Genesis 50 (BOECS)

1 Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ. 2 Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ. 3 Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre. 4 Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye. 5 Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.” 6 Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.” 7 Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo 8 kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi. 9 Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii. 10 Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta. 11 Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.” 12 Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la. 13 Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me. 14 Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la. 15 Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me.Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.” 16 Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku. 17 ‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi. 18 Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.” 19 Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia? 20 Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe. 21 Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo. 22 Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku. 23 Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu. 24 Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.” 25 Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.” 26 Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte.

In Other Versions

Genesis 50 in the ANGEFD

Genesis 50 in the ANTPNG2D

Genesis 50 in the AS21

Genesis 50 in the BAGH

Genesis 50 in the BBPNG

Genesis 50 in the BBT1E

Genesis 50 in the BDS

Genesis 50 in the BEV

Genesis 50 in the BHAD

Genesis 50 in the BIB

Genesis 50 in the BLPT

Genesis 50 in the BNT

Genesis 50 in the BNTABOOT

Genesis 50 in the BNTLV

Genesis 50 in the BOATCB

Genesis 50 in the BOATCB2

Genesis 50 in the BOBCV

Genesis 50 in the BOCNT

Genesis 50 in the BOGWICC

Genesis 50 in the BOHCB

Genesis 50 in the BOHCV

Genesis 50 in the BOHLNT

Genesis 50 in the BOHNTLTAL

Genesis 50 in the BOICB

Genesis 50 in the BOILNTAP

Genesis 50 in the BOITCV

Genesis 50 in the BOKCV

Genesis 50 in the BOKCV2

Genesis 50 in the BOKHWOG

Genesis 50 in the BOKSSV

Genesis 50 in the BOLCB

Genesis 50 in the BOLCB2

Genesis 50 in the BOMCV

Genesis 50 in the BONAV

Genesis 50 in the BONCB

Genesis 50 in the BONLT

Genesis 50 in the BONUT2

Genesis 50 in the BOPLNT

Genesis 50 in the BOSCB

Genesis 50 in the BOSNC

Genesis 50 in the BOTLNT

Genesis 50 in the BOVCB

Genesis 50 in the BOYCB

Genesis 50 in the BPBB

Genesis 50 in the BPH

Genesis 50 in the BSB

Genesis 50 in the CCB

Genesis 50 in the CUV

Genesis 50 in the CUVS

Genesis 50 in the DBT

Genesis 50 in the DGDNT

Genesis 50 in the DHNT

Genesis 50 in the DNT

Genesis 50 in the ELBE

Genesis 50 in the EMTV

Genesis 50 in the ESV

Genesis 50 in the FBV

Genesis 50 in the FEB

Genesis 50 in the GGMNT

Genesis 50 in the GNT

Genesis 50 in the HARY

Genesis 50 in the HNT

Genesis 50 in the IRVA

Genesis 50 in the IRVB

Genesis 50 in the IRVG

Genesis 50 in the IRVH

Genesis 50 in the IRVK

Genesis 50 in the IRVM

Genesis 50 in the IRVM2

Genesis 50 in the IRVO

Genesis 50 in the IRVP

Genesis 50 in the IRVT

Genesis 50 in the IRVT2

Genesis 50 in the IRVU

Genesis 50 in the ISVN

Genesis 50 in the JSNT

Genesis 50 in the KAPI

Genesis 50 in the KBT1ETNIK

Genesis 50 in the KBV

Genesis 50 in the KJV

Genesis 50 in the KNFD

Genesis 50 in the LBA

Genesis 50 in the LBLA

Genesis 50 in the LNT

Genesis 50 in the LSV

Genesis 50 in the MAAL

Genesis 50 in the MBV

Genesis 50 in the MBV2

Genesis 50 in the MHNT

Genesis 50 in the MKNFD

Genesis 50 in the MNG

Genesis 50 in the MNT

Genesis 50 in the MNT2

Genesis 50 in the MRS1T

Genesis 50 in the NAA

Genesis 50 in the NASB

Genesis 50 in the NBLA

Genesis 50 in the NBS

Genesis 50 in the NBVTP

Genesis 50 in the NET2

Genesis 50 in the NIV11

Genesis 50 in the NNT

Genesis 50 in the NNT2

Genesis 50 in the NNT3

Genesis 50 in the PDDPT

Genesis 50 in the PFNT

Genesis 50 in the RMNT

Genesis 50 in the SBIAS

Genesis 50 in the SBIBS

Genesis 50 in the SBIBS2

Genesis 50 in the SBICS

Genesis 50 in the SBIDS

Genesis 50 in the SBIGS

Genesis 50 in the SBIHS

Genesis 50 in the SBIIS

Genesis 50 in the SBIIS2

Genesis 50 in the SBIIS3

Genesis 50 in the SBIKS

Genesis 50 in the SBIKS2

Genesis 50 in the SBIMS

Genesis 50 in the SBIOS

Genesis 50 in the SBIPS

Genesis 50 in the SBISS

Genesis 50 in the SBITS

Genesis 50 in the SBITS2

Genesis 50 in the SBITS3

Genesis 50 in the SBITS4

Genesis 50 in the SBIUS

Genesis 50 in the SBIVS

Genesis 50 in the SBT

Genesis 50 in the SBT1E

Genesis 50 in the SCHL

Genesis 50 in the SNT

Genesis 50 in the SUSU

Genesis 50 in the SUSU2

Genesis 50 in the SYNO

Genesis 50 in the TBIAOTANT

Genesis 50 in the TBT1E

Genesis 50 in the TBT1E2

Genesis 50 in the TFTIP

Genesis 50 in the TFTU

Genesis 50 in the TGNTATF3T

Genesis 50 in the THAI

Genesis 50 in the TNFD

Genesis 50 in the TNT

Genesis 50 in the TNTIK

Genesis 50 in the TNTIL

Genesis 50 in the TNTIN

Genesis 50 in the TNTIP

Genesis 50 in the TNTIZ

Genesis 50 in the TOMA

Genesis 50 in the TTENT

Genesis 50 in the UBG

Genesis 50 in the UGV

Genesis 50 in the UGV2

Genesis 50 in the UGV3

Genesis 50 in the VBL

Genesis 50 in the VDCC

Genesis 50 in the YALU

Genesis 50 in the YAPE

Genesis 50 in the YBVTP

Genesis 50 in the ZBP