesis 48 in the RMNT

Genesis 48 in the SBIAS

Genesis 48 in the SBIBS

Genesis 48 in the SBIBS2

Genesis 48 in the SBICS

Genesis 48 in the SBIDS

Genesis 48 in the SBIGS

Genesis 48 in the SBIHS

Genesis 48 in the SBIIS

Genesis 48 in the SBIIS2

Genesis 48 in the SBIIS3

Genesis 48 in the SBIKS

Genesis 48 in the SBIKS2

Genesis 48 in the SBIMS

Genesis 48 in the SBIOS

Genesis 48 in the SBIPS

Genesis 48 in the SBISS

Genesis 48 in the SBITS

Genesis 48 in the SBITS2

Genesis 48 in the SBITS3

Genesis 48 in the SBITS4

Genesis 48 in the SBIUS

Genesis 48 in the SBIVS

Genesis 48 in the SBT

Genesis 48 in the SBT1E

Genesis 48 in the SCHL

Genesis 48 in the SNT

Genesis 48 in the SUSU

Genesis 48 in the SUSU2

Genesis 48 in the SYNO

Genesis 48 in the TBIAOTANT

Genesis 48 in the TBT1E

Genesis 48 in the TBT1E2

Genesis 48 in the TFTIP

Genesis 48 in the TFTU

Genesis 48 in the TGNTATF3T

Genesis 48 in the THAI

Genesis 48 in the TNFD

Genesis 48 in the TNT

Genesis 48 in the TNTIK

Genesis 48 in the TNTIL

Genesis 48 in the TNTIN

Genesis 48 in the TNTIP

Genesis 48 in the TNTIZ

Genesis 48 in the TOMA

Genesis 48 in the TTENT

Genesis 48 in the UBG

Genesis 48 in the UGV

Genesis 48 in the UGV2

Genesis 48 in the UGV3

Genesis 48 in the VBL

Genesis 48 in the VDCC

Genesis 48 in the YALU

Genesis 48 in the YAPE

Genesis 48 in the YBVTP

Genesis 48 in the ZBP