Jeremiah 38 (BOECS)

1 Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, 2 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’ 3 Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ” 4 Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.” 5 Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.” 6 Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me. 7 Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la, 8 Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, 9 “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.” 10 Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.” 11 Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. 12 Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema. 13 Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. 14 Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.” 15 Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.” 16 Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.” 17 Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe. 18 Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ” 19 Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.” 20 Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe. 21 Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: 22 ‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be:“ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò.Wò afɔ ɖo ba,eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’ 23 “Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.” 24 Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. 25 Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la, 26 ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ” 27 Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o. 28 Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la.Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:

In Other Versions

Jeremiah 38 in the ANGEFD

Jeremiah 38 in the ANTPNG2D

Jeremiah 38 in the AS21

Jeremiah 38 in the BAGH

Jeremiah 38 in the BBPNG

Jeremiah 38 in the BBT1E

Jeremiah 38 in the BDS

Jeremiah 38 in the BEV

Jeremiah 38 in the BHAD

Jeremiah 38 in the BIB

Jeremiah 38 in the BLPT

Jeremiah 38 in the BNT

Jeremiah 38 in the BNTABOOT

Jeremiah 38 in the BNTLV

Jeremiah 38 in the BOATCB

Jeremiah 38 in the BOATCB2

Jeremiah 38 in the BOBCV

Jeremiah 38 in the BOCNT

Jeremiah 38 in the BOGWICC

Jeremiah 38 in the BOHCB

Jeremiah 38 in the BOHCV

Jeremiah 38 in the BOHLNT

Jeremiah 38 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 38 in the BOICB

Jeremiah 38 in the BOILNTAP

Jeremiah 38 in the BOITCV

Jeremiah 38 in the BOKCV

Jeremiah 38 in the BOKCV2

Jeremiah 38 in the BOKHWOG

Jeremiah 38 in the BOKSSV

Jeremiah 38 in the BOLCB

Jeremiah 38 in the BOLCB2

Jeremiah 38 in the BOMCV

Jeremiah 38 in the BONAV

Jeremiah 38 in the BONCB

Jeremiah 38 in the BONLT

Jeremiah 38 in the BONUT2

Jeremiah 38 in the BOPLNT

Jeremiah 38 in the BOSCB

Jeremiah 38 in the BOSNC

Jeremiah 38 in the BOTLNT

Jeremiah 38 in the BOVCB

Jeremiah 38 in the BOYCB

Jeremiah 38 in the BPBB

Jeremiah 38 in the BPH

Jeremiah 38 in the BSB

Jeremiah 38 in the CCB

Jeremiah 38 in the CUV

Jeremiah 38 in the CUVS

Jeremiah 38 in the DBT

Jeremiah 38 in the DGDNT

Jeremiah 38 in the DHNT

Jeremiah 38 in the DNT

Jeremiah 38 in the ELBE

Jeremiah 38 in the EMTV

Jeremiah 38 in the ESV

Jeremiah 38 in the FBV

Jeremiah 38 in the FEB

Jeremiah 38 in the GGMNT

Jeremiah 38 in the GNT

Jeremiah 38 in the HARY

Jeremiah 38 in the HNT

Jeremiah 38 in the IRVA

Jeremiah 38 in the IRVB

Jeremiah 38 in the IRVG

Jeremiah 38 in the IRVH

Jeremiah 38 in the IRVK

Jeremiah 38 in the IRVM

Jeremiah 38 in the IRVM2

Jeremiah 38 in the IRVO

Jeremiah 38 in the IRVP

Jeremiah 38 in the IRVT

Jeremiah 38 in the IRVT2

Jeremiah 38 in the IRVU

Jeremiah 38 in the ISVN

Jeremiah 38 in the JSNT

Jeremiah 38 in the KAPI

Jeremiah 38 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 38 in the KBV

Jeremiah 38 in the KJV

Jeremiah 38 in the KNFD

Jeremiah 38 in the LBA

Jeremiah 38 in the LBLA

Jeremiah 38 in the LNT

Jeremiah 38 in the LSV

Jeremiah 38 in the MAAL

Jeremiah 38 in the MBV

Jeremiah 38 in the MBV2

Jeremiah 38 in the MHNT

Jeremiah 38 in the MKNFD

Jeremiah 38 in the MNG

Jeremiah 38 in the MNT

Jeremiah 38 in the MNT2

Jeremiah 38 in the MRS1T

Jeremiah 38 in the NAA

Jeremiah 38 in the NASB

Jeremiah 38 in the NBLA

Jeremiah 38 in the NBS

Jeremiah 38 in the NBVTP

Jeremiah 38 in the NET2

Jeremiah 38 in the NIV11

Jeremiah 38 in the NNT

Jeremiah 38 in the NNT2

Jeremiah 38 in the NNT3

Jeremiah 38 in the PDDPT

Jeremiah 38 in the PFNT

Jeremiah 38 in the RMNT

Jeremiah 38 in the SBIAS

Jeremiah 38 in the SBIBS

Jeremiah 38 in the SBIBS2

Jeremiah 38 in the SBICS

Jeremiah 38 in the SBIDS

Jeremiah 38 in the SBIGS

Jeremiah 38 in the SBIHS

Jeremiah 38 in the SBIIS

Jeremiah 38 in the SBIIS2

Jeremiah 38 in the SBIIS3

Jeremiah 38 in the SBIKS

Jeremiah 38 in the SBIKS2

Jeremiah 38 in the SBIMS

Jeremiah 38 in the SBIOS

Jeremiah 38 in the SBIPS

Jeremiah 38 in the SBISS

Jeremiah 38 in the SBITS

Jeremiah 38 in the SBITS2

Jeremiah 38 in the SBITS3

Jeremiah 38 in the SBITS4

Jeremiah 38 in the SBIUS

Jeremiah 38 in the SBIVS

Jeremiah 38 in the SBT

Jeremiah 38 in the SBT1E

Jeremiah 38 in the SCHL

Jeremiah 38 in the SNT

Jeremiah 38 in the SUSU

Jeremiah 38 in the SUSU2

Jeremiah 38 in the SYNO

Jeremiah 38 in the TBIAOTANT

Jeremiah 38 in the TBT1E

Jeremiah 38 in the TBT1E2

Jeremiah 38 in the TFTIP

Jeremiah 38 in the TFTU

Jeremiah 38 in the TGNTATF3T

Jeremiah 38 in the THAI

Jeremiah 38 in the TNFD

Jeremiah 38 in the TNT

Jeremiah 38 in the TNTIK

Jeremiah 38 in the TNTIL

Jeremiah 38 in the TNTIN

Jeremiah 38 in the TNTIP

Jeremiah 38 in the TNTIZ

Jeremiah 38 in the TOMA

Jeremiah 38 in the TTENT

Jeremiah 38 in the UBG

Jeremiah 38 in the UGV

Jeremiah 38 in the UGV2

Jeremiah 38 in the UGV3

Jeremiah 38 in the VBL

Jeremiah 38 in the VDCC

Jeremiah 38 in the YALU

Jeremiah 38 in the YAPE

Jeremiah 38 in the YBVTP

Jeremiah 38 in the ZBP