Joshua 22 (BOECS)

1 Azɔ la, Yosua yɔ Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to la ƒe afã la ƒo ƒui. 2 Egblɔ na wo be, “Miewɔ nu sia nu si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na mi be miawɔ, eye miewɔ nye sewo katã hã dzi. 3 Miegblẽ mia nɔvi Israelvi bubuawo ɖi kpɔ gbeɖe o togbɔ be aʋa la xɔ ɣeyiɣi didi aɖe alea hã. 4 Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ. 5 Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.” 6 Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi. 7 Mose tsɔ anyigba na Manase ƒe to afã la ɖe Basan, eye Yosua na anyigba to la ƒe afã la ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi kple wo nɔviŋutsuwo. Esi Yosua ɖo wo ɖe aƒe me la, edo mɔ wo kple yayranya siawo 8 be: “Migbugbɔ yi míaƒe aƒewo me kple miaƒe kesinɔnu gbogboawo, lãha gãwo, klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ kple nudodo gbogboawo, eye mima afunyinu siwo mieha le míaƒe futɔwo si la kple mia nɔviŋutsuwo.” 9 Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead. 10 Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ. 11 Ke esi Israelvi bubuawo se nu si wowɔ la, 12 woƒo ƒu aʋawɔla aɖewo nu le Silo be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔvi Israel ƒe to eve kple afã ma me tɔwo. 13 Gbã la, Israelviwo na Finehas, nunɔla Eleazar ƒe vi, kplɔ ame dɔdɔ aɖewo tso tɔsisi la, eye woƒo nu kple wo nɔvi Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la. 14 Ame dɔdɔawo nye Israel ƒe amegãwo; ame ɖeka tso to ewoawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye hlɔ̃ aɖe ƒe kplɔla. 15 Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena, 16 “Yehowa ƒe ameha blibo la di be yeanya nu si ta miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le eyome hetu vɔsamlekpui, eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu. 17 “Ɖe nu vɔ̃ si míewɔ le Peor mesɔ gbɔ na mi oa? Míekɔ mía ɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ ma ŋu haɖe va se ɖe egbe o, togbɔ be dɔvɔ̃ va dze Yehowa ƒe amewo dzi hã. 18 Ɖe miegale tɔtrɔm le Yehowa yome xoxoa? Elabena mienya be ne yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe la, ado dɔmedzoe ɖe mí katã ŋu etsɔ si gbɔna. 19 Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o. 20 Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?” 21 Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã ɖo eŋu na Israelviwo ƒe tatɔwo be, 22 “Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o! 23 Ne míeda le Yehowa ƒe se dzi, eye míetu míawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpui be míasa numevɔ alo nuɖuvɔ loo alo ŋutifafavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nahe to na mí. 24 Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la? 25 Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, 26 eya tae míetu vɔsamlekpui aɖe, menye hena numevɔsawo alo akpedavɔsawo o, 27 ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’ 28 Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’ 29 “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.” 30 Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ. 31 Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!” 32 Finehas kple ame dɔdɔ ewoawo trɔ yi Israelvi bubuawo gbɔ, eye woɖe nu si dzɔ la me na wo. 33 Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o. 34 Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”

In Other Versions

Joshua 22 in the ANGEFD

Joshua 22 in the ANTPNG2D

Joshua 22 in the AS21

Joshua 22 in the BAGH

Joshua 22 in the BBPNG

Joshua 22 in the BBT1E

Joshua 22 in the BDS

Joshua 22 in the BEV

Joshua 22 in the BHAD

Joshua 22 in the BIB

Joshua 22 in the BLPT

Joshua 22 in the BNT

Joshua 22 in the BNTABOOT

Joshua 22 in the BNTLV

Joshua 22 in the BOATCB

Joshua 22 in the BOATCB2

Joshua 22 in the BOBCV

Joshua 22 in the BOCNT

Joshua 22 in the BOGWICC

Joshua 22 in the BOHCB

Joshua 22 in the BOHCV

Joshua 22 in the BOHLNT

Joshua 22 in the BOHNTLTAL

Joshua 22 in the BOICB

Joshua 22 in the BOILNTAP

Joshua 22 in the BOITCV

Joshua 22 in the BOKCV

Joshua 22 in the BOKCV2

Joshua 22 in the BOKHWOG

Joshua 22 in the BOKSSV

Joshua 22 in the BOLCB

Joshua 22 in the BOLCB2

Joshua 22 in the BOMCV

Joshua 22 in the BONAV

Joshua 22 in the BONCB

Joshua 22 in the BONLT

Joshua 22 in the BONUT2

Joshua 22 in the BOPLNT

Joshua 22 in the BOSCB

Joshua 22 in the BOSNC

Joshua 22 in the BOTLNT

Joshua 22 in the BOVCB

Joshua 22 in the BOYCB

Joshua 22 in the BPBB

Joshua 22 in the BPH

Joshua 22 in the BSB

Joshua 22 in the CCB

Joshua 22 in the CUV

Joshua 22 in the CUVS

Joshua 22 in the DBT

Joshua 22 in the DGDNT

Joshua 22 in the DHNT

Joshua 22 in the DNT

Joshua 22 in the ELBE

Joshua 22 in the EMTV

Joshua 22 in the ESV

Joshua 22 in the FBV

Joshua 22 in the FEB

Joshua 22 in the GGMNT

Joshua 22 in the GNT

Joshua 22 in the HARY

Joshua 22 in the HNT

Joshua 22 in the IRVA

Joshua 22 in the IRVB

Joshua 22 in the IRVG

Joshua 22 in the IRVH

Joshua 22 in the IRVK

Joshua 22 in the IRVM

Joshua 22 in the IRVM2

Joshua 22 in the IRVO

Joshua 22 in the IRVP

Joshua 22 in the IRVT

Joshua 22 in the IRVT2

Joshua 22 in the IRVU

Joshua 22 in the ISVN

Joshua 22 in the JSNT

Joshua 22 in the KAPI

Joshua 22 in the KBT1ETNIK

Joshua 22 in the KBV

Joshua 22 in the KJV

Joshua 22 in the KNFD

Joshua 22 in the LBA

Joshua 22 in the LBLA

Joshua 22 in the LNT

Joshua 22 in the LSV

Joshua 22 in the MAAL

Joshua 22 in the MBV

Joshua 22 in the MBV2

Joshua 22 in the MHNT

Joshua 22 in the MKNFD

Joshua 22 in the MNG

Joshua 22 in the MNT

Joshua 22 in the MNT2

Joshua 22 in the MRS1T

Joshua 22 in the NAA

Joshua 22 in the NASB

Joshua 22 in the NBLA

Joshua 22 in the NBS

Joshua 22 in the NBVTP

Joshua 22 in the NET2

Joshua 22 in the NIV11

Joshua 22 in the NNT

Joshua 22 in the NNT2

Joshua 22 in the NNT3

Joshua 22 in the PDDPT

Joshua 22 in the PFNT

Joshua 22 in the RMNT

Joshua 22 in the SBIAS

Joshua 22 in the SBIBS

Joshua 22 in the SBIBS2

Joshua 22 in the SBICS

Joshua 22 in the SBIDS

Joshua 22 in the SBIGS

Joshua 22 in the SBIHS

Joshua 22 in the SBIIS

Joshua 22 in the SBIIS2

Joshua 22 in the SBIIS3

Joshua 22 in the SBIKS

Joshua 22 in the SBIKS2

Joshua 22 in the SBIMS

Joshua 22 in the SBIOS

Joshua 22 in the SBIPS

Joshua 22 in the SBISS

Joshua 22 in the SBITS

Joshua 22 in the SBITS2

Joshua 22 in the SBITS3

Joshua 22 in the SBITS4

Joshua 22 in the SBIUS

Joshua 22 in the SBIVS

Joshua 22 in the SBT

Joshua 22 in the SBT1E

Joshua 22 in the SCHL

Joshua 22 in the SNT

Joshua 22 in the SUSU

Joshua 22 in the SUSU2

Joshua 22 in the SYNO

Joshua 22 in the TBIAOTANT

Joshua 22 in the TBT1E

Joshua 22 in the TBT1E2

Joshua 22 in the TFTIP

Joshua 22 in the TFTU

Joshua 22 in the TGNTATF3T

Joshua 22 in the THAI

Joshua 22 in the TNFD

Joshua 22 in the TNT

Joshua 22 in the TNTIK

Joshua 22 in the TNTIL

Joshua 22 in the TNTIN

Joshua 22 in the TNTIP

Joshua 22 in the TNTIZ

Joshua 22 in the TOMA

Joshua 22 in the TTENT

Joshua 22 in the UBG

Joshua 22 in the UGV

Joshua 22 in the UGV2

Joshua 22 in the UGV3

Joshua 22 in the VBL

Joshua 22 in the VDCC

Joshua 22 in the YALU

Joshua 22 in the YAPE

Joshua 22 in the YBVTP

Joshua 22 in the ZBP