Judges 20 (BOECS)

1 Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa. 2 Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi. 3 Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo. 4 Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ. 5 Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku. 6 Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. 7 Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!” 8 Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo. 9 Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu. 10 Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.” 11 Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me. 12 Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua? 13 Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o, 14 Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo. 15 Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade (26,000) tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre (700) siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu. 16 Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o. 17 Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene (400,000). 18 Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?”Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.” 19 Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu. 20 Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea. 21 Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe. 22 Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi. 23 Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?”Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.”Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã. 24 Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia. 25 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome. 26 Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. 27 Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma 28 eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?”Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.” 29 Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea 30 eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene. 31 Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃. 32 Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ. 33 Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo 34 eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o. 35 Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ. 36 Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu. 37 Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame. 38 Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la 39 ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.” 40 Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim. 41 Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ. 42 Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe. 43 Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma. 44 Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. 45 Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ. 46 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa. 47 Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene. 48 Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.

In Other Versions

Judges 20 in the ANGEFD

Judges 20 in the ANTPNG2D

Judges 20 in the AS21

Judges 20 in the BAGH

Judges 20 in the BBPNG

Judges 20 in the BBT1E

Judges 20 in the BDS

Judges 20 in the BEV

Judges 20 in the BHAD

Judges 20 in the BIB

Judges 20 in the BLPT

Judges 20 in the BNT

Judges 20 in the BNTABOOT

Judges 20 in the BNTLV

Judges 20 in the BOATCB

Judges 20 in the BOATCB2

Judges 20 in the BOBCV

Judges 20 in the BOCNT

Judges 20 in the BOGWICC

Judges 20 in the BOHCB

Judges 20 in the BOHCV

Judges 20 in the BOHLNT

Judges 20 in the BOHNTLTAL

Judges 20 in the BOICB

Judges 20 in the BOILNTAP

Judges 20 in the BOITCV

Judges 20 in the BOKCV

Judges 20 in the BOKCV2

Judges 20 in the BOKHWOG

Judges 20 in the BOKSSV

Judges 20 in the BOLCB

Judges 20 in the BOLCB2

Judges 20 in the BOMCV

Judges 20 in the BONAV

Judges 20 in the BONCB

Judges 20 in the BONLT

Judges 20 in the BONUT2

Judges 20 in the BOPLNT

Judges 20 in the BOSCB

Judges 20 in the BOSNC

Judges 20 in the BOTLNT

Judges 20 in the BOVCB

Judges 20 in the BOYCB

Judges 20 in the BPBB

Judges 20 in the BPH

Judges 20 in the BSB

Judges 20 in the CCB

Judges 20 in the CUV

Judges 20 in the CUVS

Judges 20 in the DBT

Judges 20 in the DGDNT

Judges 20 in the DHNT

Judges 20 in the DNT

Judges 20 in the ELBE

Judges 20 in the EMTV

Judges 20 in the ESV

Judges 20 in the FBV

Judges 20 in the FEB

Judges 20 in the GGMNT

Judges 20 in the GNT

Judges 20 in the HARY

Judges 20 in the HNT

Judges 20 in the IRVA

Judges 20 in the IRVB

Judges 20 in the IRVG

Judges 20 in the IRVH

Judges 20 in the IRVK

Judges 20 in the IRVM

Judges 20 in the IRVM2

Judges 20 in the IRVO

Judges 20 in the IRVP

Judges 20 in the IRVT

Judges 20 in the IRVT2

Judges 20 in the IRVU

Judges 20 in the ISVN

Judges 20 in the JSNT

Judges 20 in the KAPI

Judges 20 in the KBT1ETNIK

Judges 20 in the KBV

Judges 20 in the KJV

Judges 20 in the KNFD

Judges 20 in the LBA

Judges 20 in the LBLA

Judges 20 in the LNT

Judges 20 in the LSV

Judges 20 in the MAAL

Judges 20 in the MBV

Judges 20 in the MBV2

Judges 20 in the MHNT

Judges 20 in the MKNFD

Judges 20 in the MNG

Judges 20 in the MNT

Judges 20 in the MNT2

Judges 20 in the MRS1T

Judges 20 in the NAA

Judges 20 in the NASB

Judges 20 in the NBLA

Judges 20 in the NBS

Judges 20 in the NBVTP

Judges 20 in the NET2

Judges 20 in the NIV11

Judges 20 in the NNT

Judges 20 in the NNT2

Judges 20 in the NNT3

Judges 20 in the PDDPT

Judges 20 in the PFNT

Judges 20 in the RMNT

Judges 20 in the SBIAS

Judges 20 in the SBIBS

Judges 20 in the SBIBS2

Judges 20 in the SBICS

Judges 20 in the SBIDS

Judges 20 in the SBIGS

Judges 20 in the SBIHS

Judges 20 in the SBIIS

Judges 20 in the SBIIS2

Judges 20 in the SBIIS3

Judges 20 in the SBIKS

Judges 20 in the SBIKS2

Judges 20 in the SBIMS

Judges 20 in the SBIOS

Judges 20 in the SBIPS

Judges 20 in the SBISS

Judges 20 in the SBITS

Judges 20 in the SBITS2

Judges 20 in the SBITS3

Judges 20 in the SBITS4

Judges 20 in the SBIUS

Judges 20 in the SBIVS

Judges 20 in the SBT

Judges 20 in the SBT1E

Judges 20 in the SCHL

Judges 20 in the SNT

Judges 20 in the SUSU

Judges 20 in the SUSU2

Judges 20 in the SYNO

Judges 20 in the TBIAOTANT

Judges 20 in the TBT1E

Judges 20 in the TBT1E2

Judges 20 in the TFTIP

Judges 20 in the TFTU

Judges 20 in the TGNTATF3T

Judges 20 in the THAI

Judges 20 in the TNFD

Judges 20 in the TNT

Judges 20 in the TNTIK

Judges 20 in the TNTIL

Judges 20 in the TNTIN

Judges 20 in the TNTIP

Judges 20 in the TNTIZ

Judges 20 in the TOMA

Judges 20 in the TTENT

Judges 20 in the UBG

Judges 20 in the UGV

Judges 20 in the UGV2

Judges 20 in the UGV3

Judges 20 in the VBL

Judges 20 in the VDCC

Judges 20 in the YALU

Judges 20 in the YAPE

Judges 20 in the YBVTP

Judges 20 in the ZBP