Jeremiah 34 (BOECS)

1 Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be, 2 “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe. 3 Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae. 4 “ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o, 5 ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ” 6 Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem, 7 esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda. 8 Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe. 9 Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o. 10 Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo. 11 Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo. 12 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13 “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be, 14 ‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o. 15 Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. 16 Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo. 17 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã. 18 Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene. 19 Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la, 20 makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo. 21 “Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la. 22 Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”

In Other Versions

Jeremiah 34 in the ANGEFD

Jeremiah 34 in the ANTPNG2D

Jeremiah 34 in the AS21

Jeremiah 34 in the BAGH

Jeremiah 34 in the BBPNG

Jeremiah 34 in the BBT1E

Jeremiah 34 in the BDS

Jeremiah 34 in the BEV

Jeremiah 34 in the BHAD

Jeremiah 34 in the BIB

Jeremiah 34 in the BLPT

Jeremiah 34 in the BNT

Jeremiah 34 in the BNTABOOT

Jeremiah 34 in the BNTLV

Jeremiah 34 in the BOATCB

Jeremiah 34 in the BOATCB2

Jeremiah 34 in the BOBCV

Jeremiah 34 in the BOCNT

Jeremiah 34 in the BOGWICC

Jeremiah 34 in the BOHCB

Jeremiah 34 in the BOHCV

Jeremiah 34 in the BOHLNT

Jeremiah 34 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 34 in the BOICB

Jeremiah 34 in the BOILNTAP

Jeremiah 34 in the BOITCV

Jeremiah 34 in the BOKCV

Jeremiah 34 in the BOKCV2

Jeremiah 34 in the BOKHWOG

Jeremiah 34 in the BOKSSV

Jeremiah 34 in the BOLCB

Jeremiah 34 in the BOLCB2

Jeremiah 34 in the BOMCV

Jeremiah 34 in the BONAV

Jeremiah 34 in the BONCB

Jeremiah 34 in the BONLT

Jeremiah 34 in the BONUT2

Jeremiah 34 in the BOPLNT

Jeremiah 34 in the BOSCB

Jeremiah 34 in the BOSNC

Jeremiah 34 in the BOTLNT

Jeremiah 34 in the BOVCB

Jeremiah 34 in the BOYCB

Jeremiah 34 in the BPBB

Jeremiah 34 in the BPH

Jeremiah 34 in the BSB

Jeremiah 34 in the CCB

Jeremiah 34 in the CUV

Jeremiah 34 in the CUVS

Jeremiah 34 in the DBT

Jeremiah 34 in the DGDNT

Jeremiah 34 in the DHNT

Jeremiah 34 in the DNT

Jeremiah 34 in the ELBE

Jeremiah 34 in the EMTV

Jeremiah 34 in the ESV

Jeremiah 34 in the FBV

Jeremiah 34 in the FEB

Jeremiah 34 in the GGMNT

Jeremiah 34 in the GNT

Jeremiah 34 in the HARY

Jeremiah 34 in the HNT

Jeremiah 34 in the IRVA

Jeremiah 34 in the IRVB

Jeremiah 34 in the IRVG

Jeremiah 34 in the IRVH

Jeremiah 34 in the IRVK

Jeremiah 34 in the IRVM

Jeremiah 34 in the IRVM2

Jeremiah 34 in the IRVO

Jeremiah 34 in the IRVP

Jeremiah 34 in the IRVT

Jeremiah 34 in the IRVT2

Jeremiah 34 in the IRVU

Jeremiah 34 in the ISVN

Jeremiah 34 in the JSNT

Jeremiah 34 in the KAPI

Jeremiah 34 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 34 in the KBV

Jeremiah 34 in the KJV

Jeremiah 34 in the KNFD

Jeremiah 34 in the LBA

Jeremiah 34 in the LBLA

Jeremiah 34 in the LNT

Jeremiah 34 in the LSV

Jeremiah 34 in the MAAL

Jeremiah 34 in the MBV

Jeremiah 34 in the MBV2

Jeremiah 34 in the MHNT

Jeremiah 34 in the MKNFD

Jeremiah 34 in the MNG

Jeremiah 34 in the MNT

Jeremiah 34 in the MNT2

Jeremiah 34 in the MRS1T

Jeremiah 34 in the NAA

Jeremiah 34 in the NASB

Jeremiah 34 in the NBLA

Jeremiah 34 in the NBS

Jeremiah 34 in the NBVTP

Jeremiah 34 in the NET2

Jeremiah 34 in the NIV11

Jeremiah 34 in the NNT

Jeremiah 34 in the NNT2

Jeremiah 34 in the NNT3

Jeremiah 34 in the PDDPT

Jeremiah 34 in the PFNT

Jeremiah 34 in the RMNT

Jeremiah 34 in the SBIAS

Jeremiah 34 in the SBIBS

Jeremiah 34 in the SBIBS2

Jeremiah 34 in the SBICS

Jeremiah 34 in the SBIDS

Jeremiah 34 in the SBIGS

Jeremiah 34 in the SBIHS

Jeremiah 34 in the SBIIS

Jeremiah 34 in the SBIIS2

Jeremiah 34 in the SBIIS3

Jeremiah 34 in the SBIKS

Jeremiah 34 in the SBIKS2

Jeremiah 34 in the SBIMS

Jeremiah 34 in the SBIOS

Jeremiah 34 in the SBIPS

Jeremiah 34 in the SBISS

Jeremiah 34 in the SBITS

Jeremiah 34 in the SBITS2

Jeremiah 34 in the SBITS3

Jeremiah 34 in the SBITS4

Jeremiah 34 in the SBIUS

Jeremiah 34 in the SBIVS

Jeremiah 34 in the SBT

Jeremiah 34 in the SBT1E

Jeremiah 34 in the SCHL

Jeremiah 34 in the SNT

Jeremiah 34 in the SUSU

Jeremiah 34 in the SUSU2

Jeremiah 34 in the SYNO

Jeremiah 34 in the TBIAOTANT

Jeremiah 34 in the TBT1E

Jeremiah 34 in the TBT1E2

Jeremiah 34 in the TFTIP

Jeremiah 34 in the TFTU

Jeremiah 34 in the TGNTATF3T

Jeremiah 34 in the THAI

Jeremiah 34 in the TNFD

Jeremiah 34 in the TNT

Jeremiah 34 in the TNTIK

Jeremiah 34 in the TNTIL

Jeremiah 34 in the TNTIN

Jeremiah 34 in the TNTIP

Jeremiah 34 in the TNTIZ

Jeremiah 34 in the TOMA

Jeremiah 34 in the TTENT

Jeremiah 34 in the UBG

Jeremiah 34 in the UGV

Jeremiah 34 in the UGV2

Jeremiah 34 in the UGV3

Jeremiah 34 in the VBL

Jeremiah 34 in the VDCC

Jeremiah 34 in the YALU

Jeremiah 34 in the YAPE

Jeremiah 34 in the YBVTP

Jeremiah 34 in the ZBP